bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
1 Corinthians 6
1 Corinthians 6
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 5
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 7 →
1
Ne nya ɖo nɔvi xɔsetɔ eve dome la, ɖe ame ɖeka tsɔnɛ yina ɖe ame siwo mele hamea me o la gbɔ loo, alo etsɔnɛ yia hametɔwo gbɔa?
2
Alo ɖe mienyae be xɔsetɔwoe le ʋɔnu drɔ̃ ge xexea me gbe aɖe gbe oa? Mi ame siwo gbɔna ʋɔnu drɔ̃ ge xexea me la, ɖe miate ŋu adrɔ̃ nya kukluiwo, akpɔ ta na wo oa?
3
Ekema mienyae be míawoe gbɔna ʋɔnu drɔ̃ ge mawudɔlawo gɔ̃ hã oa? Ʋuu keke wòahanye agbemenya suesuewo!
4
Nu ka ta nenye be nya siawo ɖo mia dome la, mietsɔa wo yina ɖe ame siwo hamea mebuna gobii o la gbɔe?
5
Ŋu nekpe mi dzro! Ke ɖe miele gbɔgblɔm be nunyala ɖeka pɛ hã mele mia dome si ate ŋu adrɔ̃ nya le nɔvi xɔsetɔwo dome o tae,
6
miele mia nɔewo kplɔm le ʋɔnu yim le ame siwo menye xɔsetɔwo o la gbɔa?
7
Be miele mia nɔewo kplɔm le ʋɔnu yim la ɖe mia dzi kpɔtɔ. Nu ka ta miazi kpi woawɔ vɔ̃ ɖe mia ŋu boŋ o? Nu ka ta miana woaba mi boŋ o?
8
Le esia teƒe la, miawo boŋ miele nuvɔ̃ wɔm hele amewo bam. Miewɔa esia ɖe miawo ŋutɔ mia nɔvi xɔsetɔwo kekeake hã ŋu!
9
Ɖe mienyae be ame siwo wɔa nu madzɔmadzɔ la manyi Mawu ƒe fiaɖuƒe la dome oa? Migana woable mi o! Nu baɖa wɔlawo, alo trɔ̃subɔlawo, alo ahasiwɔlawo, alo nyɔnu siwo dɔna kple nyɔnuwo loo, alo ŋutsu siwo dɔna kple ŋutsuwo,
10
alo fiafiwo, alo ŋuklẽlawo, alo ame siwo noa aha muna, alo ame siwo dzua ame, alo ame siwo daa adzo ame ƒe nu la, manyi Mawu ƒe fiaɖuƒe la dome akpɔ o.
11
Nu siawoe mia dometɔ aɖewo wɔna tsã; ke azɔ la, wole tsi na mi, kɔ mia ŋuti hebu mi ame dzɔdzɔewoe le Aƒetɔ Yesu Kristo ŋkɔ kple mía Mawu la ƒe Gbɔgbɔ la me.
12
Wogblɔna be: “Woɖe mɔ nam be mawɔ nu sia nu.” Ke menye nu sia nu wɔwɔe nyo na ame o. Wonyagblɔna be, “Woɖe mɔ nam be mawɔ nu sia nu” baa, ke nyemele mɔ na ge be naneke naɖu dzinye o.
13
Wogagblɔna hã be, “Ɖe wowɔ nuɖuɖu be woaɖu ɖe ƒodo me. Nenema ke ɖe wowɔ ƒodo be woaɖu nu ɖe eme.” Ke Mawu gbɔna wo kple eve la siaa ɖe ge ɖa. Womewɔ ŋutilã be woatsɔe awɔ ahasii o, ke boŋ ɖe wowɔe be wòanye Aƒetɔ la tɔ, eye Aƒetɔ la hã nanye ŋutilã la tɔ.
14
Abe ale si Mawu fɔ Aƒetɔ la ɖe tsitre tso ame kukuwo dome ene la, nenema kee wòatsɔ eƒe ŋusẽ la afɔ míawo hã ɖe tsitree.
15
Ɖe mienyae be miaƒe ŋutilãwo la Kristo ƒe ameti la ŋutinuwo wonye oa? Ne ele nenema la, ɖe wòle be matsɔ Kristo ƒe ŋutinuwo awɔ nyɔnu si tsɔ ahasiwɔwɔ ɖo dɔe la ƒe ŋutinuwoea? Gbeɖe!
16
Ɖe mienya be ŋutsu si dɔ kple nyɔnu ahasitɔ la, eƒe ŋutilã zu ɖeka kple etɔ oa? Elabe mawunya gblɔ be: “Wo ame eve la, woazu ŋutilã ɖeka.”
17
Ke ame si wɔ ɖeka kple Aƒetɔ la ya la, eƒe gbɔgbɔ zu ɖeka kple Aƒetɔ la tɔ.
18
Mitsri ahasiwɔwɔ loo! Nu vɔ̃ bubu ɖe sia ɖe ƒomevi si ame wɔna la, melɔa eya ŋutɔ ƒe ŋutilã ɖe eme o, ke ame si wɔa ahasi ya la, wɔa nuvɔ̃ ɖe eya ŋutɔ ƒe ŋutilã ŋu.
19
Ɖe mienyae be miaƒe ŋutilã la Gbɔgbɔ Kɔkɔe si Mawu na mi, wòle mia me la, ƒe gbedoxɔe wònye oa? Kpɔ ɖa, menye mia ɖokui tɔe mienye o!
20
Fe gã ŋutɔ woxe ɖe mia ta, eya ta mitsɔ miaƒe ŋutilã de bubu Mawu ŋui.
← Chapter 5
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 7 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16