bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
1 Corinthians 11
1 Corinthians 11
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 10
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 12 →
1
Mikpɔ nye nuwɔna miawɔ abe ale si nye hã mekpɔa Kristo tɔ wɔna la ene.
2
Mekafu mi, elabe mieɖo ŋku dzinye le nu sia nu me, eye gawu la, mielé kɔnu siwo meɖo anyi na mi la me ɖe asi, abe ale si mefia mi la ene.
3
Ke medi be eme nakɔ na mi be Kristoe nye ŋutsu sia ŋutsu ƒe tatɔ; srɔ̃ŋutsue nye srɔ̃nyɔnu ƒe tatɔ, eye Mawue nye Kristo ƒe tatɔ.
4
Ŋutsu si tsyɔa nu ta hafi doa gbe ɖa, alo ɖea gbeƒã Mawu ƒe gbedeasi la, mede bubu eƒe tatɔ ŋu o.
5
Ke nyɔnu si metsyɔa nu ta hafi doa gbe ɖa, alo ɖea gbeƒã Mawu ƒe gbedeasi o la, mede bubu eƒe tatɔ ŋu o. Ele ko abe ɖe wòlũ ta ene.
6
Nenye be nyɔnu matsyɔ nu ta o la, ke nelũ ta boŋ! Ke nenye be wònye ŋukpe nɛ be wòalũ ta la, ekema netsyɔ nu ta.
7
Ŋutsu ya la, mele be wòatsyɔ nu ta o, elabe eyae nye ame si ɖea Mawu ƒe dzedzeme kple ŋutikɔkɔe fiana, eye nyɔnu ya ɖea ŋutsu ƒe ŋutikɔkɔe fiana.
8
Menye ŋutsue woɖe tso nyɔnu me o, ke boŋ nyɔnue woɖe tso ŋutsu me.
9
Gawu la, womewɔ ŋutsu ɖe nyɔnu ta o, ke nyɔnue wowɔ ɖe ŋutsu ta.
10
Esia ta, le mawudɔlawo ta la, ele be nyɔnu natsyɔ nu ta atsɔ afia be yele ye srɔ̃ ƒe ŋusẽ te.
11
Ke hã la, le Aƒetɔ la ŋku me la, womate ŋu ama srɔ̃ nyɔnu tso srɔ̃ ŋutsu ŋuti alo srɔ̃ ŋutsu hã tso srɔ̃ nyɔnu ŋuti o.
12
Elabe abe ale si woɖe nyɔnu tso ŋutsu mee ene la, nenemae nyɔnu hã dzi ŋutsui. Eme kɔ be ɖe woɖe nyɔnu tso ŋutsu me, ke nyɔnue dzia ŋutsu. Mawu gbɔe nu sia nu tso.
13
Miawo ŋutɔ mibu eŋu kpɔ. Esɔ be nyɔnu naɖe nu le ta hafi ado gbe ɖaa?
14
Ɖe dzɔdzɔme ŋutɔ mefia mi be ne ŋutsu ƒe ɖa to, alo wòɖo ɖa kpɔɔ la, ewɔ ŋukpenanu oa?
15
Evɔ ne nyɔnu ya ɖo ɖa la, atsyɔ̃nu wònye nɛ. Elabe ɖe wonae be wòatsɔ aɖo atsyɔ̃e.
16
Ke ne ame aɖe di be yeaʋli nya sia la, medi be wòanya be nyemelɔ̃ ɖe wɔna bubu aɖeke dzi wu esia o. Nenema ke Mawu ƒe hameawo hã melɔ̃ ɖe bubu aɖeke dzi o.
17
Le nuxlɔ̃amenya siwo gbɔna me ya la, nyemakafu mi o. Nu si tae la nye be ne miekpe ta be yewoasubɔ Mawu la, nuvɔ̃ɖi siwo yia edzi le mia dome la sɔ gbɔ wu nu nyuiwo.
18
Gbã la, mese be ne miekpe ta la, memama le mia dome. Mexɔ nya sia dzi se le go aɖe me,
19
elabe ele be memama nanɔ mia dome godoo, ale be ame siwo nye nyateƒetɔwo le mia dome la, nadze ƒãa.
20
Ne miekpe ta la, menye Aƒetɔ la ƒe nuɖuɖu kɔkɔe la mieɖuna o.
21
Ne mieva kpe ta la, ame sia ame doa ŋgɔ dzea eya ŋutɔ ƒe nuɖuɖu dzi ɖuna. Ale, esime dɔ le ame aɖewo wum la, ame bubuwo ya mu aha gɔ̃!
22
Esia mesɔ kura o! Ɖe aƒemele mia si miaɖu nu, ano nu le afi ma oa? Alo Mawu ƒe hame lae meɖi naneke na mi, eye miedi be yewoado ŋukpe ame siwo si nu mele o laa? Nya ka magblɔ na mi fifia? Makafu mi loo? Gbeɖe, nyemele mia kafu ge ɖe esia ta o.
23
Nu si Aƒetɔ la fiam la, eyae nye hã mele mia fiam. Le zã, si me wode Yesu asi la, etsɔ abolo.
24
Esi wòda akpe le eta vɔ la, eŋe eme hegblɔ be: “Nye ŋutilãe nye esia. Mia tɔe. Miwɔ nu sia ne miatsɔe aɖo ŋku dzinyee.”
25
Esi woɖu nua vɔ la, etsɔ kplu la hã hegblɔ be: “Kplu siae nye nubabla yeye, si dzi woɖo kpee kple nye ʋu. Ɣe sia ɣi si mieno nu le enu la, miaɖo ŋku dzinye.”
26
Ɣe sia ɣi si mieɖu abolo sia, eye mieno nu le kplu sia nu la, miele gbeƒã ɖem Aƒetɔ la ƒe ku, va se ɖe esime wòagatrɔ ava.
27
Ale ame sia ame si ɖua abolo sia, alo noa nu le Aƒetɔ la ƒe kplu sia nu le mɔ madzemadze nu la, eɖi fɔ, elabe ewɔ nuvɔ̃ ɖe Aƒetɔ la ƒe ŋutilã kple ʋu ŋu.
28
Ame sia ame nedzro eɖokui me kpɔ nyuie hafi wòaɖu abolo sia, eye wòano nu le kplu sia nu.
29
Elabe ame si mebua Aƒetɔ la ƒe ŋutilã ŋu kpɔna nyuie hafi ɖua aboloa, eye wònoa nu le kplu la nu o la, nu si wòɖu kple nu si wòno la, hea ʋɔnudɔdrɔ̃ vaa edzi.
30
Nuwɔna sia tae mia dome ame geɖe ƒe lã me gbɔdzɔ, ɖewo le dɔ lém, eye ɖewo hã ku.
31
Nenye ɖe míedzro mía ɖokui me kpɔ nyuie la, ekema womadrɔ̃ ʋɔnu mí o.
32
Ke ne Aƒetɔ la drɔ̃ ʋɔnu mí la, ekema ele mía ɖɔm ɖo be womagabu fɔ mí kple ame siwo menye xɔsetɔwo o la ɖekae o.
33
Eya ta, nɔvinyewo, ne miekpe ta be yewoaɖu nua la, milala mia nɔewo.
34
Ne dɔ le ame aɖe wum la, neɖu nu le aƒeme. Ne menye nenem o la, woabu fɔ mi. Ne meva ɖo mia gbɔ la, maɖo aɖaŋu na mi le nu siwo susɔ la ŋuti.
← Chapter 10
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 12 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16