bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Mark 4
Mark 4
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 3
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 5 →
1
Yesu gadze nufiafia gɔme le ƒua ta, eye ameha gã aɖe ƒo ƒu ɖe eŋu. Ege ɖe tɔdziʋu me hebɔbɔ nɔ eme le ƒua dzi, eye ameha blibo la nɔ ƒua nu.
2
Efia nu geɖe wo le lododowo me. Le eƒe nufiafia me la, egblɔ na wo be:
3
“Misee ɖa! Nukuwula aɖe yi nuku wu ge.
4
Esi wòle ewum la, ɖewo ge ɖe mɔ to, eye xeviwo va fɔ wo mi.
5
Ɖe hã ge ɖe kpenyigba dzi, teƒe si anyi mesɔ gbɔ le o. Esi nukua mede to nyuie o ta la, emie kaba.
6
Ŋdɔ va ʋu, eye esi ŋdɔkutsu ɖui la, eyrɔ, hefiã, elabe eƒe ke mede to o.
7
Bubuwo ge ɖe ŋuwo me. Esi wotsi gbɔna la, ŋuawo vu tsyɔ wo dzi, eye wometse ku o.
8
Nukua ƒe ɖewo ge ɖe anyigba nyui dzi. Woawo mie, tsi, hetse ku; ɖewo tse teƒe bla etɔ̃, ɖewo tse teƒe bla ade, eye ɖewo hã tse teƒe alafa.”
9
Ewu enu kple nya siawo be: “Ame si to senu li na la, nesee!”
10
Esi wòsusɔ eya ɖeka ɖi la, ame siwo nɔ eyome kple ame wui eveawo bia lododoa gɔmee.
11
Egblɔ na wo be: “Woɖe nu si gɔme mekɔ ƒãa le Mawu ƒe fiaɖuɖu ŋuti o la, fia miawo, ke ame siwo le egodo ya la nu sia nu le lododo me na wo,
12
ale be: “Woakpɔ nu, agakpɔe ake, gake womadze sii o. Woase nu, agasee ake, gake womase egɔme o. Ne wodze sii alo se egɔme la, woava trɔ dzime, eye woatsɔ woƒe nuvɔ̃ ake wo.”
13
Yesu bia wo be: “Miese lododo sia gɔme oa? Ekema ale ke miawɔ ate ŋu ase lododo bubuawo katã gɔmee?
14
Nukuwula le Mawu ƒe nya la wum.
15
Esiwo le mɔ to la nye nya si wowu, eye ne amewo see ko la, enumake Abosam vana, eye wòɖea nya si wowu ɖe wo me la dzonɛ.
16
Nenema kee nye esiwo wowu ɖe kpenyigba dzi la hã; woawoe nye ame siwo ne wose nyaa la, woxɔnɛ enumake kple dzidzɔ,
17
gake kè mele wo te o, eye wonɔa anyi ʋɛ ko; ne fukpekpe alo yometiti va ɖe nya la ta ko la, ezua nuɖiaɖia na wo enumake.
18
Bubu siwo ge ɖe ŋuwo dome la, woawoe nye ame siwo sea nya la,
19
gake gbe sia gbe ƒe hloloetsotso kple kesinɔnuwo ƒe amebeble kpakple nudzroame bubuwo gena ɖe wo me, hevuna tsyɔa nya la dzi, eye wòtsia anyi kumatsee.
20
Nuku, siwo wowu ɖe anyigba nyui dzi la, woawoe nye ame siwo sea nya la, eye woxɔnɛ, hetsea ku; ɖewo teƒe bla etɔ̃, ɖewo teƒe bla ade, ɖewo teƒe alafa.”
21
Yesu bia wo be: “Ne wosi akaɖi la, ɖe wotsyɔa nu edzia? Alo ɖe wodanɛ ɖe abati tea? Menye akaɖiti dzi wodanɛ ɖo oa?
22
Ne woɣla nane la, ɖe wòle ɣaɣla be woava aɖee afia, eye ne wotsyɔ nu nane dzi la, ɖe wòle nenema bene woava afɔ nu le edzi.
23
Ne to senu li na ame aɖe la, nesee!”
24
Egagblɔ na wo be: “Milé to ɖe nya siwo sem miele la ŋu nyuie. Nudzidzenu si mietsɔ dzidze nu na amewo la, eya ke woatsɔ adzidze nui na miawo hã, agade edzi na mi hã akpee.
25
Elabe ame si si nu le la woaganae ɖe edzi. Ke ame si si sue aɖe ko le la, sue ma hã woagaxɔe le esi.”
26
Yesu gblɔ be: “Mawu ƒe fiaɖuɖu le abe ale si ame wua nuku ɖe agble me la ene.
27
Ne zã do la, amea dɔa alɔ̃, ne ŋu ke la, efɔna; ke menya ale si nukua wɔna miena hetsina o.
28
Anyigba ŋutɔ nana be nu tsea ku le eɖokui si. Gbã la aŋgbawo dona, emegbe la, eƒoa se, eye eya megbe la, etsea ku blibo la.
29
Gake ne kutsetsea tsi ko la, agbledela la tsɔa nuŋehɛ ɖe eŋu, elabe nuŋeɣi ɖo vɔ.”
30
Yesu gagblɔ be: “Nu ka ŋu míate ŋu atsɔ Mawu ƒe fiaɖuɖu asɔ ɖo? Alo lododo ka míatsɔ aƒo nui le eŋuti?
31
Ele abe atiku sue aɖe ene. Hafi woaƒãe ɖe to me la, eyae nye suetɔ wu le atikuwo katã dome le anyigba dzi.
32
Gake ne woƒãe la, etsina eye wòva lolona wua ati bubuawo katã. Eɖea alɔ gãwo, ale be xeviwo te ŋu nɔa eƒe vɔvɔli te.”
33
Zi ale si amewo le klalo be yewoaɖo toe ko la, Yesu gblɔa nya la na wo to lododo sia ƒomevi geɖewo me.
34
Lododowo me ko wògblɔa nya na amewo le; ke ne eya kple eƒe nusrɔ̃lawo ɖeɖe li la, eɖea nuwo katã gɔme na wo.
35
Le ŋkeke ma ke ƒe fiẽ me la, Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Mina míayi go kemɛ dzi.”
36
Eganɔ tɔdziʋua me ke abe tsã ene, eye wokui dzoe le ameha la gbɔ. Tɔdziʋu bubuwo hã yi kplii.
37
Ahom gã aɖe va tu, eye ƒutsotsoewo le ŋeŋém ɖe ʋu la me ale be tsi be yeayɔ ʋua.
38
Yesu ŋutɔ le ʋua gɔme lɔƒo, ziɔ suɖui, nɔ alɔ̃ dɔm. Wonyɔe hebiae be: “Nufiala, meka wò be míeku vɔ oa?”
39
Yesu nyɔ, eye wòblu ɖe ya la ta hegblɔ be: “Wɔ blewuu!” Azɔ egblɔ na ƒu la be: “Dze kɔ anyi!” Yaƒoƒo la dzudzɔ, eye ɖoɖoe zi toŋ.
40
Ebia wo be: “Nu ka ta mievɔ̃ alea? Ale ke wɔ miexɔ se o?”
41
Vɔvɔ̃ ɖo wo ŋutɔ, eye wobia wo nɔewo se be: “Ame ka gɔ̃e nye esia, si ya kple ƒu gɔ̃ hã ɖoa toe?”
← Chapter 3
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 5 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16