bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
1 Corinthians 5
1 Corinthians 5
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 4
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 6 →
1
Míele esem godogodo le mia ŋu be mia dometɔ aɖewo le ahasi wɔm. Ahasi si ƒomevi wɔm wole la tɔgbe mele trɔ̃subɔlawo kura gɔ̃ hã dome o. Wobe ame aɖe xɔ eya ŋutɔ tɔ́a srɔ̃!
2
Hafi miele dàdam alea! Avi boŋ wòle be mianɔ fafam! Miɖe ame si wɔ nu sia ɖa le mia dome.
3
Togbɔ be mele adzɔge tso mia gbɔ abe amegbetɔ ene hã la, mele mia dome le gbɔgbɔ me. Mebu fɔ ame si wɔ nu sia le Aƒetɔ Yesu ŋkɔ me.
4
Ne miekpe ta le Aƒetɔ Yesu Kristo ŋkɔ me la, nye gbɔgbɔ anɔ mia dome,
5
eye miatsɔ ame sia ƒe ŋutilã ade asi na Satana be wòatsrɔ̃e gbidigbidi, ale be woaxɔ eƒe gbɔgbɔ ya ɖe agbe le Aƒetɔ Yesu ƒe ŋkeke la dzi.
6
Medze be mianɔ adegbe ƒom hafi o. Ɖe mienyae be amɔwɔʋãnu vi aɖe koe nana amɔwɔ blibo la katã ʋãna oa?
7
Eya ta mitsɔ amɔwɔ ʋaʋã xoxo la ƒu gbe bene miazu amɔwɔ yeye, elabe le nyateƒe me la, amɔwɔ maʋamaʋãe mienye. Wowu Kristo si nye míaƒe Paskalẽvia la.
8
Eya ta mina míaɖu ŋkekenyui la, menye kple amɔwɔ ʋaʋã xoxo si nye susu baɖa kple nuvɔ̃ɖi wɔwɔ o, ke boŋ kple amɔwɔ maʋamaʋã si nye nu dzɔdzɔe wɔwɔ kple nyateƒetoto.
9
Le agbalẽ si meŋlɔ na mi kpɔ va yi me la, megblɔ na mi be migade ha kple ame siwo nɔa agbe baɖa o.
10
Menye xexe sia me ahasiwɔlawo, ŋubiãlawo, adzodalawo kple trɔ̃subɔlawoe mewɔnɛ o, anye ne ɖeko miado go le xexe sia me.
11
Ke nu si ŋlɔm mele na mi lae nye be, ne nɔvi aɖe nye hametɔ gake wògale ahasi wɔm, alo le ŋu biãm alo le trɔ̃ subɔm, alo le dzre hem, alo le aha mum, alo le adzo dam la, migade ha kplii o. Migaɖu nu kplii gɔ̃ hã o.
12
Ʋɔnudɔdrɔ̃ ame siwo mele hamea me o la metsɔ gbɔnye o. Ɖe menye ame siwo le hamea me lae wòle be miadrɔ̃ ʋɔnui oa?
13
Ame siwo mele hamea me o ya la, Mawue drɔ̃a ʋɔnu wo. Mawunya gblɔ be: “Minya ame vɔ̃ɖi la ɖa le mia dome.”
← Chapter 4
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 6 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16