bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
/
2 Kings 17
2 Kings 17
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
← Chapter 16
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 18 →
1
Le Yuda-fia Axaz ƒe ƒe wuievelia me la Hosea, Ela vi, zu fia ɖu Israel dzi ƒe asieke le Samaria.
2
Ewɔ nusi nye vɔ̃ le Yehowa ŋku me, ke menye abe Israel-fia, siwo nɔ ŋgɔ nɛ la ene o.
3
Eye Asur-fia Salmanaser ho ɖe eŋu, eye Hosea zu eƒe dɔla hedzo nu nɛ.
4
Ke Asur-fia kpɔ be, Hosea ɖo nugbe ɖe eŋu, elabena edo ame ɖo ɖe Egipte-fia So, eye megatsɔ nunana vɛ na Asur-fia abe ƒe sia ƒe ene o; tete Asur-fia lée, eye wòblae tso de gaxɔ me.
5
Eye Asur-fia ho va anyigba blibo la dzi, eye woho ɖe Samaria ŋu heɖe to ɖee ƒe etɔ̃.
6
Le Hosea ƒe ƒe asiekelia me la Asur-fia xɔ Samaria, eye wòkplɔ Israel yi Asur hetsɔ wo ɖo Xalax kple Xabor le Gozan-tɔsisi la nu kpakple Media-duwo me.
7
Elabena Israel-viwo wɔ nuvɔ̃ ɖe Yehowa, woƒe Mawu, si kplɔ wo tso Egipte-nyigba dzi tso Egipte-fia Farao ƒe ŋusẽ nu la ŋu, eye wovɔ̃ mawu bubuwo.
8
Wozɔ de dukɔ, siwo Yehowa nyã le Israel-viwo ŋgɔ la ƒe ɖoɖowo kple Israel-fiawo ƒe ɖoɖowo nu.
9
Israel-viwo wɔ nusi menyo Yehowa, woƒe Mawu ŋu o la, le adza me, eye wotu nuxeƒewo ɖe woƒe duwo katã me, ɖe dzɔlawo ƒe miwo kple du sesẽwo siaa gbɔ.
10
Woli aƒeliwo kple Aserawo ɖe togbɛ kɔkɔwo katã dzi kple ati damawo katã te;
11
eye wodo dzudzɔ le afima le nuxeƒewo katã abe dukɔ, siwo Yehowa nyã le wo ŋgɔ ene, eye wowɔ nu vɔ̃ɖiwo, be woatsɔ ado dziku na Yehowa.
12
Wosubɔ legbawo, evɔ wònye Yehowa gblɔ na wo be, migawɔe o hafi!
13
Eye Yehowa xlɔ̃ nu Israel kple Yuda to eƒe nyagblɔɖilawo katã, siwo nye nukpɔlawo la dzi gblɔ bena: Mitrɔ tso miaƒe mɔ vɔwo dzi, eye milé nye sewo kple nye dodowo me ɖe asi, abe alesi mede se na mia fofowo kple alesi mede nye dɔla nyagblɔɖilawo si ɖo ɖe mi la ene.
14
Ke womeɖo to o, hafi boŋ wosẽ ta me abe wo fofo, siwo mexɔ Yehowa, woƒe Mawu dzi se o la ene
15
Wodo vlo eƒe ɖoɖowo kple nu, si wobla kple wo fofowo kpakple eƒe se, si wòde na wo la, eye wowɔ yakanuwo hezu ame ɖigbɔwo, eye wodze dukɔ, siwo ƒo xlã wo la yome, eva wònye Yehowa de se na wo be, womegawɔ abe woawo ene o hafi.
16
Woɖe asi le Yehowa, woƒe Mawu ƒe sewo katã ŋu, eye wokɔ legbawo, siwo nye nyivi eve, wowɔ Aserawo, eye wode ta agu na dziƒonuwo katã, eye wosubɔ Baal.
17
Wona wo viŋutsuwo kple wo vinyɔnuwo to dzo me, woka afã hesa dzo, eye wotsɔ wo ɖokui ƒle na nu vɔ̃ɖi wowɔ le Yehowa ŋku me, ne woatsɔ aɖo dɔmedzoe nɛ.
18
Eyata Yehowa do dɔmedzoe ɖe Israel ŋuti ŋutɔ, eye wòɖe wo ɖa le eƒe ŋku ta; wo dometɔa ɖeke mekpɔtɔ o, negbe Yuda-to la ko.
19
Ke Yuda hã melé Yehowa, eƒe Mawu ƒe seawo me ɖe asi o, eye wozɔ le ɖoɖo, siwo Israel ɖo la nu.
20
Eyata Yehowa gbe Israel ƒe dzidzimeviwo katã, eye wote wo de anyi, etso wo de asi na adzodalawo vaseɖe esime wòɖe wo ɖa le eƒe ŋku ta.
