bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
1 Corinthians 8
1 Corinthians 8
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 7
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 9 →
1
Fifia la, medi be maƒo nu tso nuɖuɖu si wotsɔ sa vɔe na trɔ̃wo la ŋuti. Míenya baa be nunya le mí katã mía si. Gake “Nunya” ɖe wònana be ame doa eɖokui ɖe dzi, ke lɔlɔ̃ ya, ɖe wòtua ame ɖo.
2
Ne ame aɖe bu be yenya nane la, menyae wòde edeƒe haɖe o.
3
Ke ne ame aɖe lɔ̃ Mawu la, Mawu dze si eyama.
4
Azɔ le nuɖuɖu si wotsɔ sa vɔe na trɔ̃wo ɖuɖu ŋuti la, míenya le nyateƒe me be trɔ̃ aɖeke mele xexea me o, eye mawu bubu aɖeke hã meli o. Mawu ɖeka hɔ̃ koe li míenya.
5
Togbɔ be ame aɖewo xɔ se be “mawuwo” kple “aƒetɔwo” le dziƒo kple anyigba, eye le wo gbɔ la, “mawuwo” kple “aƒetɔwo” sɔ gbɔ fũu hã la, le míawo ya mía gome la, Mawu ɖeka hɔ̃ koe li. Eyae nye Tɔ́ la, ame si me nuwo katã dzɔ tso, eye eyae míele agbe na.
6
Nenema ke Aƒetɔ ɖeka hɔ̃ koe li. Eyae nye Yesu Kristo, ame si dzi nuwo katã to va dzɔ, eye miawo hã miele agbe to eyama me.
7
Le nyateƒe me la, ame geɖe menya nu sia alea o. Esi wònye trɔ̃subɔsubɔ ɖe wòma ame aɖewo vevie va se ɖe fifia gɔ̃ hã ta la, ne woɖu nuɖuɖu si wotsɔ sa vɔe na trɔ̃wo la, ewɔna na wo abe ɖe wotsɔe sa vɔe vavã na legba ene, elabe woƒe dzitsinya mesẽ ŋu o.
8
Menye nuɖuɖue ana míadze Mawu ŋu o. Ne míegbe nane ɖuɖu la, megblẽ naneke le mía ŋuti o. Nenema ke ne míeɖui hã la, medo mí ɖe ŋgɔ le go aɖeke me o.
9
Ɖeko mikpɔ nyuie, be ablɔɖe si miekpɔ alea la, nagava zu nuɖiaɖia na ame siwo ŋu ŋusẽ mele o la o.
10
Elabe kasia míkpɔ, ame aɖe, si ƒe dzitsinya mesẽ ŋu o, kpɔ wò, ame si “nya” nu si wɔm nèle, nèle nu ɖum le trɔ̃ƒe! Ɖe wò nuwɔna sia made dzi ƒo na ame gblɔe sia, be eya hã nadi be yeaɖu nuɖuɖu si wotsɔ sa vɔe na legba oa?
11
Ale nu si gɔme nèbe yese hafi wɔ la na be ame gblɔe sia tsrɔ̃, evɔ la, nɔviwò sia tae Kristo ku ɖo.
12
Ale esi nèwɔ vɔ̃ ɖe nɔviwò xɔsetɔwo ŋu, eye nède abi woƒe dzitsinya ŋu, esime wogbɔdzɔ ta la, èwɔ vɔ̃ ɖe Kristo ŋu.
13
Eya ta nenye be nu si maɖu ana nɔvinye nawɔ nuvɔ̃ la, ekema nyemaɖu lã akpɔ o. Ne menye nenema o la, mava na nɔvinye nawɔ nuvɔ̃.
← Chapter 7
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 9 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16