bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Ezra 2
Ezra 2
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 1
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 3 →
1
Azɔ anyigba la dzi tɔ siwo gbɔ va Yerusalem kple Yuda tso aboyo si me Babilonia-fia Nebukadnezar kplɔ wo yii le Babilonia lae nye esi: Ame sia ame yi wo dedu me.
2
Wogbɔ kple Zerubabel, Yesuya, Nexemya, Seraya, Reelaya, Mardoxai, Bilsan, Mizpar, Bigevai, Rexum kple Baana. Israel-dukɔ la ŋutsuwo ƒe xexlẽmee nye esi:
3
Pareos viŋutsuwo le ame akpe eve alafa ɖeka bla adrẽ vɔ eve.
4
Sefatya viŋutsuwo le ame alafa etɔ̃ bla adrẽ vɔ eve.
5
Arax viŋutsuwo le ame alafa adrẽ bla adrẽ vɔ atɔ̃.
6
Paxat-Moab viŋutsuwo siwo nye Yesua kple Yoab ƒe dzidzimeviwo la le ame akpe eve alafa anyi wui eve.
7
Elam viŋutsuwo le ame akpe ɖeka alafa eve bla atɔ̃ vɔ ene.
8
Zatu viŋutsuwo le ame alafa asieke bla ene vɔ atɔ̃.
9
Zakai viŋutsuwo le ame alafa adrẽ bla ade.
10
Bani viŋutsuwo le alafa ade bla ene vɔ eve.
11
Bebai viŋutsuwo le ame alafa ade bla eve vɔ atɔ̃.
12
Azgad viŋutsuwo le ame akpe ɖeka alafa eve bla eve vɔ eve.
13
Adonikam viŋutsuwo le ame alafa ade bla ade vɔ ade.
14
Bigevai viŋutsuwo le ame akpe eve bla atɔ̃ vɔ ade.
15
Adin viŋutsuwo le ame alafa ene bla atɔ̃ vɔ ene.
16
Ater viŋutsuwo siwo nye Xizkiya-hawo le ame bla asieke vɔ enyi.
17
Bezai viŋutsuwo le ame alafa etɔ̃ bla eve vɔ atɔ̃.
18
Yora viŋutsuwo le ame alafa ɖeka wui eve.
19
Xasum viŋutsuwo le ame alafa eve bla etɔ̃ vɔ etɔ̃.
20
Gibar viŋutsuwo le ame bla asieke vɔ atɔ̃.
21
Betlehem viŋutsuwo le ame alafa ɖeka bla eve vɔ atɔ̃.
22
Netofa-ŋutsuwo le ame bla atɔ̃ vɔ ade.
23
Anatot-ŋutsuwo le ame alafa ɖeka bla eve vɔ enyi.
24
Azmavet viŋutsuwo le ame bla ene vɔ eve.
25
Kiryat-Arim viŋutsuwo, Kefira viŋutsuwo kple Beerot viŋutsuwo le ame alafa adrẽ bla ene vɔ etɔ̃.
26
Rama viŋutsuwo kple Geba viŋutsuwo le ame alafa ade bla eve vɔ ɖekɛ.
27
Mixmas ŋutsuwo le ame alafa ɖeka bla eve vɔ eve.
28
Betel-ŋutsuwo kple Ai-ŋutsuwo le ame alafa eve bla eve vɔ etɔ̃.
29
Nebo viŋutsuwo le ame bla atɔ̃ vɔ eve.
30
Magbis viŋutsuwo le ame alafa ɖeka bla atɔ̃ vɔ ade.
31
Elam evelia viwo le ame akpe ɖeka alafa eve bla atɔ̃ vɔ ene.
32
Xarim viŋutsuwo le ame alafa etɔ̃ bla eve.
33
Lod viŋutsuwo, Hadid viŋutsuwo kple Ono viŋutsuwo le ame alafa adrẽ bla eve vɔ atɔ̃.
34
Yerixo viŋutsuwo le ame alafa etɔ̃ bla ene vɔ atɔ̃.
35
Senaa viŋutsuwo le ame akpe etɔ̃ alafa ade bla etɔ̃.
36
Nunɔlawoe nye: Yedaya, ame si tso Yesua ƒome la me la viŋutsuwo le ame alafa asieke bla adrẽ vɔ atɔ̃.
37
Imer viŋutsuwo le ame akpe ɖeka bla atɔ̃ vɔ eve.
38
Pasxur viŋutsuwo le ame akpe ɖeka alafa eve bla ene vɔ adrẽ.
39
Xarim viŋutsuwo le ame akpe ɖeka wui adrẽ.
