bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
1 Corinthians 16
1 Corinthians 16
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 15
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
1
Le nudzɔdzɔ na xɔsetɔ bubuwo gome la, miwɔe abe ale si meɖo na hame siwo le Galatia-nutoa me la ene.
2
Kwasiɖagbe sia Kwasiɖagbe la, ame sia ame neɖe ga home aɖe tso nu si wòkpɔ tso eƒe dɔwɔnawo me la dzra ɖo, ale be mahiã be mava ɖo hafi mianɔ nu dzɔm o.
3
Ne meva ɖo la, maŋlɔ agbalẽ ade ame siwo miatia la si, be woatsɔ miaƒe nunanawo ayi Yerusalem.
4
Ne ehiã be nye ŋutɔ mayi la, ekema ameawo azɔ kplim.
5
Mele Makedonia to ge hafi ava ɖo mia gbɔ, elabe meɖoe be mato afi ma gbã.
6
Ɖewohĩ manɔ mia gbɔ ʋɛ alo manɔ mia gbɔ le vuvɔŋɔli la gɔ̃ hã, ale be miate ŋu ado mɔm ne maɖo ta afi si wòle be magayi la.
7
Fifia ya la, nyemedi be magava to mia gbɔ ko atso eme ayi o, ke boŋ ne Aƒetɔ la ɖe mɔ la, mele mɔkpɔkpɔ me be matsi mia gbɔ ʋɛ.
8
Ke mele Efeso nɔ ge va se ɖe ŋkeke bla atɔ̃lia le Paska la yome dzi.
9
Mekpɔ mɔnu nyui aɖe be mawɔ dɔ xɔasi aɖe, togbɔ be ame geɖewo tsi tre ɖe ŋunye hã.
10
Ne Timoteo va ɖo la, mikpɔ gbɔ be eƒe dzi dze me le mia dome, elabe Aƒetɔ la ƒe dɔa ko wɔm eya hã le abe nye ke ene.
11
Eya ta ame aɖeke megakpɔe ame wodzoe o. Mido mɔe be wòatrɔ va ɖo gbɔnye le ŋutifafa me, elabe mele mɔ kpɔm na eya kple nɔviawo.
12
Le mía nɔvi Apolo ŋuti la, medze agbagba ƒoe ɖe enu vevie, be wòazɔ kple nɔvi bubuawo ava kpɔ mi ɖa hafi, ke medi be yeava fifia o. Ne mɔ ʋu nɛ la, ava emegbea.
13
Minɔ ŋudzɔ, eye milé nu si dzi miexɔ se la me ɖe asi sesĩe. Miwɔ kalẽ, eye misẽ ŋu!
14
Miwɔ nu sia nu kple lɔlɔ̃.
15
Azɔ la, nɔvinyewo, mexɔe se be mienya nu tso Stefana kple eƒe aƒe la ŋuti. Woawoe nye ame gbãtɔ, siwo trɔ dzime le Axaya-nutome, eye wotsɔ wo ɖokui ke faa, be yewoasubɔ ame siwo ŋuti wokɔ la.
16
Mele kuku ɖem na mi be miaɖe mɔ faa be ame siawo tɔgbe kple ame bubu, siwo hã wɔa dɔ le hamea me kple esiwo kua kutri kpena ɖe mia ŋu la, nakplɔ mi.
17
Mekpɔ dzidzɔ be Stefana, Fortunato kple Axaiko va ɖo dedie, elabe wole mia teƒe le afii.
18
Wona nye kple miawo siaa ƒe dzi dze me. Mide bubu ame siawo tɔgbe ŋu.
19
Hame siwo le Asia la do gbe na mi nyuie. Akwila kple Priskila kpakple hame si kpea ta le wo ƒeme la do gbe na mi nyuie, esi miewɔ ɖeka kple Kristo ta.
20
Nɔviawo katã do gbe na mi hee! Mido gbe na mia nɔewo, eye ame sia ame nana asi nɔvia lɔlɔ̃tɔe.
21
Nye Paulo ŋutɔe tsɔ nye asi ŋlɔ gbedoname sia le ɖoɖom ɖe mi.
22
Ame si melɔ̃ Aƒetɔ la o la, neɖi eŋu kpékpekpe! Mía Aƒetɔ, va!
23
Aƒetɔ Yesu neve mia nu.
24
Nye lɔlɔ̃ nenɔ kpli mi ame siwo katã wɔ ɖeka kple Kristo Yesu la. Amen.
← Chapter 15
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16