bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Ezra 6
Ezra 6
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 5
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 7 →
1
Tete Dario ɖe gbe eye wotsa agbalẽ xoxo siwo le Babel-dua ƒe nuwo dzraɖoƒe la me.
2
Ke Ekbatana si nye Media Nutome fiadu la ƒe fiasã mee wova ke ɖe agbalẽ aɖe ŋu le, si me woŋlɔ ɖo be: “Dzesidede:
3
Le fia Kores ƒe fiaɖuɣi ƒe ƒè gbãtɔ me la, eɖe gbe be: ‘Le Mawu ƒe aƒe si le Yerusalem ƒe nya me la, woagbugbɔ aƒe la atu wòanye teƒe si woasa vɔ le kple afi si woatsɔ numemevɔsawo vɛ la. Eƒe kɔkɔme nanye meta bla eve vɔ adrẽ, eye eƒe kekeme hã nanye meta bla eve vɔ adrẽ.
4
Woatsɔ kpe gãwo aɖo amli etɔ̃, eye amli ɖeka nanye ati. Ga si ŋudɔ woawɔ ɖe dɔ la ŋu la natso fia ƒe gaɖaka me.
5
Gawu la, woagbugbɔ Mawu ƒe xɔ me sika kple klosalonu siwo Nebukadnezar lɔ tso gbedoxɔ si nɔ Yerusalem tsã me va Babilonia la ayi gbedoxɔa me le Yerusalem, eye woatsɔ ɖe sia ɖe aɖo teƒe si wònɔ le Mawu ƒe xɔa me tsã la.’ ”
6
Eya ta, tso azɔ dzi la, wò Tatenai Tɔgodo Nutome mɔ́mefia Setar-Bozenai kple mi wo tɔ dziɖuɖuteƒenɔla siwo le Tɔgodo Nutoa me, migayi afi ma o.
7
Miɖe asi le Mawu ƒe xɔdɔ sia me. Mina Yudatɔwo ƒe mɔ́mefia kple woƒe ame tsitsiwo natu Mawu ƒe xɔ sia ɖe enɔƒe.
8
Hekpe ɖe esia ŋu la, mele eɖom na mi be miawɔ esiawo na Yudatɔwo ƒe ame tsitsiawo bene woagbugbɔ Mawu-xɔ sia atu: “Miɖe ga tso fia ƒe gaɖaka si nye adzɔga le Tɔgodo Nutoa me la me miatsɔ xe ame siawo ƒe ga siwo ŋudɔ wowɔ katã na wo enumake.
9
Nu siwo katã hiã na numemevɔsa na dziƒo Mawu la, eɖanye nyitsuiwo, agbowo alo alẽwo o, eɖanye lu, dze, wain alo ami o, nu sia nu si nunɔla siwo le Yerusalem la hiã la, mina nu siawo naka wo si godoo gbe sia gbe.
10
Miwɔ esia ne woasa vɔ ʋeʋẽe lílili na dziƒo Mawu la, eye woado gbe ɖa ɖe fia la kple viawo ƒe agbe ta.
11
Megale gbe ɖem hã be ne ame aɖe trɔ sedede sia la, woaɖe ati titri ɖeka le eƒe xɔ me, eye woatsɔ nenem me ma atrɔ ɖe enu. Eyome woana eƒe aƒe nazu aɖukpo.
12
Mawu si ɖo eŋkɔ anyi ɖe afi ma la netu asi fia sia fia alo dukɔ sia dukɔ si ate kpɔ be yeatrɔ ɖoɖo sia, alo agbã Mawu ƒe aƒe sia si le Yerusalem la. Nye Dario ye de se sia; ame sia ame nezɔ ɖe enu pɛpɛpɛ.”
13
Ale, le fia Dario ƒe nya si wògblɔ ɖo ɖa nu la, mɔ́mefia Tatenai, Tɔgodo nutomedziɖula Setar-Bozenai kple wo tɔwo wɔ nu si fia Dario gblɔ be woawɔ la pɛpɛpɛ.
14
Yudatɔwo ƒe ame tsitsiwo yi xɔa dzi, wòdze edzi na wo. Gbeƒãɖelawo Xagai kple Zaxarya, Ido vi, ƒe nyagblɔɖiwo do ŋusẽ wo ale be dɔa tsɔ afɔ nyuie. Wowu xɔa tutu nu abe ale si Israel ƒe Mawu ɖo na wo eye Persia-fiawo Kores, Dario kple Artaxsasta hã woɖe gbe na wo be woawɔe la ene.
15
Wowu xɔ sia nu le ɣleti Adar ƒe ŋkeke etɔ̃lia dzi le fia Dario ƒe ƒè adelia me.
16
Israelviwo, nunɔlawo, Levi viwo kple aboyometsola mamlɛawo tsɔ Mawu ƒe aƒe sia de asi na Mawu kple dzidzɔ.
17
Le Mawu ƒe aƒe sia nuʋuʋu me la, wotsɔ nyitsu alafa ɖeka, agbo alafa eve kple alẽvi alafa ene sa vɔ na Mawu. Wotsɔ gbɔ̃tsu wui eve ɖe Israel ƒe to wui eveawo ƒe xexlẽme nu sa nuvɔ̃vɔe.
18
Azɔ la, woɖe nunɔlawo ɖe woƒe mamawo nu, eye woma Levi viwo ɖe woƒe hatsotso me hena woƒe mawusubɔsubɔdɔwo le Yerusalem, abe ale si woŋlɔe ɖi ɖe Mose ƒe agbalẽa me ene.
19
Ɣleti gbãtɔ ƒe ŋkeke wui enelia gbe la, aboyometsolaawo ɖu Paska.
20
Nunɔlawo kple Levi viwo kɔ wo ɖokui ŋu ɖekae, eye wo katã ŋu kɔ. Ale wowu Paskalẽvi la na aboyometsolaawo katã kple wo tɔ nunɔlawo kpakple woawo ŋutɔ ɖokui.
21
Ame siwo ɖu nua la woe nye: Israelvi siwo katã gbɔ tso aboyo me kple ame siwo ɖe asi le anyigba la dzi dukɔawo ƒe kɔnu makɔmakɔwo me, eye wova be yewoasubɔ Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la kple aboyometsolaawo la.
22
Ale woɖu Amɔwɔ Maʋamaʋã Bolo Ŋkeke Nyui la kple aseyetsotso ŋkeke adrẽ elabe Aƒetɔ do dzidzɔ na wo, eye Aƒetɔ wɔe be Asiria-fia ƒe dɔme trɔ ɖe wo ŋu, ale be wòkpe ɖe wo ŋu le Israel ƒe Mawu la ƒe aƒe la tutu me.
← Chapter 5
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 7 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10