bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
/
2 Kings 23
2 Kings 23
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
← Chapter 22
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 24 →
1
Tete fia la dɔ be, woaɖaƒo Yuda kple Yerusalem-ame tsitsiwo katã nu ƒu va egbɔe.
2
Eye fia la yi Yehowa ƒe aƒe la me, eye Yuda-ŋutsuwo katã kple Yerusalemtɔwo katã, nunɔlawo kple nyagblɔɖilawo kpakple dukɔ blibo la, ɖeviwo kple tsitsiawo siaa kpe ɖe eŋu, eye wòxlẽ nubabla ƒe agbalẽ, si wofɔ le Yehowa ƒe me la me nyawo katã ɖe woƒe towo me.
3
Eye fia la tsi tre ɖe enɔƒe hebla nu le Yehowa ŋku me, be yeadze Yehowa yome, eye yealé eƒe sewo, ɖaseɖiɖiwo kple ɖoɖowo me ɖe asi tso dzi blibo kpakple luʋɔ blibo me, eye yeawɔ nubabla sia ƒe nya, siwo katã woŋlɔ ɖe agbalẽ sia me la dzi; eye dukɔ blibo la bia nu.
4
Tete fia la de se na nunɔlagã Xilkiya kple nunɔlagã yometɔwo kpakple kpuinudzɔlawo, be woafɔ nusiwo katã wowɔ na Baal kple Asera kpakple dziƒonuwo katã la, ado goe le Yehowa ƒe xɔ la me; eye woɖatɔ dzo wo ɖe Yerusalem godo le Kidron-bali la me, eye wolɔ woƒe afi yi Betel.
5
Eɖe legba nunɔla, siwo Yuda-fiawo ɖo, be woasa vɔ le nuxeƒewo le Yuda-duwo kple Yerusalem-nutowo me la ɖa, hekpe ɖe amesiwo doa dzudzɔ na Baal kple ɣe, ɣleti kple ɣletiviwo kpakple dziƒonuwo katã la ŋuti.
6
Eye wòɖe Asera do goe tso Yehowa ƒe aƒe la me tsɔ yi Kidron-tɔʋu la nu le Yerusalem godo; etɔ dzoe le Kidron-tɔʋu la nu, eye wòtui memee helɔ wu de ame tsɛwo ƒe yɔdowo dzi.
7
Egbã matrewɔlawo ƒe xɔ, siwo le Yehowa ƒe aƒe la me, afisi nyɔnuwo nɔa agbadɔvɔ lɔ̃m na Asera le la.
8
Ena nunɔlawo katã tso Yuda-duwo me va, eye wòdo gu nuxeƒe, siwo nunɔlawo doa dzudzɔ le tso Geba vaseɖe Beer-Seba; eye wògbã agbowo nu nuxeƒe, siwo le dumegã Yosua ƒe agbo nu le dugbo la ƒe mia me gome.
9
Ke nuxeƒe nunɔlawo mekpɔ mɔ ade Yehowa ƒe vɔsamlekpui la dzi le Yerusalem o, ke boŋ woaɖu nu maʋamaʋã kple wo nɔviwo.
10
Edo gu ŋunyɔƒe, si le Ben-Hinom-bali la me, be amea ɖeke magana viaŋutsu kple vianyɔnu nato dzo me na Molex o.
11
Eye wòde sɔ, siwo Yuda-fiawo do na ɣe la ɖa le Yehowa ƒe aƒe la me yi aƒemenu dzikpɔla Netan-Melex ƒe xɔ, si le dua godo la me; ke etɔ dzo ɣe ƒe tasiaɖamwo.
12
Eye fia la gbã vɔsamlekpui, siwo le Axaz ƒe xɔta, siwo Yuda-fiawo ɖi, kple vɔsamlekpui, siwo Manase ɖi ɖe Yehowa ƒe aƒe ƒe xɔxɔnuwo kple eve la, eye wòɖe wo ɖa tso afima hetsɔ woƒe anyi ɖakɔ ɖe Kidron-tɔʋu la me.
13
Eye fia la do gu nuxeƒe, siwo le Yerusalem ƒe ɣedzeƒe le Amito la ƒe ɖusi gome, siwo Israel-fia Salomo tu na Zidontɔwo ƒe ŋunyɔnu Astartewo kple Moabitɔwo ƒe ŋunyɔnu Milkom.
14
Egbã aƒeliwo, eye wòmũ Aserawo helɔ ame ƒuwo kɔ de wo teƒe.
15
Egbã vɔsamlekpui, si le Betel hã, eya nye nuxeƒe, si Yerobeam, Nebat vi, amesi ble Israel de nuvɔ̃ me la ɖi; egbã vɔsamlekpui sia hã, eye wòtɔ dzo nuxeƒe la hetui memie, eye wòtɔ dzo Asera la.
16
Eye Yosiya tsa ŋku, eye wòkpɔ yɔdo, siwo le toa dzi afima; tete wòdɔ woɖalɔ ƒuwo le yɔdoawo me ve, eye woto dzo wo le vɔsamlekpui la dzi hedo gui le Yehowa ƒe nya, si Mawu amesi va gblɔ nya siawo, ɖe gbe ƒãe la nu
17
Eye wògblɔ be:, Ŋkuɖodzinu ka enye kem kpɔm mele? Duametɔwo ɖo ŋu nɛ bena: Mawu ƒe amesi tso Yuda va ɖe gbe ƒã nusiwo newɔ ɖe vɔsamlekpuia ŋu le Betel la ƒe yɔdoe.
