bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Ezra 4
Ezra 4
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 3
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 5 →
1
Azɔ esi Yuda kple Benyamin ƒe ketɔwo se be aboyometsolawo le gbedoxɔ tum na Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la la,
2
wova Zerubabel kple ƒomeawo ƒe tatɔwo gbɔ gblɔ na wo be: “Mina míakpe ɖe mia ŋu atu xɔa elabe míawo hã míesubɔa miaƒe Mawu la abe miawo ke ene. Eya míesaa vɔ na tso esime Asiria-fia Asar-Xadon kplɔ mí va afi siae.”
3
Ke Zerubabel, Yesua kple Israel-ƒomeawo ƒe tatɔ mamlɛawo ɖo eŋu na wo be: “Mímalɔ̃, mí kpakple miawo míatu xɔ na míaƒe Mawu la o. Míawo ɖeɖe míatui na Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la abe ale si Persia-fia Kores ɖoe na mí la ene.”
4
Tete anyigba la dzi nɔlawo ɖe dzi le Yudatɔwo ƒo, eye wodo vɔvɔ̃ na wo le xɔa tutu me.
5
Wona zãnu amegã siwo le Persia-fia ŋu la be woagblẽ ɖoɖo si wowɔ la me. Wowɔ esia le Persia-fia Kores ƒe dziɖuɣi katã va ɖo Persia-fia Dario ŋɔli.
6
Esi Persia-fia Axasweros va zia dzi teti la, woŋlɔ agbalẽ tsɔ tso Yudatɔwo kple Yerusalemnɔlawo nu nɛ.
7
Nenema ke le Artaxsasta ŋɔli hã la, Bislam, Mitredat, Tabeel kple wo tɔwo ŋlɔ agbalẽ na fia la. Woŋlɔe kple Aram ŋɔŋlɔdzesiwo, ɖe Aram-gbe me.
8
Fiateƒenɔla Rexum kple agbalẽŋlɔla Simsai woŋlɔ agbalẽ tso Yerusalem nu ɖo ɖe fia.
9
Ame siwo sɔ nu ŋlɔ agbalẽa la woe nye fiateƒenɔla Rexum kple agbalẽŋlɔla Simsai kpakple wo tɔ mamlɛawo, ʋɔnudrɔ̃lawo, anyigbanunɔlawo, dziɖuɖudɔwɔlawo, Persiatɔwo, Erek-ŋutsuwo, Babiloniatɔwo, Susa-ŋutsuwo siwo woyɔna hã be Elamtɔwo
10
kple dukɔ bubu siwo fia gã bubutɔ Asnapar ɖe aboyoe yi ɖe Samaria-duwo me kple Tɔgodo Nutoa me ƒe akpa bubuawo. Azɔ la,
11
agbalẽ si woɖo ɖa la nye esi: “Na Fia Artaxsasta: Wò dɔla Tɔgodo Nutometɔwo do gbe na wò. Azɔ
12
míele nyanya nam wò be Yudatɔ siwo tso gbɔwò va mía gbɔ le afii la yi Yerusalem. Wogbugbɔ du vɔ̃ɖi dzeaglã ma le tsotsom. Wole gliawo nu flɔm, eye wole gɔmeɖoɖoa hã dzram ɖo.
13
Azɔ míedi be fia nanya be ne wogbugbɔ du sia tso, gaɖo gliawo woflɔ la, emenɔlawo agbe nudzɔdzɔ, adzɔ kple mɔtaho xexe eye fia ƒe gakpɔkpɔ dzi aɖe kpɔtɔ.
14
Esi wònye fiasã la mee míaƒe nuɖuɖu tsona, eye medze be bubu naklo le fia ŋu míakpɔ o ta la, míele ame ɖom ɖa be
15
nàna woadzro tɔ́wòwo ƒe agbalẽ siwo woŋlɔ da ɖi la me. Àke ɖe eŋu le nuŋlɔɖiawo me be du sia la, du dzeaglã si ɖea fu na fiawo kple nutomedzikpɔlawo wònye tso gbe aɖe gbe ke. Tso tititi ke ko la, du ma dzea aglã ɖe dziɖuɖu ŋu. Esia tae wogbã du sia ɖo.
16
Míedi be míana fia nanya be, ne wogbugbɔ du sia tso, eye wogaɖo eƒe gliwo yi dzi woflɔ la, gome aɖeke maganɔ asiwò le Tɔgodo Nutome ƒe akpa aɖeke o.”
17
Fia ɖo agbalẽa ŋu be: “Na Rexum, fiateƒenɔla kple Simsai, agbalẽŋlɔla, wo tɔ mamlɛa siwo le Samaria kple Tɔgodo Nutome ƒe akpa bubuwo, medo gbe na mi. Azɔ
18
woxlẽ agbalẽ si mieɖo ɖe mí la nam.
19
Eya ta meɖe gbe be woadzro nuŋlɔɖiawo me tsitotsito. Wova ke ɖe eŋu be du sia tsia tre ɖe fiawo ŋu tso gbe aɖe gbe ke; emenɔlawo nye ame dzeaglã siwo hea ʋunyaʋunya kple zitɔtɔ vɛ zi geɖe.
20
Fia triakɔwo nɔ Yerusalem va yi. Woawoe ɖu Tɔgodo Nutome bliboa dzi, eye woawoe woxea nudzɔdzɔ, adzɔ kple mɔtaho na.
21
Eya ta mide se be ame siawo nadzudzɔ dɔa. Womagbugbɔ dua atso o va se ɖe esime mawɔ se yeye.
22
Gawu la, migawɔ alɔgblɔdɔ le nya sia me kura o. Ale ke nu agblẽ ʋuu ava lɔ fia la?”
23
Esi woxlẽ Fia Artaxsasta ƒe agbalẽa na Rexum kple agbalẽŋlɔla Simsai kpakple wo tɔwo la, wotso kpla ti Yudatɔwo yi Yerusalem ɖazi wo dzi kple sesẽ, eye wodzudzɔ dɔa.
24
Tete Mawu ƒe xɔdɔ si wɔm wole le Yerusalem la tɔ, hetsi nenema va se ɖe Persia-fia Dario ƒe fiaɖuɣi ƒe ƒè evelia me.
← Chapter 3
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 5 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10