bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
/
2 Kings 15
2 Kings 15
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
← Chapter 14
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 16 →
1
Le Israel-fia Yerobeam ƒe ƒe blave vo adrelia me la Azarya, Yuda-fia Amazya ƒe vi, zu fia.
2
Exɔ ƒe wuiade, esime wòzu fia, eye wòdu fia le Yerusalem ƒe blaatɔ̃ va eve. Dadaa ŋkɔ nye Yexalya tso Yerusalem.
3
Ewɔ nusi dze Yehowa ŋu, abe alesi fofoa Amazya wɔ pɛpɛpɛ ene.
4
Negbe nuxeƒewo ko womeɖe ɖa o, eye dukɔ la gasa vɔ hedo dzudzɔ le nuxeƒewo.
5
Ke Yehowa ɖe fu na fia la, eye wòdze anyi vaseɖe eƒe kugbe, eye wònɔ xɔa ɖe me le aga. Eye fia ƒe vi Yotam no aƒe la nu hedrɔ̃ ʋɔnu dukɔ hahoo la.
6
Azarya ŋutinya susɔea kple nusiwo katã wòwɔ la, woŋlɔ wo ɖe Yuda-fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me.
7
Eye Azarya mlɔ fofoawo gbɔ, eye woɖu ɖe fofoawo gbɔ le Dawid ƒe du la me, eve via Yotam zu fia ɖe eteƒe.
8
Le Yuda-fia Azarya ƒe ƒe blaetɔ̃ vɔ enyilia me la Zaxarya, Yerobeam vi, zu fia ɖe Israel dzi le Samaria dzinu ade.
9
Ewɔ nusi nye vɔ̃ le Yehowa ŋku me, abe alesi fofoawo wɔ ene; eye meɖe asi le Yerobeam, Nebat vi ƒe nuvɔ̃, siwo wòtsɔ ble Israel de nuvɔ̃ me la ŋu o.
10
Tete Salum, Yabes vi, ɖo nugbe ɖe eŋu, eye wòwui le Yibleam hezu fia ɖe eteƒe.
11
Zaxarya ŋutinya susɔea la, woŋlɔe ɖe Israel-fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me.
12
Esia nye nya, si Yehowa gblɔ na Yehu bena: Viwòwo anɔ Israel-fiazikpui la dzi vaseɖe dzidzime enelia dzi: eye nenema wòva mee.
13
Le Yuda-fia Uziya ƒe ƒe blaetɔ̃ vɔ asiekelia me la Salum, Yabes vi, zu fia, eye woɖu fia le Samaria dzinu ɖeka.
14
Tete Menaxem, Gad vi, tso Tirza ho va Samaria, eye wowu Salum, Yabes vi la, hezu fia ɖe eteƒe.
15
Salum ŋutinya susɔea kple alesi wòɖo nugbe la, woŋlɔ wo ɖe Israel-fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me.
16
Ɣemaɣi Menaxem tsrɔ̃ Tapuax kple nusiwo katã le eme kpakple eƒe nutowo me, elabena esi wotso Tirza va la, womeʋu agbo nɛ o, eyata wòsi wo, eye wòdze ƒo le woƒe funɔwo katã nu.
17
Le Yuda-fia Azarya ƒe ƒe blaetɔ̃ vɔ asiekelia me la Menaxem, Gad vi, zu fia ɖe Israel dzi ƒe ewo le Samaria.
18
Ewo nusi nye vɔ̃ le Yehowa ŋku me, eye meɖe asi le Yerobeam, Nebat vi ƒe nuvɔ̃, siwo wòtsɔ ble Israel de nuvɔ̃ me la ŋu o.
19
Eŋɔli Asur-fia Pul va dze anyigba la dzi, eye Menaxem tsa klosalo talento akpe ɖeka na Pul, be woakpe ɖe ye ŋu, ne fiaɖuɖu la nali ke ɖe ye si me.
