bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Mark 7
Mark 7
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 6
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 8 →
1
Farisitɔ kple agbalẽfiala aɖewo, siwo tso Yerusalem la ƒo ƒu ɖe Yesu gbɔ.
2
Wokpɔ be eƒe nusrɔ̃la aɖewo ɖua nu asi maklɔmaklɔe, si gɔmee nye be womeklɔa asi ɖe kɔnu nu o.
3
Enye kɔnu na Farisitɔwo kple Yudatɔwo katã be woaklɔ wo ɖokui ŋuti nyuie hafi aɖu nu. Woléa fɔ ɖe blematɔwo ƒe kɔnyinyiwo ŋuti pɛpɛpɛ. Ne wotso asi me gbɔ,
4
eye womele tsi o la, womeɖua nu o. Nenema ke kɔnyinyi bubu geɖewo hã gali, siwo me wolé ɖe asi le kpluwo, nuɖanuwo, ganuwo [kple abatiwo] kɔklɔ ŋuti.
5
Ale Farisitɔ kple agbalẽfiala siawo biae be: “Nu ka ta wò nusrɔ̃lawo ya mezɔna ɖe mía tɔgbuiwo ƒe kɔnyinyi nu o, ke boŋ woɖua nu kple asi ƒoɖi?”
6
Yesu ɖo eŋu na wo be: “Yesaya ƒe nya, si wògblɔ le mi alakpatɔ siawo ŋuti la le eme vavã. Woŋlɔe ɖi be: ‘Dukɔ sia le subɔyem kple numenya viviwo ko, ke woƒe dzi ya te ɖa xaa tso gbɔnye.
7
Wole subɔyem dzodzro, elabe wole amegbetɔwo ƒe sededewo fiam ɖe Mawu tɔ teƒe.’
8
Mieɖe asi le Mawu ƒe se la ŋu, eye mielé amegbetɔwo ƒe kɔnyinyiwo ya me ɖe asi sesĩe.”
9
Egagblɔ hã be: “Mieto ayemɔ dzi, ɖe Mawu ƒe se la ɖa dzaa, be miawɔ ɖe miawo ŋutɔ miaƒe kɔnyinyi dzi.
10
Le kpɔɖeŋu me, esi Mose de se be: ‘Bu tɔ́wò kple nɔwò’, eye wògagblɔ hã be: ‘Ame si ke gblɔ nya vɔ̃ ɖe tɔ́a alo nɔa ŋuti la wonewui’ la,
11
miawo ya miebe, ne ame aɖe agblɔ na edzilawo be: ‘Nunana si matsɔ na mi, alo viɖe si miakpɔ tso gbɔnye hafi la, zu vɔsanu na Mawu la,
12
ekema megahiã be wòawɔ naneke na edzilawo o.’
13
Ale miewɔ be Mawu ƒe nya wòɖi gbɔlo to miaƒe kɔnyinyi si miefiana la me. Miewɔa nu bubu geɖe, siwo ɖi esiawo tɔgbe.”
14
Yesu gayɔ ameha la va eɖokui gbɔ, eye wògblɔ na wo be: “Mi katã miɖo tom ne miase nu gɔme be
15
naneke meli atso gota, age ɖe ame me, si ate ŋu aƒo ɖii o, ke boŋ nu siwo le go dom tso ame me la, woawoe ƒoa ɖii. [
16
Ame si to senu li na la, nesee. ]
17
Esi wòdzo le ameha la gbɔ yi aƒeme la, eƒe nusrɔ̃lawo bia lododo la gɔmee.
18
Eɖo eŋu na wo be: “Ame masenugɔmewo miawo hã mienyea? Ɖe miedze sii be nu sia nu si tsoa gota yina ɖe ame me la, mate ŋu aƒo ɖii oa?
19
Elabe menye ame ƒe dzimee wògena ɖo o, ke boŋ eƒe dɔmee wòyina, eye wòdenɛ le nugodo.” Yesu fia le esia me be nuɖuɖuwo katã ŋu kɔ.
20
Egblɔ be: “Nu si doa go tso ame me lae ƒoa ɖi ame.
21
Elabe ame ƒe dzime kee susu vɔ̃wo doa go tsona: matrewɔwɔ, fififi, amewuwu,
22
ahasiwɔwɔ, ŋubiabiã, nuvɔ̃ɖi wɔwɔ, amebeble, hadzedze, ŋuʋaʋã, busubɔbɔ, dàda kple movidzɔdzɔ.
23
Nu vɔ̃ɖi siawo katã doa go tso ame me, eye woawoe ƒoa ɖi ame.”
24
Yesu dzo le afi ma yi ɖe Tiro-nutowo me. Eyi ɖe aƒe aɖe me, eye medi be ame aɖeke nanya o. Ke mete ŋu ɣla eɖokui o.
25
Nyɔnu aɖe, si vinyɔnuvi me gbɔgbɔ makɔmakɔ le la se eŋkɔ, eye wòtii vɛ enumake hedze klo ɖe eƒe afɔnu.
26
Nyɔnu sia nye Helatɔ, si nye Sirofoinike vidzidzia. Eɖe kuku nɛ, be wòanyà gbɔgbɔ vɔ̃ la ado go tso ye vinyɔnuvi la me.
27
Yesu gblɔ nɛ be: “Na ɖeviwo naɖi ƒo gbɔ, elabe medze be woatsɔ ɖeviwo ƒe nuɖuɖu aƒu gbe na avuwo o.”
28
Nyɔnu la ɖo eŋu nɛ be: “Amegã, ele nenema baa. Gake avu siwo le nuɖukplɔ̃ te la hã ɖua ɖeviwo ƒe nuɖuɖu siwo duduna la ya faa ɖe!”
29
Yesu gblɔ nɛ be: “Le wò nya sia ta la, heyi. Gbɔgbɔ vɔ̃ la do go le viwò nyɔnuvi la me.”
30
Nyɔnua yi aƒeme, eye wòkpɔ ɖevia wòmlɔ anyi ɖe aba dzi, gbɔgbɔ vɔ̃ la do le eme.
31
Yesu trɔ tso Tiro-nutoawo me yi ɖato Sidon kple Dutaewoawo ƒe nutome, hedo ɖe Galilea-ƒuta.
32
Tete wotsɔ ame aɖe si nye tokunɔ, eye wòkɔkɔna la va egbɔ, eye woɖe kuku nɛ be wòada asi ɖe edzi.
33
Yesu ɖe kpɔ ŋutsua tso ameha la gbɔ, tsɔ eƒe asibidɛwo de eƒe towo me, eye wòɖe ta ɖo ŋutsua ƒe aɖe nu.
34
Azɔ Yesu kpɔ dziƒo, ɖe hũ, hegblɔ nɛ be: “Ʋu!” si nye “Efata” le Hebri-gbe me.
35
Enumake eƒe to ʋu, eƒe aɖeka hã ɖɔ ɖo, eye wòƒo nu nyuie.
36
Yesu de se be womegagblɔ nya la na ame aɖeke o. Gake zi geɖe ale si wòde se na woe la, zi geɖe wu wokaka nya lae.
37
Ame siwo katã see la ƒe mo wɔ yaa ŋutɔ, eye wogblɔ be: “Eɖɔ nuwo katã ɖo pɛ. Ena tokunɔwo se nu, eye aɖetututɔwo hã ƒo nu.”
← Chapter 6
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 8 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16