bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
/
2 Kings 18
2 Kings 18
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
← Chapter 17
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 19 →
1
Le Israel-fia Hosea. Eta vi ƒe ƒe etɔ̃lia me la Xizkiya, Yuda-fia Axaz ƒe vi, zu fia
2
Exɔ ƒe blave vɔ atɔ̃, esime wòzu fia, eye woɖu ba ƒe blave vɔ asieke le Yerusalem. Dadaa ŋkɔ nye Abi, Zaxarya ƒe vinyɔnu.
3
Eye wòwɔ nusi dze Yehowa ŋu, abe alesi fofoa Dawid wɔ pɛpɛpɛ ene.
4
Eɖe nuxeƒewo ɖa, eye wògbã aƒeliwo, elã Aserawo, eye wògbã akɔblida, si Mose wɔ la; elabena Israel-viwo do dzudzɔ nɛ vaseɖe ɣemaɣi, eve wòna ŋkɔe be Nexustan.
5
Eɖo ŋu ɖe Yehowa, Israel ƒe Mawu la ŋu, eye etɔgbea ɖeke mena Yuda-fia, siwo katã dze eyome alo do ŋgɔ nɛ la dome o.
6
Eku ɖe Yehowa ŋu, eye mele ɖa le eŋu o, eye wòle Yehowa ƒe se, siwo wòde na Mose la me ɖe asi.
7
Eye Yehowa nɔ kplu, afisiafi, si wòyi la, edzea edzi nɛ Eye wòdze aglã ɖe Asur-fia ŋu, eye megasubɔe o.
8
Esi Filistitɔwo vaseɖe Gaza kple eƒe liƒowo gbɔ, tso dzɔlawo ƒe xɔ tsralawo gbɔ vaseɖe du sesẽwo gbɔ.
9
Le fia Xizkiya ƒe ƒe enelia, si nye Israel-fia Hosea, Ela vi ƒe ƒe adrelia me la, Asur-fia Salmanaser ho ɖe Samaria ŋu, eye woɖe to ɖee.
10
Exɔe le ƒe etɔ̃ megbe. Woxɔ Samaria le Xizkiya ƒe ƒe adelia me, eya nye Israel-fia Hosea ƒe ƒe asiekelia.
11
Eye Asur-fia kplɔ Israel dzoe yi Asur hetso wo ɖo Xalax kple Xabor le Gozan-tɔsisi la nu kple Media-duwo me.
12
Elabena womeɖo to Yehowa, woƒe Mawu ƒe gbe o, eye woda eƒe nubabla kple se, siwo katã Yehowa de na eƒe dɔla Mose la dzi, womeɖo to o, eye womewɔ edzi o.
13
Le Xizkiya ƒe ƒe wuienelia me la Asur-fia Sanxerib ho ɖe Yuda-du sesẽwo katã ŋu, eye wòxɔ wo.
14
Tete Yuda-fia Xizkiya da ame ɖo ɖe Asur-fia le Laxis, ne woagblɔ nɛ bena: Mewɔ nuvɔ̃! Ho dzo le gbɔnye, eye maxɔ nusi natsɔ aɖo dzinye la atso. Eye Asur-fia ɖo klosalo talento alafa etɔ̃ kple sika talento blaetɔ̃ na Yuda fia Xizkiya, be wòaxe.
15
Eye Xizkiya tsa klosalo, siwo katã wòkpɔ le Yehowa ƒe aƒe me kple fia ƒe aƒe ƒe nudzraɖoƒe la hena.
16
Ɣemaɣi Xizkiya flo sika, siwo Yuda-fia Xizkiya fa ɖe Yehowa ƒe xa ƒe ʋɔtruwo kple sɔtiwo ŋu la, eye wòtsɔ wo na Asur-fia.
17
Ke Asur-fia do Tartan, Rabsaris kple Rabsake kpakple aʋakɔ gãa ɖe tso Laxis ɖo ɖe Yerusalem ɖe fia Xizkiya ŋu, eye woho heva Yerusalem. Esi woho va la, wotɔ ɖe dzigbeta, si le avɔnyãla ƒe agblenu dzi la, ƒe tɔʋu nu,
18
eye woyɔ fia la ɖa. Tete Elyakim, Xilkiya vi, amesi le aƒe la nu kple Sebna, agbalẽŋlɔla kpakple Yoax, Asaf vi, ha ƒe tsiami la, wodo yi wo gbɔ.
19
Eye Rabsake gblɔ na wo be: Migblɔ na Xizkiya bena: Ale fia gã, Asur-fia, gblɔ esi: Nuka ŋu gɔ̃ nele dzi ɖom ɖo?