20
Eye Menaxem dzo ga le Israel tso aʋawolawo katã si, be ŋutsu sia ŋutsu natsɔ klosalo sekel blaatɔ̃ na Asur-fia. Ale Asur-fia gbugbɔ, eye metsi anyigba la dzi afima o.
21
Menaxem ŋutinya susɔea kple nusiwo katã wòwɔ la, woŋlɔ wo ɖe Israel-fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me.
22
Eye Menaxem mlɔ fofoawo gbɔ, eye via Pekaxya zu fia ɖe eteƒe.
23
Le Yuda-fia Azarya ƒe ƒe blaatɔ̃lia me la Pekaxya, Menaxem vi, zu fia ɖu Israel dzi ƒe eve le Samaria.
24
Ewɔ nusi nye vɔ le Yehowa ŋku me, eye meɖe asi le Yerobeam, Nebat vi ƒe nuvɔ̃, siwo wòtsɔ ble Israel de nuvɔ̃ me la ŋu o.
25
Tete eƒe fia ŋu me Pekax, Remalya vi, ɖo nugbe ɖe eŋu, eye wòwui le fia ƒe aƒe ƒe mɔ̃ me le Samaria: Arkob kple Arye kpakple ŋutsu blaatɔ̃, siwo nye Gilead-viwo, kpe ɖe eŋu, eye wòwui hezu fia ɖe eteƒe.
26
Pekaxya ŋutinya susɔea kple nusiwo katã wòwɔ la, kpɔ ɖa, woŋlɔ wo ɖe Israel-fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me.
27
Le Yuda-fia Azarya ƒe ƒe blaatɔ̃ vɔ evelia me la Pekax, Remalya vi, zu fia ɖe Israel dzi ƒe blave le Samaria.
28
Ewɔ nusi nye vɔ̃ le Yehowa ŋku me, eye meɖe asi le Yerobeam, Nebat vi ƒe nuvɔ̃, siwo wotso ble Israel de nuvɔ̃ me la ŋu o.
29
Le Israel-fia Pekax ŋɔli la Asur-fia Tiglat-Pileser va, eye wòxɔ Yion, Abel-Bet-Maaxa, Yanoax, Kedes, Xazor, Gilead kple Galilea, si nye Naftali-nyigba blibo la, eye wòkplɔ wo yi Asur.
30
Tete Xosea, Ela vi, ɖo nugbe ɖe Pekax, Remalya vi la ŋu, eye wòwui hezu fia ɖe eteƒe le Yotam, Uziya vi ƒe ƒe blavelia me.
31
Pekax ŋutinya susɔea kple nusiwo katã wòwɔ la, kpɔ ɖa, woŋlɔ wo ɖe Israel-fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me.
32
Le Israel-fia Pekax, Remalya vi ƒe ƒe evelia me la Yotam, Yuda-fia Uziya ƒe vi, zu fia.
33
Exɔ ƒe blave vo atɔ̃, esime wòzu fia, eye woɖu fia ƒe wuiade le Yerusalem. Dadaa ŋkɔ nye Yerusa, Zadok ƒe vinyɔnu.
34
Ewo nusi dze Yehowa ŋu; alesi fofoa Uziya wɔ la, nenema pɛpɛpɛ wòwɔ.
35
Negbe nuxeƒewo ko womeɖe ɖa o, eye dukɔ la gasa vɔ hedo dzudzɔ le nuxeƒewo. Eyae de dzigbegbo le Yehowa ƒe aƒe la nu.
36
Yotam ŋutinya susɔea kple nusiwo katã wòwɔ la, woŋlɔ wo ɖe Yuda-fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me.
37
Ɣemaɣi Yehowa de asi Aram-fia Rezin kple Pekax, Remalya vi dɔdɔ me ɖe Yuda ŋu.
38
Eye Yotam mlɔ fofoawo gbɔ, eye woɖu ɖe fofoawo gbɔ ɖe fofoa Dawid ƒe du la me, eye via Axaz zu fia ɖe eteƒe.
← Chapter 14
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 16 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25