bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Ezra 10
Ezra 10
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 9
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
1
Esime Ezra do gbe ɖa, ʋu nuvɔ̃ me kple avi le eɖokui xlãm ɖe anyi le Mawu ƒe aƒe la ŋgɔ la, Israel-ŋutsuwo, nyɔnuwo kple ɖeviwo ƒe ha gã aɖe ŋutɔ va ƒo ƒu ɖe eŋu tso Israel, eye woawo hã fa avi hehehe.
2
Tete Sexanya, Yexiel vi si nye Elam ƒe dzidzimeviwo dometɔ ɖeka la ƒo nu na Ezra be: “Míewɔ nuteƒe na Mawu o, be míeɖe dukɔ bubu me nyɔnuwo. Gake fifi gɔ̃ hã la, mɔkpɔkpɔ gali na Israel.
3
Eya ta mina míabla nu kple mía Mawu be míaɖe asi le mía srɔ̃ siawo katã kple wo viwo ŋu le mía dome. Míawɔ esia abe ale si wò, nye aƒetɔ kple ame siwo me vɔvɔ̃ le wodzona nyànyanya ɖe mía Mawu ƒe sewo ŋu la, miaɖo aɖaŋu na mí la ene. Mina míawɔe ɖe sea nu.
4
Tso, elabe wò dɔdeasi ye. Míele megbe na wò; lé dzi ɖe ƒo nàwɔe.”
5
Ezra tso, eye wòna nunɔlawo ƒe amegãwo kple Levi viwo kpakple Israel blibo la katã ka atam be yewoawɔ nya la dzi. Ale woka atam la.
6
Ezra dzo le Mawu ƒe aƒe la ŋgɔ yi Yehohanan, Elyasib vi ƒe xɔ me, eye wòtsi afi ma dɔ. Meɖu nu o, eye meno tsi hã o elabe ele nu xam le aboyometsolaawo ƒe nuteƒemawɔmawɔ ŋuti.
7
Tete woɖe gbeƒã le Yuda kple Yerusalem blibo la na aboyometsolaawo katã be woava ƒo ƒu ɖe Yerusalem,
8
eye ne ŋkeke etɔ̃ va yi, ame aɖe meva ɖo o la, amegãwo kple ame tsitsiwo naɖe gbe ne woaxɔ eƒe nunɔamesiwo katã le esi, eye woaɖe eyama le aboyometsolaawo ƒe ha me.
9
Le ŋkeke etɔ̃awo me la, ŋutsuwo katã tso Yuda kple Benyamin va kpe ta ɖe Yerusalem. Ɣleti asiekelia ƒe ŋkeke bla eveliae nye takpegbe la. Ameawo katã va bɔbɔ nɔ anyi ɖe gbadzaƒe le Mawu ƒe xɔ la ŋgɔ. Wole dzodzom nyànyanya le nya la kple tsidzadza gã ta.
10
Tete nunɔla Ezra tsi tsitre, gblɔ na wo be: “Mieda vo be mieɖe dukɔ bubu me nyɔnuwo, ale miedzi Israel ƒe fɔɖiɖi ɖe edzi.
11
Eya ta azɔ la miʋu miaƒe nuvɔ̃ me na Aƒetɔ, mia tɔgbuiwo ƒe Mawu la, eye miawɔ eƒe lɔlɔ̃nu. Miklã mia ɖokui ɖa tso anyigba la dzi tɔwo kple mia srɔ̃, dukɔ bubu me nyɔnuawo gbɔ.”
12
Tete ƒuƒoƒea katã xɔ edzi kple gbe sesẽ be: “Ele eme tututu; ele be míawɔ nu si nègblɔ.
13
Gake ameawo sɔ gbɔ; tsidzaɣi hãe nye esia, mímate ŋu anɔ ya nu didie o, evɔ nu si wòle be míawɔ la, menye ŋkeke ɖeka alo eve ƒe nya o elabe mía dometɔ siwo nye sedzidalawo le nya sia me la sɔ gbɔ ŋutɔ.
14
Eya ta mina míaƒe nunɔlawo natsi Yerusalem atrɔ asi le nya sia ŋu ɖe dukɔa nu. Mina dukɔ bubu me nyɔnuɖela siwo le míaƒe duwo me la nava kpɔ nunɔlawo le ɣeyiɣi ɖoɖiwo dzi, eye ne wogbɔna la woava kple du si me wole la ƒe ame tsitsiwo kple eƒe ʋɔnudrɔ̃lawo bene dɔmedzoe helihelĩ si mía Mawu do ɖe mía ŋu le nya sia me la nu nafa.”
