bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Ezra 5
Ezra 5
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 4
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 6 →
1
Azɔ eva eme be gbeƒãɖelawo Xagai kple Zaxarya, Ido vi, de asi gbeƒãɖeɖe me na Yudatɔ siwo le Yuda kple Yerusalem le Israel ƒe Mawu si le wo dzi la ŋkɔ me.
2
Tete Zerubabel, Sealtiel vi kple Yesua, Yozadak vi tso gayi Mawu ƒe aƒe la gbugbɔtudɔ dzi le Yerusalem, eye Mawu ƒe gbeƒãɖelawo hã va le kpekpem ɖe wo ŋu.
3
Ɣe ma ɣi la, Tatenai, ame si nye Tɔgodo Nutoa me ƒe mɔ́mefia kple Setar-Bozenai kpakple wo tɔ aɖewo va wo gbɔ be: “Ame kae na ŋusẽ mi be mitu xɔ sia, eye miadzrae ɖo?”
4
Wobia wo hã be: “Xɔa tulawo ŋkɔwo ɖe?”
5
Ke Yudatɔwo ƒe Mawua ɖi na woƒe ame tsitsiawo be womezi wo dzi be woadzudzɔ dɔa ne yewoadɔ ame ɖe Dario, wòaŋlɔ agbalẽ aɖo biabiawo ŋu gbɔ, hafi woagayi dɔa dzi o.
6
Agbalẽ si Tɔgodo Nutomedziɖula Tatenai kple Setar-Bozenai kpakple wo tɔ Tɔgodo Dziɖuɖudɔwɔlagã bubuawo ŋlɔ ɖo ɖe fia Dario nye esi:
7
Enye nutsogbalẽ si me nyawoe nye: “Ŋutifafa blibo na fia Dario!
8
Míele nyanya nam fia be míede Yuda Nutome ɖakpɔ Mawu gã la ƒe xɔ la. Wole etum kple kpe gãwo, eye wode ati titriwo gliawo me. Wole dɔa dzi kple beléle tɔxɛ, eye wòle afɔ tsɔm ŋutɔ.
9
Míeɖo dze kple ame tsitsi siwo le dɔa nu. Míebia wo be: ‘Ame kae na ŋusẽ mi be miatu xɔ sia, eye miadzrae ɖo?’
10
Míebia woƒe ŋkɔwo hã, be míate ŋu aŋlɔ ame siwo wonye la ŋkɔwo aɖo ɖe wò.
11
Ŋuɖoɖo si wona mí lae nye be: ‘Dziƒo kple anyigba ƒe Mawu la ƒe dɔlawo míenye, eye míele xɔ sia, si Israel-fia gã aɖe tu wu nu keŋkeŋ gbe aɖe gbe ʋĩi la gbugbɔ tum.
12
Ke esi mía tɔgbuiwo do dɔmedzoe na dziƒo Mawu la ta la, etsɔ wo de asi na Babilonia-fia Nebukadnezar, Kaldeatɔ la, ame si gbã xɔ sia, eye wòɖe aboyo dukɔ la yi Babilonia.
13
Gake le Babilonia-fia Kores ƒe fiaɖuɣi ƒe ƒè gbãtɔ me la, eɖe gbe be woagbugbɔ Mawu ƒe aƒe sia atu.
14
Gawu la, eɖe asi le Mawu ƒe aƒe la me sika kple klosalonu siwo Nebukadnezar lɔ tso Yerusalem-gbedoxɔa me va Babilonia-gbedoxɔ me la ŋu. Fia Kores tsɔ wo de asi na ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Sesbazar si wòɖo mɔ́mefiae.
15
Egblɔ na Sesbazar be: ‘Lɔ nu siawo. Tsɔ wo yi ɖe gbedoxɔ me le Yerusalem, eye nàna woagatu Mawu ƒe xɔ la ɖe teƒe si wònɔ tsã la.
16
Sesbazar sia va ɖo Mawuƒe la gɔme anyi ɖe Yerusalem, eye tso ɣe ma ɣi va se ɖe fifia la, wole etutu dzi. Womewu enu haɖe o.’
17
Eya ta ne fia lɔ̃ la, nena woadzro agbalẽ xoxo siwo le fiaƒeme le Babilonia la me akpɔ ɖa be nyateƒe fia Kores ɖe gbe be woagbugbɔ Mawu ƒe aƒe sia atu ɖe Yerusalem mahã. Fia nena míanya eƒe didi le nya sia ŋu.”
← Chapter 4
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 6 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10