bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
/
2 Kings 24
2 Kings 24
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
← Chapter 23
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 25 →
1
Eŋɔli Babel-fia Nebukadnezar ho va, eye Yoyakim zu etevi ƒe etɔ̃; tete wòdze aglã de eŋu.
2
Eye Yehowa kplɔ Kaldeatɔwo ƒe adzohawo, Moabitɔwo ƒe adzohawo kple Amon-viwo ƒe adzohawo dee; èkplɔ wo de Yuda, ne woatsrɔ̃e, le Yehowa ƒe nya, si wògblɔ to eƒe dɔla, siwo nye nyagblɔɖilawo dzi la nu.
3
Le Yehowa ƒe nya la nu ko esia va Yuda dzi ɖo, ne wòatee ɖa le eƒe ŋku ta le Manase ƒe nuvɔ̃wo kple nusiwo katã wòwɔ la ŋuti;
4
hekpe ɖe ʋu maɖifɔ, si wòkɔ ɖe anyi, eye wotsɔ ʋu maɖifɔ yɔ Yerusalem taŋ la ŋuti; eyata Yehowa meba, yeatsɔe ake o.
5
Yoyakim ŋutinya susɔea kple nusiwo katã wòwɔ la, woŋlɔ wo ɖe Yuda-fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me.
6
Eye Yoyakim mlɔ fofoawo gbɔ, eye via Yoyaxin zu fia ɖe eteƒe.
7
Ke Egipte-fia megaho tso eƒe anyigba dzi azɔ o, elabena Babel-fia xɔ anyigba, siwo katã nye Egipte-fia tɔ tso Egipte-toʋu la nu vaseɖe Frat-tɔsisi la nu.
8
Yoyaxin xɔ ƒe wuienyi, esime wòzu fia, eye woɖu fia dzinu etɔ̃ le Yerusalem. Dadaa ŋkɔ nye Nexusta, Elnatan ƒe vinyɔnu, tso Yerusalem.
9
Ewo nusi nye vɔ̃ le Yehowa ŋku me, abe alesi fofoa wɔ pɛpɛpɛ ene.
10
Ɣemaɣi Babel-fia Nebukadnezar ƒe dɔlawo ho ɖe Yerusalem ŋu, eye woɖe to ɖe du la.
11
Eye esime eƒe dɔlawo ɖe to ɖee la, Babel-fia Nebukadnezar va dze du la dzi.
12
Tete Yuda-fia Yoyaxin do yi Babel-fia gbɔ, eya kple dadaa kple eƒe dɔlawo, eƒe amegãwo kple eƒe aƒemenu dzikpɔlawo, eye Babel-fia ɖe aboyoe le eƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe enyilia me.
13
Eye wòlɔ Yehowa ƒe me kesinɔnuwo katã kple fia ƒe me kesinɔnuwo katã tso afima, eye wògbã sikanu, siwo katã Israel-fia Salomo wɔ ɖe Yehowa ƒe xɔ la me, abe alesi Yehowa gblɔ ene.
14
Eɖe aboyo Yerusalem blibo la kple amegãwo katã kpakple aʋawɔlawo katã, atikpalawo katã kple nutulawo. Aboyomeawo le ame akpe ewo, amea ɖeke mekpɔtɔ o, negbe dukɔ hahoo la ƒe ame dahewo ko.
15
Èkplɔ Yoyaxin yi Babel, eye wòkplɔ fia dada, fia srɔ̃wo kple eƒe aƒemenu dzikpɔlawo kpakple anyigba dzi bubumewo tso Yerusalem yi aboyo me le Babel.
16
Ŋutsu aʋawɔlawo katã le ame akpe adre, eye atikpalawo kple nutulawo le ame akpe ɖeka; wo katã nye aʋawɔla veviwo, eye Babel-fia ɖe aboyo wo yi Babel.
17
Eye Babel-fia tsɔ etɔɖia Matanya ɖo fia ɖe eteƒe hetrɔ ŋkɔ nɛ bena Zedekiya.
18
Zedekiya xɔ ƒe blave vɔ ɖeka, esime wòzu fia, eye woɖu fia ƒe wuiɖekɛ le Yerusalem. Dadaa ŋkɔ nye Xamutal, Yeremya ƒe vinyɔnu, tso Libna.
19
Eye wòwɔ nusi nye vɔ le Yehowa ŋku me, abe alesi Yoyakim wɔ pɛpɛpɛ ene.
20
Elabena le Yehowa ƒe dɔmedzoe la ta wòva me na Yerusalem kple Yuda alea, vaseɖe esime wòte wo da le eƒe ŋku la. Eye Zedekiya dze aglã ɖe Babel-fia ŋu.
← Chapter 23
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 25 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25