bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
1 Corinthians 10
1 Corinthians 10
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 9
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 11 →
1
Nɔvinyewo, medi be mianya be mía tɔgbuiwo katã nɔ alilikpo la te, eye wo katã woto Aƒlaƒu la me do.
2
Ale wole mawutsi na wo le alilikpo la kple ƒu la me, eye wozu Mose yomedzelawo.
3
Wo katã woɖu gbɔgbɔmenuɖuɖu ma ke,
4
gaheno gbɔgbɔmenunono ma ke. Gbɔgbɔmegakpe si nɔ zɔzɔm kpli wo la me tsie wono. Agakpe siae nye Kristo.
5
Ke mía tɔgbuiwo dome ame aɖewo ƒe nu medze Mawu ŋu o, eya ta wotsrɔ̃ le gbea dzi.
6
Nu siawo zu kpɔdzidze le nya gbem na mí, bene míawo hã míagawɔ nuvɔ̃ɖi abe woawo ene o.
7
Migasubɔ trɔ̃, abe ale si wo dometɔ aɖewo wɔ la ene o. Woŋlɔ ɖe mawunya me be: “Dukɔ la va ɖi anyi be yeaɖu ŋkekenyui, ke esia va trɔ zu ahamunuwɔwɔ kple ahasiwɔwɔ ƒe ɣeɖuɖu.”
8
Mele be míaƒo ta ɖe agbe baɖa nɔnɔ me, abe ale si wo dometɔ aɖewo wɔe la ene o. Nu sia he ku vɛ na wo dome ame akpe bla eve vɔ etɔ̃ sɔŋ le ŋkeke ɖeka dzi.
9
Migana míate Aƒetɔ la kpɔ, abe ale si wo dometɔ aɖewo tee kpɔ, eye dawo tsrɔ̃ wo la ene o.
10
Migalĩ liʋiliʋĩ, abe ale si wo dometɔ aɖewo lĩi, eye nugblẽla va tsrɔ̃ wo gbidii la ene o.
11
Nu siawo va dzɔ ɖe wo dzi abe kpɔdzidze ene. Woŋlɔ wo da ɖi, be mí ame siwo le agbe le ɣeyiɣi mamlɛ siawo me la, míasrɔ̃ nu tso wo me.
12
Le esia ta la, ame si susu be yele tsitre la, nekpɔ nyuie ne magadze anyi o.
13
Ale si wotea amegbetɔ bubuwo kpɔnae la, nenema ke ko wotea miawo hã kpɔnae. Ke Mawu wɔa eƒe nya dzi, eya ta mele mɔ ɖe ge be woate mi akpɔ wòawú ale si miate ŋu atsɔ la o. Afia mɔ si miato ado le eme la mi, bene miate ŋu aɖu tetekpɔa dzi.
14
Eya ta, nɔvinyewo, mitsri trɔ̃subɔsubɔ.
15
Mele nu ƒom na mi abe ame nyanuwo ene. Miawo ŋutɔ mida nya si gblɔm mele na mi la kpɔ!
16
Ne míeno nu le kplu si dzi mí katã míebia yayra ɖo nu la, ekema míekpɔa gome le Kristo ƒe ʋu la me. Nenema ke ne míema aboloa na mi míeɖu la, ekema míekpɔa gome le Kristo ƒe ŋutilã me.
17
Togbɔ be miesɔ gbɔ hã la, esi wònye abolo ɖeka ko ŋudɔ míewɔna ta, mí katã míezu ŋutilã ɖeka.
18
Mikpɔ Israelviwo ɖa! Ame siwo ɖua nu siwo wotsɔ sa vɔe la, ɖe menye Mawu subɔm woawo hã wole le vɔsamlekpuia ŋgɔ oa?
19
Nu ka ta mele nya siawo gblɔm ɖo? Ɖe mele gbɔgblɔm be lã si wotsɔ sa vɔe na trɔ̃, alo trɔ̃ la ŋutɔ nye nu vavã aɖe loo?
20
Kpao, menye nenema gblɔm mele o. Nya si gblɔm mele lae nye be nu si trɔ̃subɔlawo tsɔ sa vɔe la, gbɔgbɔ vɔ̃woe wotsɔe sa vɔe na, ke menye na Mawu o. Nyemedi be miade ha kple gbɔgbɔ vɔ̃wo o.
21
Miate ŋu anɔ nu nom le Aƒetɔ la ƒe kplu nu, aganɔ enom le gbɔgbɔ vɔ̃wo hã tɔ nu o. Nenema ke miate ŋu anɔ nu ɖum le Aƒetɔ la ƒe kplɔ̃ ŋuti, aganɔ eɖum le gbɔgbɔ vɔ̃wo hã tɔ ŋuti o.
22
Ɖe míele didim be Aƒetɔ la nado dziku, aʋã ŋua? Ɖe míesesẽ wu eyamaa?
23
Amewo gblɔna be: “Woɖe mɔ be míawɔ nu sia nu”, ke menye nu sia nue nyo na ame o. “Woɖe mɔ be míawɔ nu sia nu”, ke menye nu sia nue doa ame ɖe ŋgɔgbe o.
24
Ame aɖeke negadi eya ŋutɔ ɖokui tɔ o, ke boŋ nedi ehavi ƒe nyui.
25
Lã sia lã si wole dzadzram le asi me la, miɖui faa. Migana miaƒe dzitsinya naɖe fu na mi, mianɔ egɔme biam o.
26
Elabe mawunya gblɔ be: “Aƒetɔ la tɔe nye xexea me kple nu sia nu si le eme la.”
27
Ne ame aɖe, si menye xɔsetɔ o, kpe mi be miva ɖu nu kple ye, eye mielɔ̃ yi la, miɖu nu sia nu si wòtsɔ ɖo mia kɔme la faa, eye migana miaƒe dzitsinya naɖe fu na mi mianɔ egɔme biam o.
28
Ke ne ame aɖe gblɔ na mi be: “Wotsɔ nuɖuɖu sia sa vɔe” la, migaɖui o, le ame si gblɔ nya la kple dzitsinya ta.
29
Menye wò ŋutɔ wò dzitsinyae mewɔnɛ o, ke boŋ ame la tɔe mewɔnɛ. Ame aɖe abia be, “Nu ka ta wòle be ame bubu ƒe dzitsinya naxe mɔ na nu si nye ya mekpɔ mɔ awɔ laa?
30
Ne meda akpe na Mawu ɖe nye nuɖuɖu ta la, ale ke wɔ woagabu fɔm ɖe nu si ta meda akpe ɖo laa?”
31
Ale ne miele nu ɖum, alo miele nu nom, alo miele nu bubu ɖe sia ɖe wɔm la, miwɔ wo be miatsɔ ade bubu Mawu ŋui.
32
Migana miaƒe nuwɔna aɖeke naɖia Yudatɔwo, Helatɔwo alo Mawu ƒe hame la nu o.
33
Le nye ŋutɔ gome la, medina be nye nuwɔna nadze ame sia ame ŋu le nuwo katã me. Nyemedia nye ŋutɔ ɖokuinye tɔ o, ke boŋ media ame bubu geɖewo tɔ, ale be woate ŋu axɔ wo ɖe agbe.
← Chapter 9
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 11 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16