bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
/
2 Kings 22
2 Kings 22
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
← Chapter 21
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 23 →
1
Yosiya xɔ ƒe enyi, esime wòzu fia, eye woɖu fia le Yerusalem ƒe blaetɔ̃ vɔ ɖeke. Dadaa ŋkɔ nye Yedida, Adaya ƒe vinyɔnu tso Bozkat.
2
Ewo nusi nyo le Yehowa ŋku me, eye wòto fofoa Dawid ƒe ʋe me pɛpɛpɛ, eye medze ɖe ɖusi alo mia me o.
3
Eye wòva me le fia Yosiya ƒe ƒe wuienyilia me be, fia la ɖo Mesulam vi Azalya ƒe vi Safan, amesi nye agbalẽŋlɔla, ɖo ɖe Yehowa ƒe aƒe la me gblɔ bena:
4
Yi nunɔlagã Xilkiya gbɔ, ne wòaxlẽ ga, siwo katã wotsɔ va Yehowa ƒe aƒe la me, siwo kpuinudzɔlawo dzɔ le dukɔ la si la.
5
Eye woatsɔ wo na dɔnunɔla, siwo wotsɔ ɖo Yehowa ƒe aƒe la nu, eye woatsɔ wo na Yehowa ƒe aƒe la ŋu dɔwɔlawo, ne woaɖɔ xɔ la ƒe gbagbãƒewo ɖo.
6
Woatsɔ wo na atikpalawo, xɔtulawo kple gliɖolawo, ne woaƒle atiwo kple kpe fufuwo aɖo xɔ la ɖo.
7
Ke womebu akɔnta kpli wo le ga, si wotsɔ de wo si la ŋuti o, elabena wowɔe le anukware me.
8
Tete nunɔlagã Xilkiya gblɔ na agbalẽŋlɔla Safan bena: Mefɔ segbalẽa ɖe le Yehowa ƒe aƒe lãme. Eye Xilkiya tsa agbalẽ la na Safan wòxlẽ.
9
Eye agbalẽŋlɔla Safan va fia la gbɔ, eye wòhe gbe vɛ na fia la gblɔ bena: Wò dɔlawo trɔ ga, si le aƒe la me, eye wotsɔe de asi na dɔnunɔla, siwo wotsɔ ɖo Yehowa ƒe aƒe la nu.
10
Eye agbalẽŋlɔla Safan to na fia la bena: Nunɔla Xilkiya tso agbalẽa ɖe nam; eye Safan xlẽe na fia la.
11
Esime fia la se segbalẽa me nyawo la, edze eƒe awuwo.
12
Eye fia la de se na nunɔla Xilkiya kple Safan vi Axikam, Mixaya vi Axbor kple agbalẽŋlɔla Safan kpakple ha ƒe subɔla Asaya gblɔ bena:
13
Miyi ɖabia nu Yehowa ɖe tanye kple ɖe dukɔ la kpakple Yuda blibo la ta le agbalẽ, si wòfɔ lãme nyawo ŋuti; elabena Yehowa ƒe dɔmedzoe, si wòdo de mía ŋuti la, nu sẽ, elabena mia fofowo meɖo to agbalẽ sia me nyawo, ne woawɔ nusiwo katã woŋlɔ ɖe eme la dzi o.
14
Tete nunɔla Xilkiya, Axikam, Axbor kple Safan kpakple Asaya woyi nyɔnu nyagblɔɖila Xulda, amesi nye Xarxas vi Tikwa ƒe vi Salum, amesi nye awu dzikpɔla srɔ̃, eye wònɔ Yerusalem-du la ƒe to evelia la gbɔ, eye woƒo nu kplii.
15
Eɖo ŋu na wo bena: Ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la, gblɔ esi: Miɖagblɔ na ŋutsu, si dɔ mi ɖe gbɔnye la bena:
16
Yehowa ƒe gbe enye si; Kpɔ ɖa, mane dzɔgbevɔ̃e ava teƒe sia kple eme nɔlawo dzi le agbalẽ sia me nya, siwo katã Yuda-fia xlẽ la nu.
17
Eye wogblẽm ɖi, eye wodo dzudzɔ na mawu bubuwo, ne woatsɔ woƒe asinudɔwɔwɔwo katã ado dziku nam la, eyata nye dɔmedzoe abi ɖe teƒe sia ŋu, eye matsi o.
18
Eye migblɔ na Yuda-fia, si dɔ mi da, be miaɖabia nu Yehowa la bena: Ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la, gblɔ esi: Esi nèse nya siawo,
19
eye dzika tso ƒowò, eye nèbɔbɔ ɖokuiwò ɖe anyi le Yehowa ŋku me, le esi nèse nya, si megblɔ ɖe teƒe sia kple eme nɔlawo ŋu be, azu aƒedo kple ɖiŋudodo, eye nedze wò awuwo hefa avi le ŋkunye me la, nye hã mesee; Yehowa gblɔe!
20
Eyata mana nayi fofowòwo gbɔ, eye woaɖi wò ɖe wò yɔdo me le ŋutifafa me, eye wò ŋkuwo makpɔ dzɔgbevɔ̃e, siwo katã mahe ava teƒe sia dzi la o. Eye wohe gbea vɛ na fia la.
← Chapter 21
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 23 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25