bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
/
2 Kings 20
2 Kings 20
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
← Chapter 19
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 21 →
1
Ɣemaɣi la Xizkiya lé dɔ de kuku ge; eye nyagblɔɖila Yesaya, Amoz vi, va egbɔ gblɔ nɛ bena: Ale Yehowa gblɔ esi: Ɖɔ wò aƒe ɖo, elabena èle kuku ge, eye mele agbe nɔ ge o.
2
Tete wòtrɔ mo ɖe gli ŋu hedo gbe ɖa na Yehowa gblɔ bena:
3
Oo Yehowa, ɖo ŋu, alesi mezɔ le ŋkuwò me le nyateƒe kple dzi blibo me, kple alesi mewo nusi nyo le ŋkuwò me la. Eye Xizkiya fa avi kple ɣli.
4
Esi Yesaya mekpɔ do le dua titina o la, Yehowa ƒe gbe va egbɔ bena:
5
Gbugbɔ yi ɖagblɔ na nye dukɔ ƒe amegã Xizkiya bena: Ale Yehowa, fofowò Dawid ƒe Mawu la, gblɔ esi: Mese wò gbedodoɖa, eye mekpɔ wò aɖatsiwo, kpɔ ɖa, mayɔ dɔ wò, eye le ŋkeke etɔ̃agbe la ayi Yehowa ƒe me.
6
Mada ƒe wuiatɔ̃ ɖe wò agbenɔŋkekewo dzi, eye maɖe mia kple du sia tso Asur-fia si me, eye makpɔ du sia ta le nye ŋuti kple nye dɔla Dawid ta.
7
Eye Yesaya gblɔ bena: Mitso gbotsetsebolo vɛ! Eye wotsɔe va do ƒoƒoeawo dzi, tete wòhaya.
8
Eye Xizkiya gblɔ na Yesaya bena: Nuka nye dzesi be, Yehowa ahayam, eye mayi Yehowa ƒe aƒe la me le ŋkeke etɔ̃agbe?
9
Yesaya ɖo ŋu be: Esia nye dzesi tso Yehowa gbɔ be, Yehowa le nusi wògblɔ la wɔ ge. Ɖe vɔvɔli la nayi ŋgɔ ɖoƒe ewo loo, alo negbugbɔ ɖe megbe ɖoƒe ewoa?
10
Xizkiya gblɔ bena: Mesesẽ be, vɔvɔli nayi ŋgɔ ɖoƒe ewo o, ke boŋ vɔvɔli la negbugbɔ ɖe megbe ɖoƒe ewo.
11
Tete nyagblɔɖila Yesaya yɔ Yehowa, eye wòna vɔvɔli, si yi ŋgɔ la, gbugbɔ yi ɖoƒe la dzi; egbugbɔ ɖe megbe le Axaz ƒe ɣega la dzi ɖoƒe ewo.
12
Ɣemaɣi Babel-fia Berodax-Baladan, Baladan vi, ɖo agbalẽ kple nunanawo ɖe Xizkiya, elabena ese be, Xizkiya lé dɔ.
13
Eye Xizkiya ɖo to wo, eye wòfia eƒe kesinɔnuxɔwo katã, klosalo kple sika, atike ʋeʋẽe kple ami xɔasi kple aʋawɔnuxɔ kpakple nusiwo katã le eƒe kesinɔnuwo me la wo, naneke meli, si Xizkiya metsɔ fia wo le eƒe aƒe kple eƒe fiaɖuƒe blibo la me o.
14
Tete nyagblɔɖila Yesaya va fia Xizkiya gbɔ gblɔ ne bena: Nya ka ŋutsu siawo gblɔ, eye afika wotso va gbɔwò? Xizkiya ɖo ŋu bena: Wotso kekeke Babel ke.
15
Eye wògblɔ be: Nuka wokpɔ le aƒewò me? Xizkiya ɖo ŋu be: Wokpɔ nusiwo katã le aƒenye me la, naneke mele nye ke sinɔnuwo me, si nyemetsɔ fia wo o.
16
Tete Yesaya gblɔ na Xizkiya bena: Se Yehowa ƒe gbe!
17
Kpɔ ɖa, ŋkekewo gbɔna, esime wòala nusiwo katã le aƒewò me kple nusiwo fofowòwo tu ɖo vaseɖe egbe la, ayi Babel, naneke makpɔtɔ o; Yehowa gblɔe!
18
Eye woakplɔ viwòŋutsu, siwo dzɔ tso mewò, amesiwo nèdzi la, dometɔa ɖewo woaɖanye aƒemenu dzikpɔlawo le Babel-fia ƒe me.
19
Xizkiya ɖo ŋu na Yesaya bena: Yehowa ƒe gbe, si nègblɔ la, enyo. Eye wògagblɔ tomefafa kple nuteƒewɔwɔ nya le nye ŋkekewo me ko evɔ.
20
Xizkiya ŋutinya susɔea kple eƒe kalẽwɔwɔwo katã, alesi wòɖe ta kple tɔʋui, eye wòhe tsi va dua mee la, woŋlɔ wo ɖe Yuda-fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me.
21
Eye Xizkiya mlɔ fofoawo gbɔ, eye via Manase zu fia ɖe eteƒe.
← Chapter 19
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 21 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25