15
Amewo katã lɔ̃ ɖe susu sia dzi, negbe Yonatan, Asahel vi kple Yaxzeya, Tikva vi, koe tsi tre ɖe eŋu, eye Mesulam kple Sabetai, ame siwo nye Levi viwo la, hã de wo dzi.
16
Ale aboyometsolaawo wɔ esia. Nunɔla Ezra tia ƒometatɔwo tso aƒekɔ ɖe sia ɖe me heyɔ woƒe ŋkɔwo ɖekaɖeka. Tso ɣleti ewolia ƒe ŋkeke gbãtɔ gbe la, wonɔ anyi be woadzro nya la me.
17
Le ɣleti gbãtɔ ƒe ŋkeke gbãtɔa dzi la, wowu ŋutsu siwo katã ɖe dukɔ bubuwo me nyɔnuwo la ƒe nya nu.
18
Yesua, Yozadak vi kple nɔvia ŋutsuwo ƒe dzidzimevi siwo nye nunɔla dukɔ bubu me nyɔnuɖelawoe nye: Maaseya, Eliezer, Yarib kple Gedalya.
19
Woɖe adzɔgbe be yewoaɖe asi le yewo srɔ̃awo ŋu, eye yewoana agbo ɖeka woatsɔ sa fɔɖivɔ ɖe yewoƒe fɔɖiɖi la ta.
20
Esiwo tso Imer viŋutsuwo dome: Xanani kple Zebadya.
21
Esiwo tso Xarim viŋutsuwo dome: Maaseya, Eliya, Semaya, Yexiel kple Uziya.
22
Esiwo tso Pasxur viŋutsuwo dome: Elyoenai, Maaseya, Ismael, Netaneel, Yozabad kple Eleasa.
23
Esiwo tso Levi viŋutsuwo dome: Yozabad, Simei, Kelaya, si woyɔna hã be Kelita, Petaxya, Yuda kple Eliezer.
24
Esi tso hadzilawo dome Elyasib. Esiwo tso agbonudzɔlawo dome: Salum, Telem kple Uri.
25
Esiwo tso Israel: Esiwo tso Pareos viŋutsuwo dome: Ramya, Yizia, Malkiya, Miyamin, Eleazar, Malkiya kple Benaya.
26
Esiwo tso Elam viŋutsuwo dome: Matanya, Zaxarya, Yexiel. Abdi, Yeremot kple Eliya.
27
Esiwo tso Zatu viŋutsuwo dome: Elyoenai, Elyasib, Matanya, Yeremot, Zabad kple Aziza.
28
Esiwo tso Bebai viŋutsuwo dome: Yehohanan, Xananya, Zabai kple Atlai.
29
Esiwo tso Bani viŋutsuwo dome: Mesulam, Malux, Adaya, Yasub, Seal kple Yeramot.
30
Esiwo tso Paxat-Moab viŋutsuwo dome: Adna, Xelal, Benaya, Maaseya, Matanya, Bezaleel, Binui kple Manase.
31
Esiwo tso Xarim viŋutsuwo dome: Eliezer, Yisiya, Malkiya, Semaya, Simeon,
32
Benyamin, Malux kple Semarya.
33
Esiwo tso Xasum viŋutsuwo dome: Matenai, Matata, Zabad, Elifelet, Yeremai, Manase kple Simei.
34
Esiwo tso Bani viŋutsuwo dome: Maadai, Amram, Uel,
35
Benaya, Bedya, Keluhu,
36
Vanya, Meremot, Elyasib,
37
Matanya, Matnai, Yaasai,
38
Bani, Binui, Simei,
39
Selemya, Natan, Adaya,
40
Maxnadbai, Sasai, Sarai,
41
Azarel, Selemya, Semarya,
42
Salum, Amarya kple Yosef.
43
Esiwo tso Nebo viŋutsuwo dome: Yeiel, Matitya, Zabad, Zebina, Yadai, Yoel kple Benaya.
44
Ame siawo katã ɖe nyɔnuwo tso dukɔ bubuwo me, eye nyɔnuawo dometɔ aɖewo dzi viwo. Woɖe asi le nyɔnuawo kple wo viwo ŋu.
← Chapter 9
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10