bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
1 Corinthians 2
1 Corinthians 2
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 1
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 3 →
1
Nɔvinyewo, esia tae esi meva mia gbɔ, be maɖe gbeƒã Mawu ƒe nya ɣaɣla la la, nyemetsɔ nya gãwo, alo aɖaŋunuƒoƒo ɖe gbeƒãe na mi o.
2
Elabe esi menɔ mia dome la, meɖoe be naneke manɔ nye susu me wu Yesu Kristo si woklã ɖe ati ŋu la o.
3
Ame beli kple vɔvɔ̃nɔtɔ menye, hedzona nyanyanya ɣe ma ɣi.
4
Nyemezã nya lolo, siwo me amegbetɔwo ƒe nunya be ɖo o, ke boŋ meɖe gbeƒã gbedeasi la dzaa ko, abe ale si Mawu ƒe Gbɔgbɔ la ɖee fia to eƒe ŋusẽ me la ene.
5
Nyemedi hã be miaƒe xɔse natsi tsitre ɖe amegbetɔwo ƒe nunya dzi o, ke boŋ ɖe Mawu ƒe ŋusẽ la dzi.
6
Míenyaƒoa nu le nunya ŋu na ame deŋgɔwo baa; gake menye xexe sia me ƒe nunya alo edziɖulawo, ame siwo si woxɔ ŋusẽ le xoxo la, ƒe nya gblɔm mele o.
7
Ke nunya si ŋu míeƒoa nu le la wotsyɔ nu edzi, heɣlae ɖe Mawu me. Mawu da asi ɖe edzi hafi xexea me va dzɔ, be woato nunya sia dzi ado mí ɖe dzi.
8
Xexe sia me dziɖula aɖeke menya nya ɣaɣla sia o, elabe ne ɖe wonyae la, anye ne womeklã Aƒetɔ ŋutikɔkɔetɔ la ɖe atitsoga ŋu o.
9
Ke woŋlɔe ɖi be: “Nu si ŋkumekpɔ kpɔ o; nu si to mese kpɔ o, nu si meva susu me na ame aɖeke kpɔ o lae, Mawu dzra ɖo ɖi na ame siwo lɔ̃e la.”
10
Mawu ɖe nu siawo fia míawo ya to eƒe Gbɔgbɔ la dzi, elabe Gbɔgbɔ la dzroa nu sia nu me tsitotsito. Edzroa keke Mawu ƒe nu goglowo ke gɔ̃ hã me.
11
Ame kae nya nu si le ame aɖe ƒe susu me ke? Ɖe menye eƒe gbɔgbɔ si le eya ŋutɔ me la ke koe nyae oa? Nenema ke ame aɖeke menya nu si le Mawu ƒe susu me o, negbe Mawu ƒe Gbɔgbɔ la ko.
12
Menye gbɔgbɔ si le xexe sia me lae míexɔ o, ke boŋ Gbɔgbɔ si tso Mawu gbɔ lae míexɔ, be míate ŋu ase nu siwo Mawu tsɔ na mí faa la gɔme.
13
Ale menye nunya si míesrɔ̃ tso amegbetɔwo gbɔ la, míetsɔna ƒoa nui o, ke boŋ nu siwo Gbɔgbɔ la fia mí lae, bene míaɖe nyateƒe si le gbɔgbɔ me la afia ame siwo me Gbɔgbɔ la le la.
14
Ame si me Gbɔgbɔ la mele o la, mete ŋu xɔa Mawu ƒe Gbɔgbɔ la ƒe nunanawo o. Movinyawo ko woɖina nɛ. Mate ŋu ase wo gɔme hã o, elabe ame si me Gbɔgbɔ la le la koe anya be nu vevi wonye.
15
Ke ame si le gbɔgbɔ me la nyaa nu si nyo kple esi menyo o, ɖeko ame aɖeke mete ŋu dzea si eyama o.
16
Woŋlɔ ɖe mawunya me be: “Ame kae nya susu si le tame na Aƒetɔ la? Ame kae afia nui?” Míawo ya la, Kristo ƒe tamesusue le mía si.
← Chapter 1
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 3 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16