bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Ezra 1
Ezra 1
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 2 →
1
Le Persia-fia Kores ƒe dziɖuƒè gbãtɔ me, be Aƒetɔ ƒe nya si wògblɔ ɖi to Yeremya dzi nava eme la, Aƒetɔ nyɔ Persia-fia Kores ƒe gbɔgbɔ, eye wòna woɖe gbeƒã le eƒe fiaɖuƒe bliboa me, eye woŋlɔe ɖe agbalẽ me hã be:
2
“Persia-fia Kores be: Aƒetɔ, dziƒo Mawu, tsɔ anyigba dzi fiaɖuƒewo katã nam, eye wòɖoe nam be matu xɔ na ye ɖe Yerusalem le Yuda-nyigba dzi.
3
Eƒe dukɔmetɔ ɖe sia ɖe si le mia dome la, eƒe Mawu nenɔ kplii. Neyi Yerusalem si le Yuda la, ne wòaɖatu xɔ na Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la. Eyae nye Mawu si le Yerusalem.
4
Na ame sia ame si susɔ ɖe teƒe si wòle la nɔlawo nakpe ɖe eŋu kple klosalo, sika, kesinɔnu vovovowo, agbatsɔlãwo kple lɔlɔ̃nununana bubuwo hena Mawu ƒe aƒe si le Yerusalem.”
5
Tete Yuda kple Benyamin ƒe aƒekɔwo ƒe tatɔwo, nunɔlawo kple Levi viwo, ame sia ame si ƒe gbɔgbɔ Mawu nyɔ ko la, tso be yewoayi Yerusalem aɖagbugbɔ Aƒetɔ ƒe aƒe la tu.
6
Woƒe aƒelikawo katã do alɔ wo kple klosalonuwo, sika, kesinɔnu vovovowo, agbatsɔlãwo, nunana xɔasiwo hekpe ɖe lɔlɔ̃nununanawo ŋuti.
7
Fia Kores hã he Aƒetɔ ƒe gbedoxɔ me nu siwo Nebukadnezar lɔ tso Yerusalem va eƒe mawuwo ƒeme la ɖe go.
8
Etsɔ wo na kesinɔnuwo dzikpɔla, Mitredat. Mitredat xlẽ wo ŋlɔ ɖi, eye wòtsɔ wo de asi na Yuda ƒe amegã Sesbazar.
9
Nuawo ƒe xexlẽmewoe nye esiawo: sikagba: akpe ɖeka; klosalogba: akpe ɖeka; lifigba: bla eve vɔ asieke;
10
sikagba globoe: bla etɔ̃; klosalogba globoe: alafa ene kple ewo; bubuwo akpe ɖeka.
11
Sikanuawo kple klosalonuawo katã ƒe xexlẽme le akpe atɔ̃ alafa ene bla ade vɔ asieke. Nu siawoe Sesbazar tsɔ gbɔe esime aboyomeawo gbɔ tso Babilonia va Yerusalem.
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 2 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10