bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Mark 14
Mark 14
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 13
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 15 →
1
Azɔ esusɔ ŋkeke eve ne Ŋutitoto kple Abolo Maʋamaʋã Ŋkeke Nyui la naɖo. Nunɔlagãwo kple agbalẽfialawo le mɔnu dim, ale si woawɔ alé Yesu le adzame, awu.
2
Wogblɔ be: “Manɔ ŋkekenyui la dzi o, ne menye nenem o la, zi atɔ le dukɔ la me.”
3
Esi Yesu le Betania le Simon kpodɔlela la ƒeme le nu ɖum la, nyɔnu aɖe tsɔ amigoe si wotsɔ kpe tɔxɛ wɔe, eye ami ʋeʋẽe nyui si xɔ asi ŋutɔ la le eme la ɖe asi vɛ. Nyɔnua gbã amigoe blibo la, eye wòtrɔ ami la kɔ ɖe tame na Yesu.
4
Ke ameawo dometɔ aɖewo do dɔmedzoe gblɔ le wo ɖokui me be: “Nu ka ta wogblẽ ami xɔasi sia ale?
5
Woate ŋu adzra ami ʋeʋẽe sia klosaloga alafa etɔ̃ kple edzivɔwo, eye woatsɔ ga la ana ame dahewo.” Wodo dɔmedzoe ɖe nyɔnua ŋu heka mo nɛ.
6
Ke Yesu gblɔ be: “Miɖe asi le eŋu. Nu ka ta miele fu ɖem nɛ? Nu dzeame ŋutɔ wònye wòwɔ nam.
7
Ame dahewo le mia gbɔ ɖaa; miate ŋu awɔ dɔmenyo na wo ɣe sia ɣi si mielɔ̃. Ke nye la, nyemanɔ mia gbɔ ɖaa o.
8
Ewɔ eƒe ŋutete. Edo ŋgɔ va si ami na nye ŋutilã hena ɖiɖi.
9
Mele egblɔm na mi le nyateƒe me, be xexeme ƒe afi sia afi si woaɖe gbeƒã Nyanyui la le la, woaƒo nu le nu si nyɔnu sia wɔ la hã ŋuti atsɔ aɖo ŋku edzii.”
10
Yuda Iskariot, ame si nye ame wui eveawo dometɔ ɖeka la, ti nunɔlagãwo yii be yeade Yesu asi na wo.
11
Esi woamawo se nyaa la, dzi dzɔ wo, eye wodo ŋugbe nɛ be yewoana gae. Ale Yuda le mɔnu dim ne yeadee asi.
12
Le Abolo Maʋamaʋã Ŋkeke Nyui la ɖuɣi, ŋkeke gbãtɔ, si dzi wowua Paskalẽvi la le la, Yesu ƒe nusrɔ̃lawo biae be: “Afi ka nèdi be míadzra ɖo na wò be nàɖu Paska la le?”
13
Tete Yesu dɔ eƒe nusrɔ̃lawo dometɔ eve, gblɔ na wo be: “Miyi ɖe dua me; ame aɖe si tsɔ tɔmedeze la ado go mi;
14
midze eyome. Migblɔ na aƒetɔ si ƒe aƒeme wòage ɖo la be: ‘Nufiala be míabia be: Afi ka amedzroxɔ si me nye kple nye nusrɔ̃lawo míaɖu Paska la le la le?’
15
Eya afia xɔ gã aɖe, si me woɖo nuwo ɖo xoxo la mi, le dziƒoxɔ dzi. Midzra afi ma ɖo na nuɖuɖua.”
16
Nusrɔ̃laawo dze mɔ yi ɖe dua me. Wokpɔe pɛpɛpɛ abe ale si Yesu gblɔ na wo la ene, eye wodzra ɖo na Paska la.
17
Esi fiẽsi ɖo la, eya kple ame wui eveawo va afi ma.
18
Esi wole nua ɖum la, Yesu gblɔ be: “Nyateƒe tom mele na mi be mia dometɔ ɖeka si le nu ɖum kplim la ladem asi.”
19
Wode asi nuxaxa me hele ebiam ɖekaɖeka be: “Nyeea?”
20
Yesu gblɔ na wo be: “Mi ame wui eveawo dometɔ ɖekae. Amea le asi dem agba me kplim.
21
Amegbetɔ Vi la aku godoo, abe ale si woŋlɔe ɖi le eŋuti la ene; gake baba na ame si adee asi la. Ne ɖe womegaxae dzi o la, anye ne enyo nɛ wu.”
22
Esi wole nua ɖum la, Yesu tsɔ abolo, eye esi wòda akpe ɖe eta la, ekae eye wòtsɔe na nusrɔ̃laawo gblɔ be: “Mixɔe ɖu, esia nye nye ŋutilã.”
23
Etsɔ wainkplu, eye esi wòda akpe to gbedodoɖa me ɖe eta la, etsɔe na wo eye wo katã wono wain le enu.