18
Tete wògblɔ be Miɖe asi le eŋu, eye amea ɖeke megaka asi eƒe ƒuwo ŋu o! Ale womeka asi eya kple nyagblɔɖila, si tso Samaria la ƒe ƒuwo ŋu o.
19
Eye Yosiya ɖe nuxeƒexɔ, siwo katã le Samaria-duwo me, siwo Israel-fiawo tu tsɔ do dziku na Yehowa la ɖa, eye wòwɔ wo, abe alesi wòwɔ le Betel pɛpɛpɛ ene.
20
Eye wowu nuxeƒe nunɔla, siwo katã le afima la ɖe vɔsamlekpuiwo dzi, eye wòlɔ dzo ameƒuwo le wo dzi; emegbe wògbugbɔ yi Yerusalem.
21
Eye ba la de se na dukɔ blibo lã bena: Miɖu ŋutitotoŋkekenyuie la na Yehowa mia Mawu la, abe alesi woŋlɔ ɖe nubabla ƒe agbalẽ sia me ene.
22
Elabena womeɖu ŋutitotoŋkekenyuie sia le ʋɔnudrɔ̃la, siwo drɔ̃ ʋɔnu Israel la ŋɔli kple Israel-fiawo kpakple Yuda-fiawo katã ŋɔli kpɔ o,
23
negbe le fia Yosiya ƒe ƒe wuienyilia me ko woɖu ŋutitotoŋkekenyuie sia na Yehowa le Yerusalem.
24
Eye Yosiya ɖe ŋɔliyɔlawo kple akunyawɔlawo, aklama kpakpɛwo kple legbawo kpakple ŋunyɔnuwo, siwo katã wòkpɔ le Yuda-nyigba dzi kple Yerusalem la hã ɖa, ne wòawɔ se la ƒe nya, siwo woŋlɔ ɖe agbalẽ, si nunɔla Xilkiya fɔ le Yehowa ƒe aƒe me la dzi.
25
Fiaa ɖeke menɔ eŋgɔ de enu, amesi trɔ ɖe Yehowa ŋu kple eƒe dzi blibo kple eƒe luʋɔ blibo kpakple eƒe ŋusẽ blibo le Mose ƒe seawo katã nu o; eye etɔgbea ɖeke hã menɔ eyome o.
26
Ke Yehowa meɖe asi le eƒe dɔmedzoe gã, si wòdo ɖe Yuda ŋu la ŋuti o, le dziku, siwo katã Manase do nɛ la ta.
27
Eye Yehowa gblɔ be: Maɖe Yuda hã ɖa le nye ŋku ta, abe alesi meɖe Israel ɖa ene; eye mate Yerusalem-du sia, si metia, kple xɔ, si ŋu megblɔ le be, nye ŋkɔ anɔ afima la ɖa.
28
Yosiya ŋutinya susɔea kple nusiwo katã wòwɔ la, woŋlɔ wo ɖe Yuda-fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me.
29
Eŋɔli Egipte-fia Farao Nexo ho ɖe Asur-fia ŋu le Frat-tɔsisi la nu, eye ba Yosiya ho ɖakpee; ke esime wòkpɔe la, ewui le Megido.
30
Esime woku la, eƒe dɔlawo tsɔe tso Megido va Yerusalem, eye woɖii ɖe eƒe yɔdo me. Eye dukɔ hahoo la si ami na via Yoaxaz heɖo fia ɖe fofoa teƒe.
31
Yoaxaz xɔ ƒe blave vɔ etɔ, esime wòzu fia, eye woɖu fia dzinu elɔ̃ le Yerusalem. Dadaa ŋkɔ nye Xamutal, Yeremya ƒe vinyɔnu, tso Libna.
32
Ewɔ nusi nye vɔ̃ le Yehowa ŋku me, abe alesi fofoawo wɔ pɛpɛpɛ ene.
33
Eye Farao Nexo dee gaxɔ ɖe Ribla le Xamat-nyigba dzi, be maganye fia le Yerusalem o; eye wòtsɔ klosalo talento alafa ɖeka kple sika talento ɖeka he to na dukɔ la.
34
Eye Farao Nexo tsɔ Elyakim, Yosiya vi, ɖo fia ɖe fofoa Yosiya teƒe hetrɔ ŋkɔ nɛ be Yoyakim; ke èkplɔ Yoaxaz yi Egipte, afisi woku ɖo.
35
Eye Yoyakim tsɔ klosalo kple sika na Farao; ke ɖe wòbia fe na dukɔ la, be wòakpɔ ga ana, abe alesi Farao de se ene. Exɔ klosalo kple sika le dukɔ hahoo la si, abe alesi wòbia fe na wo dome amesiame ene, ne wòatsɔ na Farao Nexo.
36
Yoyakim xɔ ƒe blave vɔ alɔ, esime wòzu fia, eye wòɖu fia ƒe wuiɖekɛ le Yerusalem. Dadaa ŋkɔ nye Zebuda, Pedaya vinyɔnu, tso Ruma.
37
Ewɔ nusi nye vɔ le Yehowa ŋku me, abe alesi fofoawo wɔ pɛpɛpɛ ene.
← Chapter 22
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 24 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25