bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
1 Corinthians 3
1 Corinthians 3
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 2
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 4 →
1
Nɔvinyewo, esi meva mia gbɔ la, nyemete ŋu ƒo nu na mi, abe ame siwo le gbɔgbɔ me la ene o, ke boŋ abe ame siwo le ŋutilã me ene. Meƒo nu na mi abe vidzĩ siwo wɔ ɖeka kple Kristo la ene.
2
Notsie mena mi, mieno; menye nuɖuɖu sesẽ o, elabe ɣe ma ɣi la, mietsi aɖu nu sesẽ o, eye fifi kura gɔ̃ hã la, miate ŋu aɖui o,
3
elabe xexe sia me susu koe gale mia si. Nenye be miele ŋu ʋãm mia nɔewo, eye miele dzre hem la, ɖe esia mefia be miegale agbe nɔm abe xexe sia me tɔwo ene, eye miele nu wɔm abe amegbetɔ ɖe sia ɖe ƒomevi ko ene oa?
4
Ne ame aɖe be: “Paulo tɔe menye,” eye bubu hã be: “Apolo dzie mele” la, ɖe menye ame siwo meli ke o la ko mieganye oa?
5
Evɔ ɖe, ame kae nye Apolo? Ame kae nye Paulo? Ɖe menye subɔlawo ko míenye, eye mieto mía dzi zu xɔsetɔwo oa? Dɔ si Aƒetɔ la ɖo na mía dometɔ ɖe sia ɖe koe míewɔ.
6
Nye ya ɖeko medo nukua, eye Apolo hã tsi ko wòdee, ke Mawue nye ame si na wòtsi.
7
Ale menye ame si do nukua, alo ame si de tsii la, ƒe dɔe nye vevitɔ o, ke boŋ Mawu, ame si nana be wòtsina la ɖeɖe ko tɔe nye vevitɔ.
8
Ame si do nukua kple ame si de tsii la, ɖe wosɔ, eye wo dometɔ ɖe sia ɖe axɔ fetu ɖe dɔ si wòwɔ la nu.
9
Míenye hadɔwɔlawo na Mawu, eye miawo mienye Mawu ƒe agble. Ẽ, Mawu ƒe xɔ hãe mienye.
10
Nye la, Mawu ve nunye eye wòɖom abe xɔtula gã ene. Ale meɖo xɔa gɔme anyi. Ame bubu va le etum ɖe edzi. Ame sia ame si le etum ɖe edzi la, nalé be na ale si wòatui ɖe edzii,
11
elabe woɖo xɔa gɔme anyi xoxo, eye ame aɖeke mate ŋu awɔ gɔmeɖoɖo bubu wu esi li xoxo, si nye Yesu Kristo la o.
12
Nenye be ame aɖe tsɔ sika, alo klosalo, alo kpe xɔasiwo, alo ati, alo be alo gbe bubu aɖe tui la,
13
ame sia ame ƒe dɔ si wòwɔ la, ava dze, elabe wole eɖe ge afia le ʋɔnudrɔ̃gbe la. Dzoe wole tsɔtsɔ ge aɖee ɖe goe, eye dzoa ado dɔ si ƒomevi ame sia ame wɔ la kpɔ.
14
Ne xɔ si ame aɖe tu ɖe gɔmeɖoɖoa dzi tsi anyi la, ekema axɔ fetu.
15
Ame si tɔ fia la, abu eƒe fetu, ke bebli hafi woaxɔe ɖe agbe abe ame si do tso dzodzeaƒeme la ene.
16
Ɖe mienyae be Mawu ƒe gbedoxɔe mienye, eye be Mawu ƒe Gbɔgbɔ la le mia me oa?
17
Ne ame aɖe gblẽ Mawu ƒe gbedoxɔ la, Mawu agblẽ eya hã, elabe Mawu ƒe gbedoxɔ la, nu kɔkɔe wònye. Miawoe nye gbedoxɔ sia.
18
Ame aɖeke megaflu eɖokui o. Ne mia dometɔ aɖe bu be yenye nunyala le xexe sia me la, netsɔ eɖokui wɔ movitɔe boŋ, ale be wòava zu nunyala.
19
Elabe xexe sia me tɔwo ƒe nunya nye movidzɔdzɔ ko le Mawu gbɔ. Woŋlɔe ɖe mawunya me be: “Eléa nunyalawo, ne wole nane wɔm le aye me.”
20
Wogagblɔ hã be: “Aƒetɔ la nya be nunyalawo ƒe tamesusuwo nye nu dzodzro.”
21
Eya ta ame aɖeke megatsɔ amegbetɔ ƒo adegbee o. Mia tɔ ko ame siawo kple nu siawo katã wonye.
22
Eɖanye Paulo, Apolo alo Kefas o; eɖanye xexea me, alo agbe, alo ku, alo nu si li fifia, alo nu si le vava ge o, wo katã mia tɔwo wonye.
23
Ke miawo la, Kristo tɔ mienye, eye Kristo nye Mawu tɔ.
← Chapter 2
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 4 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16