24
Egblɔ na wo be: “Nye nubabla ƒe ʋu, si le kɔkɔ ge ɖe anyi ɖe ame geɖewo ta hena nuvɔ̃wo tsɔtsɔke.
25
Mele egblɔm na mi le nyateƒe me be nyemagano wain aɖeke va se ɖe gbe si gbe maganoe le mawufiaɖuƒe la me o.”
26
Esi wodzi akpedaha vɔ la, wodo go yi Amito la dzi.
27
Yesu gblɔ na wo be: “Mi katã miele nuɖiaɖia kpɔ ge le ŋunye étò ƒe zã sia me. Elabe woŋlɔe ɖi be: ‘Mele alẽkplɔla la wu ge eye aleãwo katã laka ahlẽ.’
28
Gake ne wofɔm ɖe tsitre agbagbee la, madze mia ŋgɔ ayi ɖe Galilea.”
29
Petro xɔ edzi be: “Ne ame sia ame akpɔ nuɖiaɖia le ŋuwò hã la, nye ya nyemade megbe le ŋuwò o.”
30
Yesu gblɔ nɛ be: “Mele egblɔm na wò le nyateƒe me be le zã sia me, hafi koklo naku atɔ zi eve la, àgbe nu le gbɔnye zigbɔzi etɔ̃.”
31
Ke Petro gate gbe ɖe edzi vevie wu be: “Ne ahiã be maku kpli wò gɔ̃ hã la, nyemagbe nu le gbɔwò akpɔ o.” Nusrɔ̃laawo katã hã gblɔ nenema ke.
32
Wova ɖo teƒe aɖe si ŋkɔe nye Getsemane. Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Mibɔbɔ nɔ afii ne maɖado gbe ɖa.”
33
Ekplɔ Petro, Yakobo kple Yohanes kpe ɖe eɖokui ŋu. Dzidzi ƒoe, eye wòde asi dzodzo me nyanyanya.
34
Egblɔ na wo be: “Nuxaxa yɔ nye ame blibo la me ale gbegbe be mebe maku gɔ̃. Minɔ afii eye minɔ ŋudzɔ.”
35
Esi wòzɔ yi ŋgɔ ʋɛ la, edze klo tsyɔ mo anyi, eye wòdo gbe ɖa be, ne anɔ bɔbɔe la, fukpekpe ɣeyiɣi sia nato ye ŋu ayi.
36
Egblɔ be: “Tɔ́nye lɔlɔ̃tɔ, àte ŋu awɔ nu sia nu; ɖe fukpekpekplu sia ɖa tso gbɔnye; ke menye nu si nye ŋutɔ medi la o, ke boŋ nu si wò nèlɔ̃ la neva eme.”
37
Etrɔ va tu nusrɔ̃la etɔ̃awo wole alɔ̃ dɔm, eye wògblɔ na Petro be: “Simon, alɔ̃ dɔm nèlea? Mète ŋu nɔ ŋudzɔ gaƒoƒo ɖeka hɔ̃ hã oa?
38
Minɔ ŋudzɔ, eye mido gbe ɖa be miagadze tetekpɔ me o. Gbɔgbɔ la le klalo, gake ŋutilã la ya gbɔdzɔ.”
39
Yesu gadzo yi ɖado gbe ɖa hegblɔ nya mawo ke.
40
Esi wògatrɔ va la, egakpɔ wo le alɔ̃ me elabe alɔ̃ bla woƒe ŋkuwo, eye womenya ale si woaɖe wo ɖokui nu o.
41
Eva zi etɔ̃lia gblɔ na wo be: “Alɔ̃dɔdɔ dzi ko miegale le gbɔgbɔm ɖe emea? Esɔ gbɔ. Ɣeyiɣia de. Kpɔ ɖa, woade Amegbetɔ Vi la asi na nuvɔ̃wɔlawo.
42
Mifɔ, mina míadzo! Kpɔ ɖa, ame si le yonyeme mɔ fiam la gogo!”
43
Mekpɔ ɖe nu le nya la me hafi Yuda, ame si nye ame wui eveawo dometɔ ɖeka la va do o. Ameha, si nunɔlagãwo kple agbalẽfialawo kpakple dumegãwo di kpe ɖe eŋu la le eyome; wotsɔ yi kple kpo ɖe asi.
44
Ame si dee asi la ɖo dzesi aɖe da ɖi na ameawo be: “Ame si ƒe nu magbugbɔ lae nye ame la; milée, mikplɔe yii eye miaƒe ŋku nanɔ eŋu.”
45
Esi Yuda va ɖo la, ete ɖe Yesu ŋu enumake gblɔ be: “Nufiala!” eye wògbugbɔ nu nɛ.
46
Ameawo ƒe asi su edzi eye wolée.
47
Ke ame siwo tsi tsitre ɖe afi ma la dometɔ ɖeka ɖe eƒe yi le aku me hedzá nunɔlagã ƒe dɔla, eye wòkpa to nɛ.
