bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
/
2 Kings 25
2 Kings 25
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
← Chapter 24
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
1
Eye wòva me le eƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe asiekelia me, le dzinu ewolia ƒe ŋkeke ewolia dzi be, Babel-fia Nebukadnezar kple eƒe aʋakɔ blibo la ho ɖe Yerusalem ŋu, woɖe to ɖee, eye woƒu kpo ɖe eŋu godoo va kpe.
2
Eye woɖe to ɖe du la vaseɖe fia Zedekiya ƒe ƒe wuiɖekɛlia me.
3
Le dzinu enelia ƒe ŋkeke asiekelia dzi, esime dɔwuame nu sẽ le dua me, eye aboloa ɖeke meli na dukɔ hahoo la o la,
4
woɖe mɔ ɖe du la ŋu, eye aʋawɔlawo katã si le zã me to fia ƒe abɔ ƒe agbo, si le gli eve dome la ƒe mɔ dzi, esime Kaldeatɔwo ƒo xlã dua, eye woto tagbamɔ.
5
Ke Kaldeatɔwo ƒe aʋakɔ ti fia la yome va tui le Yerixo-tagba, eye eƒe aʋakɔ blibo la ka le eŋu.
6
Eye wòlé fia la hekplɔe va Babel-fia gbɔ le Ribla, eye wodrɔ̃ ʋɔnui.
7
Wowu Zedekiya viwo le eŋku me, eye wogbã ŋku na Zedekiya hede gãe kplɔ yi Babel.
8
Le dzinu atɔ̃lia ƒe ŋkeke adrelia dzi, si nye fia Nebukadnezar Babel-fia ƒe ƒe wuiasiekelia me la, Nebuzaradan, fia ŋu asrafowo ƒe amegã, si nye Babel-fia ƒe dɔla la, va Yerusalem,
9
eye wòtɔ dzo Yehowa ƒe aƒe kple fia ƒe aƒe kple Yerusalem-xɔwo katã kpakple bubumewo ƒe xɔwo katã.
10
Kaldeatɔwo ƒe aʋakɔ, si le fia ŋu asrafowo ƒe amegã ŋu la, gbã Yerusalem-gliwo katã hã va kpe.
11
Eye Nebuzaradan, fia ŋu asrafowo ƒe amegã, ɖe aboyo dukɔ la ƒe susɔea, si kpɔtɔ ɖe dua me kple amesiwo si yi Babel-fia gbɔ kpakple ameha la ƒe susɔea.
12
Ke fia ŋu asrafowo ƒe amegã la gblẽ anyigba dzi ame dahewo ɖi, ne woanye weingbledelawo kple agbledelawo.
13
Eye Kaldeatɔwo gbã akɔblisɔti, siwo le Yehowa ƒe aƒe la me kple anyinɔawo kpakple akɔbligazɔ, si le Yehowa ƒe aƒe la me, eye wolɔ akɔbliawo yi Babel.
14
Wotsɔ zeawo, sofiawo, hɛawo kple treawo kpakple akɔblinuawo katã, siwo ŋu dɔ wòwɔna la, hã dzoe.
15
Eye fia ŋu asrafowo ƒe amegã la tsɔ sonuawo kple ʋutreawo, sikatɔwo kple klosalotɔwo siaa dzoe,
16
sɔti eve kple gazɔ ɖeka kpakple anyinɔawo, siwo fia Salomo wɔ bena Yehowa ƒe aƒe la; nusiawo katã ƒe akɔbli mele dada me o.
17
Sɔti ɖeka kɔ abɔklugui wuienyi, eye wotsɔ akɔbli wɔ ta do eta me; ta la ƒe kɔkɔme le abɔklugui etɔ̃, wowɔ gaɖɔ kple yevuboɖawo ɖe ta la ŋu godoo va kpe, wo katã nye akɔbli; alea wowɔe ɖe sɔti evelia ƒe ta hã ŋui.
18
Eye fia ŋu asrafowo ƒe amegã lé nunɔlagã Seraya kple nunɔlagã yometɔ Zefanya kpakple kpuinudzɔla etɔ̃;
19
eye le dua me la elé aƒemenu dzikpɔla ɖeka, amesi le aʋawɔlawo nu, kple ŋutsu, siwo tsia tre ɖe fia la ŋku me dome ame atɔ̃ siwo wokpɔ le dua me kple aʋafia ƒe agbalẽŋlɔla, amesi da dukɔ hahoo la dea aʋakɔ me kpakple dukɔ hahoo la dome ŋutsu, blaade, siwo wokpɔ le dua me.
20
Eye Nebuzaradan, fia ŋu asrafowo ƒe amegã la, le wo hekplɔ wo, ve na Babel-fia le Ribla.
21
Eye Babel-fia wu wo le Ribla le Xamat-nyigba dzi. Ale woɖe aboyo Yuda tso eƒe anyigba dzi enye si.
22
Eye Babel-fia Nebukadnezar tso Gedalya, Safan vi Axikam ƒe vi, ɖo dukɔ, si wogblẽ de Yuda-nyigba dzi la dzikpɔlae.
23
Esi aʋakɔ la ƒe amegãwo katã kple woƒe amewo se be, Babel-fia tso Gedalya do dzikpɔlae la, wova Gedalya gbɔ le Mizpa; eye Ismael, Netanya vi, Yoxanan, Kareax vi, kple Seraya, Tanxumet vi, tso Netofat kpakple Yaazanya, Maaxati vi, kple woƒe amewo hã le eme.
24
Tete Gedalya ka atam na woawo kple woƒe amewo gblɔ na wo bena: Migavɔ̃ Kaldeatɔwo ƒe dɔlawo o! Mina anyigba la dzi, eye misubɔ Babel-fia, ekema anyo na mi.
25
Eye wòva me le dzinu adrelia me be, Ismael, Elisama vi Netanya ƒe vi, amesi tso fiaƒome la me kple ŋutsu ewo, siwo kpe de eŋu la, wova wu Gedalya kple Yudatɔ kpakple Kaldeatɔ, siwo le eŋu le Mizpa.
26
Eye dukɔ blibo la, ɖeviwo kple tsitsiawo siaa, kple aʋakɔ la ƒe amegãwo dzo yi Egipte, elabena wole Kaldeatɔwo vɔ̃m.
27
Esime wode aboyo Yuda-fia Yoyaxin ƒe blaetɔ̃ vɔ adre megbe, le dzinu wuievelia ƒe ŋkeke blave vo adrelia dzi la, Babel-fia. Ewil Merodax de Yuda-fia Yoyaxin tso gaxɔ me le ƒe, si me wòzu fia.
28
Eƒo nu kplii fafɛ, eye wòtsɔ eƒe zikpui ɖo fia, siwo le eŋu le Babel la ƒe zikpuiwo ŋgɔ.
29
Ena wodo li eƒe gaxɔ me awuwo, eye wòdu nu le egbɔ ɣesiaɣi le eƒe agbe me ŋkekewo katã me.
30
Eye wòxɔ eƒe gbesiagbe nuɖuɖu, si wòhiã gbesiagbe la, tso Babel-fia gbɔ le eƒe agbe me ŋkekewo katã me.
← Chapter 24
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25