bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
1 Corinthians 13
1 Corinthians 13
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 12
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 14 →
1
Nenye ɖe megblɔa gbe siwo katã amegbetɔwo kple mawudɔlawo gɔ̃ hã gblɔna, ke lɔlɔ̃ mele asinye o la, ekema nye nuƒoƒo le ko abe gakogoe alo ayawagba siwo ƒe ɖiɖi vea to me la ene.
2
Nenye ɖe mete ŋu ɖea gbeƒã Mawu ƒe gbedeasi eye mese nya ɣaɣlawo katã gɔme, henya nu sia nu; alo ne xɔse deblibo le asinye, ale be mate ŋu aho towo gɔ̃ hã ɖa, ke lɔlɔ̃ mele asinye o la, ekema nyemenye naneke kura o.
3
Ne metsɔ nu siwo katã le asinye la na amewo, eye mena wotɔ dzom gɔ̃ agbagbee, ke lɔlɔ̃ mehele asinye o la, mewɔ dɔ vlo.
4
Lɔlɔ̃ ɖe wògbɔa dzi blewuu, eye wònyoa dɔme na ame. Lɔlɔ̃ meʋãa ŋu o. Lɔlɔ̃ medoa eɖokui ɖe dzi glodzo o, eye medàna o.
5
Lɔlɔ̃ mewɔa ŋukpenanu o, eye media eɖokui tɔ o. Medoa dziku kabakaba, alo léa vɔ̃ si wowɔ ɖe eŋu la ɖe dɔme o.
6
Mekpɔa dzidzɔ le nu madzɔmadzɔ ŋuti o, ke nu si nye nyateƒe la ŋutie wòkpɔa dzidzɔ le.
7
Lɔlɔ̃ tsɔa nu sia nu kpoo. Eƒe xɔse kple mɔkpɔkpɔ nu metsina o, eye wòdoa dzi le nuwo katã me.
8
Lɔlɔ̃ nu metsina gbeɖe o. Ne amewo le gbeƒã ɖem Mawu ƒe gbedeasi la, enu ava yi. Ne ame aɖe ƒoa nu gblɔa gbe vovovowo la, ava dzudzɔ. Ne ame aɖe nya nu ʋuu hã la, eƒe nunya nu ava yi.
9
Míaƒe nunya kple gbeƒãɖeɖe Mawu ƒe gbedeasi mede blibo o.
10
Ne nu si de blibo la ŋutɔ va ɖo la, ekema nu siwo mede blibo o la, nu ava yi.
11
Esi menɔ ɖevime la, meƒoa nu abe ɖevi ene, mebua tame abe ɖevi ene, eye mesea nu gɔme abe ɖevi ene. Ke esi metsi zu ŋutsu la, meɖe asi le ɖevimenuwɔna ŋu.
12
Fifia la, míele nu kpɔm le ahũhɔ̃e me flukpee ko, ke emegbe la, míava kpɔ nu ŋkume kple ŋkume. Nu si menya fifia la, mede blibo o, ke emegbe la, mase nu sia nu gɔme keŋkeŋ, abe ale si Mawu hã nyam keŋkeŋ ene.
13
Ale nu etɔ̃e li. Woawoe nye: xɔse, mɔkpɔkpɔ kple lɔlɔ̃. Ke wo dome vevitɔe nye lɔlɔ̃.
← Chapter 12
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 14 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16