bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
1 Corinthians 12
1 Corinthians 12
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 11
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 13 →
1
Nɔvinyewo, le gbɔgbɔmenunanawo gome la, nyemedi be naneke naɣla ɖe mi o.
2
Mienya be esime mienye trɔ̃subɔlawo la, wokplɔ mi trae yi ɖe trɔ̃ siwo meƒoa nu o la gbɔ, eye wowɔ dɔ ɖe mia dzi hã.
3
Eya ta medi be eme nekɔ na mi be ame si me Mawu ƒe Gbɔgbɔ la le la mekea nu gblɔna be: “Neɖi Yesu ŋu kpékpekpe!” o, eye ame si me Gbɔgbɔ Kɔkɔe la le la koe ate ŋu agblɔ be, “Yesue nye Aƒetɔ!”
4
Nunana vovovowo li, ke Gbɔgbɔ ɖeka ma koe naa nuawo.
5
Subɔsubɔdɔ vovovowo li, ke Aƒetɔ ɖeka ma koe míesubɔna.
6
Dɔwɔna ƒomevi geɖewo li, ke Mawu ɖeka ma koe doa ŋusẽ amewo wowɔa wo katã.
7
Woɖea Gbɔgbɔ la ƒe dɔwɔna ɖe go le ame sia ame me be wòaɖe vi na amewo katã.
8
Woto Gbɔgbɔ la dzi na ale si woaƒo nu nunyatɔe la ame aɖe. Gbɔgbɔ ma ke nana be ame bubu nyaa ale si wòaƒo nu tso nu si wòdze sii la ŋu, be amewo nate ŋu ase egɔme.
9
Eya kee tsɔa xɔse naa ame aɖe, eye wònaa ŋusẽ ame bubu ya be wòada gbe le ame ŋu.
10
Gbɔgbɔ la kee naa ŋusẽ ame bubu be wòawɔ nukunuwo. Eganaa ŋusẽ ame bubu hã be wòaɖe gbeƒã Mawu ƒe gbedeasi, ke enaa ŋusẽ ame bubu ya be wòanya vovototo le gbɔgbɔ vovovowo dome. Gbɔgbɔ la kee naa ŋusẽ ame bubu be wòagblɔ gbe vovovowo, eye wònaa ŋusẽ ame bubu ya be wòaɖe gbe vovovowo gɔme.
11
Gbɔgbɔ ɖeka ma koe wɔa dɔ siawo katã, eye wòmaa nunanawo na ame sia ame ɖekaɖekae, abe ale si dze eŋu la ene.
12
Amegbetɔ ƒe ameti la le ɖeka, ke ŋutinu geɖewo le eŋu. Ŋutinu vovovo siawo le ameti ɖeka ma ko ŋu. Alea tututu Kristo hã le.
13
Woto Gbɔgbɔ ɖeka me wɔ mí katã ameti ɖekae. Eɖanye Yudatɔ alo Helatɔ o; eɖanye kluvi alo ablɔɖevi o, mawutsi ɖeka ma ko wole na mí katã, eye wotsɔ Gbɔgbɔ ɖeka ma ƒe tsi kpe na mí katã míeno.
14
Ŋutinu ɖeka mewɔa ame o, ke boŋ ŋutinu geɖewoe le ame blibo la ŋu.
15
Ne afɔ agblɔ be: “Esi nyemenye asi o ta la, nyemenye ameti la ƒe akpa aɖeke o” la, nya sia maɖee ɖa le ameti la ŋu o.
16
Nenema ke ne to agblɔ be: “Esi nyemenye ŋku o ta la, nyemenye ameti la ƒe akpa aɖeke o” la, nya sia maɖee ɖa le ameti la ŋu o.
17
Ne ŋku ɖeɖee nye ameti bliboa la, ale ke wòawɔ ase nu? Ne to ɖeɖee nye ameti bliboa la, ale ke wòawɔ ase nu ƒe ʋeʋẽ?
18
Ke Mawu ɖo ŋutinuawo katã ɖe wo teƒe ɖekaɖeka le ameti la ŋu, abe ale si wòdi la ene.
19
Ne ŋutinu ɖeka dzaa ko nye ameti bliboa katã la, ale ke ameti blibo la anɔ?
20
Abe ale si wòle ene la, ŋutinuwo li sɔ gbɔ, evɔ la, ame bliboa ya la, nu ɖeka ko wònye.
21
Ŋku mate ŋu agblɔ na asi be: “Nyemehiã wò o” o. Alo ta nagblɔ na afɔ be: “Mèle vevie nam o!”
22
Le go bubu me la, ŋutinu siwo dzéna abe ŋusẽ aɖeke ɖe mele wo ŋu o ene la boŋ ŋudɔ míewɔna wu.
23
Nenema ke ŋutinu siwo dzéna abe bubu ɖe mele wo ŋu o ene la ŋue míedea bubui wu. Esiwo menyakpɔna o lae míeɖoa atsyɔ̃ tɔxɛ na,
24
eye míegblẽa akpa siwo nyakpɔna ya ɖi. Ke Mawu trɔ asi le ameti la ŋu ale gbegbe be wòna bubu tɔxɛ akpa siwo le beli la wu.
25
Ewɔ esia bene memama naganɔ ŋutinuawo dome o, ke boŋ be ɖe sia ɖe natsɔ beléle ma ke na nɔvia.
26
Ne ŋutinu ɖeka se veve la, mamlɛawo katã sea veve kplii. Nenema ke ne wode bubu wo dometɔ ɖeka ŋu la, bubuawo katã kpɔa dzidzɔ kplii.
27
Azɔ la, Kristo ƒe ametie mi katã mienye, eye mia dometɔ ɖe sia ɖe nye eƒe ŋutinu vovovoawo dometɔ ɖeka.
28
Mawu ɖo amewo ɖe hamea me ale: Gbã amedɔdɔawo, evelia Mawu ƒe gbeƒãɖelawo, etɔ̃lia nufialawo; emegbe nukunuwɔlawo, gbedalawo, kpeɖeŋutɔwo, kplɔlawo kple gbe vovovowo gblɔlawo.
29
Menye ame sia amee nye Mawu ƒe gbeƒãɖela o ɖe? Menye ame sia amee nye nufiala o ɖe? Menye ame sia amee nye nukunuwɔla o ɖe?
30
Menye ame sia amee wona dɔyɔyɔ ƒe ŋusẽe o ɖe? Menye ame sia amee te ŋu gblɔa gbe vovovowo o ɖe? Menye ame sia amee te ŋu ɖea gbegbɔgblɔwo gɔme o ɖe?
31
Miti amenuvevenunana siwo kɔ wu la yome. Fifia la, mafia nu si ƒo ɖe sia ɖe ta la mi.
← Chapter 11
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 13 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16