20
Ɖe nèle bubum be, numenya ƒuƒlu enye aɖaŋuɖoɖo kple ŋusẽ hena aʋawɔwɔa? Azɔ tso, ameka ŋu nèle dzi ɖom ɖo, be nedze aglã ɖe ŋunye?
21
Azɔ èle dzi ɖom ɖe aƒla ŋeŋe ma, si nye Egipte la ŋu, esi ne amea ɖe ziɔ ɖe eŋu la, wòŋɔa asi nɛ flo la; alea Egipte-fia le na amesiwo katã le dzi ɖom ɖe eŋu.
22
Ke ne miegblɔ nam be: Yehowa, mia Mawu la ŋu miele dzi ɖom ɖo la, ekema ɖe menye eya ƒe nuxeƒewo kple vɔsamlekpuiwo Xizkiya ɖe ɖa, eye wògblɔ na Yuda kple Yerusalem bena: Miɖe ta agu ɖe vɔsamlekpui sia ŋgɔ le Yerusalem oa?
23
Eyata mia kple nye aƒetɔ, Asur-fia, mitso gbe kpɔ, eye matsɔ sɔ akpe eve na wò, be ate ŋu akpɔ sɔdolawo aɖo wo dzi mahã?
24
Mate ŋu asi aʋafia ɖeka, si nye nye aƒetɔ ƒe dɔlawo dome suetɔ hã o, eye wòa nele dzi ɖom ɖe Egipte gu le sɔwo kple sɔdolawo taa?
25
Azɔ ɖe Yehowa megbe meto ho ɖe teƒe sia ŋu, be magblẽea? Yehowae gblɔ nam be: Ho ɖe anyigba sia ŋu, eye nagblẽe!
26
Tete Elyakim, Xilkiya vi, kple Sebna kpakple Yoax wogblɔ na Rabsake bena: Taflatse, ƒo nu kple wò dɔlawo ɖe Aram-gbe me, elabena míawo míesenɛ, eye megaƒo nu kpli mí ɖe Yuda-gbe me ɖe dukɔ, si le glia dzi la, ƒe to me o.
27
Rabsake ɖo ŋu na wo bena: Ɖe wobe, mia kple wò aƒetɔ gbɔe nye aƒetɔ la dom ɖo, be magblɔ nya siawoa? Ɖe menye ŋutsu siawo, siwo na klotinu le glia dzi, be woaɖu woawo ŋutɔwo ƒe mi, eye woano woƒe aɖuɖɔ kple mi la, gbɔe oa?
28
Tete Rabsake le va do ɣli sesĩe le Yuda-gbe me ƒo nu gblɔ bena: Mise fia gã, Asur-fia ƒe gbe!
29
Ale fia la gblɔ esi: Migana Xizkiya naɖu mi o, elabena mate ŋu aɖe mi tso esi me o.
30
Eye migana Xizkiya natsɔ Yehowa ade dzi ƒo na mi agblɔ be: Yehowa aɖe mi, eye womatsɔ du sia ade asi na Asur-fia o.
31
Migado to Xizkiya o! Elabena ale Asur-fia gblɔ esi: Mibla nu kplim, eye mido va gbɔnye, ekema mia dome amesiame aɖu eƒe weintsetse, amesiame aɖu eƒe gbotitsetse, eye amesiame ano eƒe vudo me tsi,
32
vaseɖe esime mava, eye makplɔ mi ayi anyigba, si le abe mía ta ene la dzi, anyigba, si dzi bli, wein kple abolo, weingblewo, amitiwo kple anyitsi le, ne miano agbe, eye miaku o. Migado to Xizkiya o! Mia blem wòle le gbɔgblɔm be: Yehowa aɖe mí!
33
Ɖe dukɔwo ƒe mawuwo te ŋu ɖe woƒe anyigbawo tso Asur-fia si mea?
34
Afika Xamat kple Arpad ƒe mawuwo le? Afika Sefarwayim, Hena kple Iwa ƒe mawuwo le? Ɖe wote ŋu ɖe Samaria tso asinye mea?
35
Ɖe anyigbawo ƒe mawuwo katã dometɔa ɖe ɖe eƒe anyigba tso asinye me, ne Yehowa naɖe Yerusalem atso asinye mea?
36
Ke dukɔ la zi kpi, eye meɖo nyaa ɖeke ŋu nɛ o, elabena fia la de se gblɔ bena: Migaɖo nyaa ɖeke ŋu nɛ o!
37
Eye Elyakim, Xilkiya vi, amesi le aƒea nu, kple Sebna, agbalẽŋlɔla, kpakple Yoax, Asaf vi, fia ƒe tsiami, wole awu vuvuwo me va Xizkiya gbɔ, eye woto Rabsake ƒe nyawo nɛ.
← Chapter 17
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 19 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25