bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
/
2 Kings 14
2 Kings 14
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
← Chapter 13
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 15 →
1
Le Israel-fia Yoaxaz ƒe vi Yoas ƒe ƒe evelia me la Amazya, Yuda-fia Yoas ƒe vi, zu fia.
2
Exɔ ƒe blave vɔ atɔ̃, esime wòzu fia, eye woɖu fia le Yerusalem ƒe blave vɔ asieke. Dadaa ŋkɔ nye Yehoadan tso Yerusalem.
3
Ewo nusi dze Yehowa ŋu, ɖeko meɖe fofoa Dawid nu o, eye wòwɔ pɛpɛpɛ, abe alesi fofoa Yoas wɔ ene.
4
Negbe nuxeƒewo ko womede ɖa o, eye dukɔ la gasa vo hedo dzudzɔ le nuxeƒewo.
5
Esime fiaɖuɖu la li ke ɖe esi me la, ewu eƒe dɔla, siwo wu fofoa fia.
6
Ke mewu hlɔ̃dolawo ƒe viwo o, abe alesi Yehowa ɖe se gblɔ woŋlɔ ɖe Mose ƒe segbalẽa me ene bena: Womagawu fofowo ɖe viwo nu o, ke boŋ amesiame nèku ɖe eƒe nuvɔ̃ ta.
7
Ewu Edomtɔwo dome ame akpe ewo le dzeʋe la me, eye wòxɔ Sela le aʋa la me hetso ŋkɔ nɛ bena Yokteel vaseɖe egbe.
8
Ɣemaɣi Amazya do ame ɖo ɖe Israel-fia Yoas, Yehu vi Yoaxaz ƒe vi gbã, ne woagblɔ nɛ bena: Va, ne miakpe akɔ kple mía nɔewo kpɔ!
9
Tete Israel-fia Yoas da ame ɖo ɖe Yuda-fia Amazya gbã, ne woagblɔ nɛ bena: Ŋuvegoe, si le Libanon dzi la, dɔ ame ɖo ɖe sederti, si le Libanon dzi, gblɔ bena: Tsɔ viwònyɔnu na vinyeŋutsu, ne wòaɖe. Tete gbemelã, siwo le Libanon dzi, va nyã avuzi le ŋuvegoe la dzi.
10
Esi Edomtɔwo, eyata dzi ɖo ƒowò. Wò bubu la nenɔ ŋuwò, ne natsi aƒe; nukaŋuti nèbe, yeade ɖokuiwò dzɔgbevɔ̃e me, eye mia kple Yuda siaa míatsi?
11
Ke Amazya meɖo toe o. Tete Israel-fia Yoas ho va, eye eya kple Yuda-fia Amazya wokpe akɔ le Bet-Semes, si nye Yuda to la.
12
Ke Israel si Yuda, eye wo dome amesiame si yi eƒe agbadɔ me.
13
Israel-fia Yoas lé Yuda-fia Amazya, Axazya vi Yoas ƒe vi, le Bet-Semes, eye wòkplɔe va Yerusalem. Eye wògbã Yerusalem ƒe gli tso Efrayim-gbo la nu vaseɖe dzogoedzigbo la gbɔ, ele abɔklugui alafa ene.
14
Eve wòlɔ sika kple klosalowo katã kple nusiwo katã le Yehowa ƒe aƒe kple fia ƒe aƒe ƒe nudzraɖoƒe hekpe ɖe awɔbamewo ŋu, eye wògbugbɔ yi Samaria.
15
Yoas ŋutinya susɔea, nusiwo wòwɔ kple eƒe kalẽwɔwɔwo kpakple alesi wòwɔ aʋa kple Yuda-fia Amazya la, woŋlɔ woɖe Israel-fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me.
16
Eye Yoas mlɔ fofoawo gbɔ, eye woɖu ɖe Israel-fiawo gbɔ le Samaria, eye via Yerobeam zu Ha ɖe eteƒe.
17
Eye Yuda-fia Amazya, Yoas vi, nɔ agbe ƒe wuiatɔ̃ le Israel-fia Yoas, Yoaxaz vi ƒe ku megbe.
18
Amazya ŋutinya susɔea la, woŋlɔe ɖe Yuda-fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me.
19
Ke woɖo nugbe ɖe eŋu le Yerusalem; tete wòsi yi Laxis, gake wodɔ ame ɖe eyome ɖe Laxis woɖawui le afima.
20
Eye wokɔe ɖo sɔ dzi va ɖi ɖe fofoawo gbɔ le Yerusalem ɖe Dawid ƒe du la me.
21
Tete Yuda-dukɔ blibo la tsɔ Azarya, amesi nye ƒe wuiade vi la, ɖo fia ɖe fofoa Amazya teƒe.
22
Eyae tso Elat, eye wògaxɔe na Yuda, le esi fia la mlɔ fofoawo gbɔ megbe.
23
Le Yuda-fia Amazya, Yoas vi ƒe ƒe wuiatɔ̃lia me la Yerobeam, Israel-fia Yoas ƒe vi, zu fia le Samaria ƒe blane vɔ ɖeke.
24
Ewɔ nusi nye vɔ le Yehowa ŋku me, eye meɖe asi le Yerobeam, Nebat vi ƒe nuvɔ̃, siwo katã wòtsɔ ble Israel de nuvɔ̃ me la ŋu o.
25
Egbugbɔ Israel ƒe liƒowo xɔ tso Xamat nutowo me vaseɖe tagbaƒu la nu, abe alesi Yehowa. Israel ƒe Mawu la gblɔ to eƒe dɔla, nyagblɔɖila Yona, Amitai vi, tso Gat-Xefer dzi la ene.
26
Elabena Yehowa kpɔ Israel ƒe hiã be, enu sẽ ŋutɔ, eye be, ɖeviwo kple ame tsitsiwo siaa nu yi, eye xɔnametɔa ɖeke meli na Israel o.
27
Elabena Yehowa megblɔ be, yeatutu Israel ƒe ŋkɔ ɖa le dziƒoa te o, eyata wòɖe wo to Yerobeam, Yoas vi la dzi.
28
Yerobeam ŋutinya susɔea kple nusiwo katã wòwɔ, eƒe kalẽwɔwɔwo kple aʋa, si wòwɔ kpakple alesi wògbugbɔ Damasko kple Xamat, siwo nye Yuda tɔ tsã, na Israel la, woŋlɔ wo ɖe Israel-fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me.
29
Eye Yerobeam mlɔ fofoa, Israel-fiawo gbɔ, eye via Zaxarya zu fia ɖe eteƒe.
← Chapter 13
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 15 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25