21
Elabena Israel fe eɖokui da le Dawid ƒe aƒe la ŋu, eye wotsɔ Yerobeam, Nebat vi la, ɖo fiae, eye Yerobeam ɖe Israel ɖa tso Yehowa ŋu heble wo de nuvɔ̃ gã me.
22
Ale Israel dze nuvɔ̃, siwo katã Yerobeam wɔ la yome, eye womede asi le wo ŋu o,
23
vaseɖe esime Yehowa ɖe Israel ɖa le eƒe ŋku ta, abe alesi wògblɔ to eƒe dɔla, nyagblɔɖilawo katã dzi ene, eye wòkplɔ Israel tso eƒe anyigba dzi yi Asur vaseɖe egbe.
24
Eye Asur-fia kplɔ amewo tso Babel, Kuta, Awa, Xamat kple Sefarwayim, eye wòna wonɔ Samaria-duwo me ɖe Israel-viwo teƒe, eye woxɔ Samaria henɔ eƒe duwo me.
25
Ke esime wova afima tete la, womeyɔ Yehowa o, eyata Yehowa kplɔ dzatawo de wo, eye wowu amewo le wo dome.
26
Eye wogblɔ na Asur-fia bena: Dukɔ, siwo nèkplɔ yii, be woadanɔ Samaria-duwo me la, menya anyigba dzi mawu la ƒe kɔnuwo o, eyata wòkplɔ dzatawo de wo wowu wo, elabena womenya anyigba dzi mawu la ƒe kɔnu wo o.
27
Tete Asur-fia de se gblɔ bena: Miɖo nunɔla, siwo mieɖakplɔ tso afima la, dome ɖeka ɖa, ne wòayi aɖanɔ afima, eye wòafia anyigba dzi mawu la ƒe kɔnuwo wo.
28
Ale nunɔla, siwo wokplɔ dzoe tso Samaria la, dometɔ ɖeka va nɔ Betel, eye wòfia, alesi woavɔ̃ Yehowae la wo.
29
Ke dukɔ sia dukɔ wɔ mawuwo na eɖokui, eye wotsɔ wo ɖo nuxeƒexɔ, siwo Samariatɔwo wɔ la me; dukɔ sia dukɔ wɔe ɖe du, si me wòle la me.
30
Babeltɔwo wɔ Sukot-Benot; Kuttɔwo wɔ Nergal, eye Xamattɔwo wɔ Asima;
31
Awitɔwo wɔ Nibxaz kple Tartak, eye Sefarwayimtɔwo tɔ dzo wo viwo na Adramelex kple Anamelex, siwo nye Sefarwayimtɔwo ƒe mawuwo.
32
Ke wovɔ̃ Yehowa hã, eye wotsɔ wo dome amesiame ƒomevi ɖo nuxeƒewo ƒe nunɔlawoe, amesiwo sa vɔ na wo le nuxeƒexɔwo me.
33
Wova Yehowa, eye wogasubɔ woƒe mawuwo le dukɔ, siwo dome wokplɔ wo tsoe la ƒe kɔnuwo nu.
34
Vaseɖe egbegbe wogale woƒe kɔnu xoxoawo dzi; womevɔ̃a Yehowa ɖeɖe o, eye womewɔna le woƒe dodowo kple woƒe kɔnuwo ɖeɖe nu loo, alo wona le nufiafia kple se, siwo Yehowa de na Yakob, amesi wotsɔ ŋkɔ na be Israel ƒe viwo la nu o.
35
Elabena Yehowa bia nu kpli wo, eye wòde se na wo gblɔ bena: Migavɔ̃ mawu bubuwo o, migade ta agu na wo o, migasubɔ wo o, eye migasa vɔ na wo o!
36
Ke boŋ mivɔ̃ Yehowa, amesi tsɔ ŋusẽ gã kple abɔ, si wodo de dzi, kplɔ mi tso Egipte-nyigba dzi la; eya miade ta agu na, eye eya miasa vɔ na!
37
Eye milé ŋku de ɖoɖo kple kɔnu, nufiafia kple se, si woŋlɔ ɖi na mi la ŋu, ne miawɔ wo ŋkekeawo katã, eye migavɔ̃ mawu bubuwo o!
38
Migayɔ nu, si mebia kpli mi la be o, eye migavɔ̃ mawu bubuwo o,
39
ke boŋ mivɔ̃ Yehowa, mia Mawu la, ne wòaɖe miatso miaƒe futɔwo katã si me.
40
Ke womeɖo to o, hafi boŋ wowɔ woƒe kɔnu xoxoawo.
41
Ale dukɔ siawo vɔ̃ Yehowa, eye wosubɔ woƒe legbawo hã; wo viwo kple wo tɔgbuiyɔviwo le alea wɔm vaseɖe egbe abe wo fofowo ene.
← Chapter 16
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 18 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25