48
Yesu gblɔ na amehaawo be: “Ŋunyee mietso ɖo kple yi kple kpo be yewoava lé abe adzodala enea?
49
Gbe sia gbe menɔ mia dome, fia nu le mawuxɔa me, gake mielém kpɔ o. Esia dzɔ bene nya si woŋlɔ ɖi la nava eme.”
50
Tete eƒe nusrɔ̃lawo katã gblẽe ɖi hesí dzo.
51
Ɖekakpui aɖe si ta aklalanyimlɔvɔ ɖeɖe ko la dze Yesu yome.
52
Ameawo dze edzi be yewoalée; ke egblẽ avɔ la ɖe elélawo si me hesí dzo amamae.
53
Wokplɔ Yesu yi ɖe nunɔlagã la gbɔ, eye nunɔlagãwo, dumegãwo kple agbalẽfialawo katã va ɖi anyi.
54
Petro le eyome ʋĩi heva keke nunɔlagã la ƒe akpata me. Ebɔbɔ nɔ dɔlawo dome nɔ dzo ƒum.
55
Nunɔlagãwo kple ʋɔnudrɔ̃lawo katã di ɖaseɖiɖi si woatsɔ atso Yesu nu bene woatso kufia nɛ, ke womekpɔ ɖeke o.
56
Ame geɖewo ɖi aʋatsoɖase le eŋuti, ke wo dometɔ aɖeke ƒe ɖaseɖiɖi mesɔ kple nɔvia tɔ o.
57
Ame aɖewo tsi tsitre heɖi aʋatsoɖase gblɔ le Yesu ŋu be:
58
“Míese wògblɔ be: ‘Magbã mawuxɔ sia, si wotu kple asi la, eye matsɔ ŋkeke etɔ̃ atu bubu asi manɔmee.’ ”
59
Ke ame siawo hã ƒe ɖaseɖiɖi mesɔ ɖe wo nɔewo tɔ dzi o.
60
Nunɔlagã la tso ɖe tsitrenu le ameha la dome hebia Yesu be: “Nya si ame siawo tsɔ ɖe ŋuwò ɖe, màɖe ɖokuiwò nu oa?”
61
Ke Yesu zi kpi; meɖo nya aɖeke ŋu o. Nunɔlagã la gabiae be: “Wòe nye Kristo, Yayratɔ la Via?”
62
Yesu ɖo eŋu be: “Nyee. Miakpɔ Amegbetɔ Vi la wòabɔbɔ nɔ Ŋusẽtɔ la ƒe ɖusime. Miakpɔe wòagbɔna le dziƒolilikpowo me.”
63
Tete nunɔlagã la dze eƒe awu dɔmedzoetɔe hebia be: “Ɖasefo aɖe gahiã le nya sia mea?
64
Miese eƒe busunya la. Nu kae nye miaƒe susu?” Ameawo katã bu fɔe gblɔ be edze na ku.
65
Ame aɖewo de asi taɖeɖe me ɖe eŋu, ɖewo tsyɔ nu mo nɛ, eye wotu kɔe hebiae be: “Ame kae ƒo wò? Yɔe na mí!” Dzɔlawo hã ya asi ɖee.
66
Ɣe ma ɣi la Petro nɔ akpata me le mɔ́ la me. Nunɔlagã la ƒe nyɔnudɔlawo dometɔ ɖeka va afi ma.
67
Esi wòkpɔ Petro wòle dzo ƒum la, elé ŋku ɖe eŋu dũu hegblɔ be: “Wò hã ènɔ Yesu Nazaretetɔ la gbɔ.”
68
Ke Petro sẽ nu gblɔ be: “Nyemenya naneke le nya si gblɔm nèle la ŋu o, eye nyemese egɔme hã o.” Edo go yi ɖe akpata la ƒe agbo nu lɔƒo.
69
Nyɔnudɔla la gakpɔe, eye wògade asi gbɔgblɔ me na ame siwo le tsitre ɖe afi ma la be: “Wo dometɔ ɖekae nye ame sia.”
70
Ke Petro gasẽ nu ake. Eteƒe medidi o, nukpɔla siwo tsi tsitre ɖe afi ma la gblɔ na Petro be: “Nyateƒe, wo dometɔ ɖeka nènye vavã, elabe Galileatɔ wò hã nènye.”
71
Ke ede asi fiƒodenyawo gbɔgblɔ me heka atam ƒu edzi gblɔ be: “Ne menya ŋutsu sia, si ƒe nya gblɔm miele la fĩi!”
72
Enumake koklo ku atɔ zi evelia. Petro ɖo ŋku nya si Yesu gblɔ nɛ be: “Hafi koklo naku atɔ zi eve la, àgbe nu le gbɔnye zigbɔzi etɔ̃” la dzi. Esi wòva eɖokui me la, ewó avi.
← Chapter 13
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 15 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16