40
Levi viwoe nye: Yesua kple Kadmiel, ame siwo tso Hodavia ƒe dzidzimeviwo dome la, viŋutsuwo le ame bla adrẽ vɔ ene.
41
Hadzilawoe nye Asaf viŋutsuwo siwo le ame alafa ɖeka bla eve vɔ enyi.
42
Agbonudzɔlawo viŋutsuwoe nye: Salum viŋutsuwo, Ater viŋutsuwo, Xatita viŋutsuwo kple Sobai viŋutsuwo; wo katã le ame alafa ɖeka bla etɔ̃ vɔ asieke.
43
Gbedoxɔ me dɔwɔlawoe nye: Zixa viŋutsuwo, Xasula viŋutsuwo, Tabaot viŋutsuwo.
44
Keros viŋutsuwo, Siaha viŋutsuwo, Padon viŋutsuwo.
45
Lebana viŋutsuwo, Xagaba viŋutsuwo, Akub viŋutsuwo,
46
Xagab viŋutsuwo, Samlai viŋutsuwo, Xanan viŋutsuwo,
47
Gidel viŋutsuwo, Gaxar viŋutsuwo, Reaya viŋutsuwo,
48
Rezin viŋutsuwo, Nekoda viŋutsuwo, Gazam viŋutsuwo,
49
Uza viŋutsuwo, Paseax viŋutsuwo, Besai viŋutsuwo,
50
Asna viŋutsuwo, Meunitɔwo viŋutsuwo, Nefusitɔwo viŋutsuwo,
51
Bakbuk viŋutsuwo, Xakufa viŋutsuwo, Xarxur viŋutsuwo,
52
Bazlut viŋutsuwo, Mexida viŋutsuwo, Xarsa viŋutsuwo,
53
Barkos viŋutsuwo, Sisera viŋutsuwo, Temax viŋutsuwo,
54
Neziax viŋutsuwo kple Xatifa viŋutsuwo.
55
Salomo ƒe subɔlawo ƒe dzidzimeviwoe nye: Sotai viŋutsuwo, Soferet viŋutsuwo, Peruda viŋutsuwo,
56
Yaala viŋutsuwo, Darkon viŋutsuwo, Gidel viŋutsuwo,
57
Sefatya viŋutsuwo, Xatil viŋutsuwo, Poxeret-Hazebayim viŋutsuwo kple Ami viŋutsuwo.
58
Gbedoxɔ me dɔwɔlawo katã kple Salomo ƒe subɔlawo viŋutsuwo le ame alafa etɔ̃ bla asieke vɔ eve.
59
Ame aɖewo tso Tel-Melax, Tel-Xarsa kple Kerub-Adan-Imer va, eye womete ŋu fia woƒe ƒome alo dzɔtsoƒe le Israelviwo dome o. Woawoe nye:
60
Delaya viŋutsuwo, Tobiya viŋutsuwo kple Nekoda viŋutsuwo. Wole ame alafa ade bla asieke vɔ eve.
61
Nunɔla aɖewo hã menya woƒe ƒome alo dzɔtsoƒe o. Woawoe nye: Xabaya viŋutsuwo, Hakoz viŋutsuwo kple Barzilai viŋutsuwo. Barzilai sia la, Gileadtɔ si ŋkɔe nye Barzilai vinyɔnue wòɖe, eye woyɔa nyɔnua ŋkɔ ɖe eŋu.
62
Ame siawo di wo tɔgbuiŋkɔ le dzidzimegbalẽawo me gake womekpɔe o, eya ta wobu wo be womekɔ̀ o, eye woɖe wo ɖa be womaɖu nunɔla o.
63
Anyigba dzikpɔla de se na wo be womekpɔ mɔ agaɖu vɔsanu kɔkɔetɔa ƒe ɖeke o, negbe nunɔla aɖe, ɖe wòtsɔ Urim kple Tumim va tso nya me hafi.
64
Ameha blibo la le ame akpe bla ene vɔ eve alafa etɔ̃ bla ade.
65
Woƒe dɔlaŋutsuwo kple dɔlanyɔnuwo mele xexlẽme sia me o. Woawo le akpe adrẽ alafa etɔ̃ bla etɔ̃ vɔ adrẽ. Woƒe ŋutsuhadzilawo kple nyɔnuhadzilawo le alafa eve.
66
Woƒe sɔwo le alafa adrẽ bla etɔ̃ vɔ ade, tedzisɔwo le alafa eve bla ene vɔ atɔ̃,
67
kposɔwo le alafa ene bla etɔ̃ vɔ atɔ̃, eye tedziwo le akpe ade alafa adrẽ bla eve.
68
Esi wova ɖo Aƒetɔ ƒe aƒe la gbɔ le Yerusalem la, ƒomeawo ƒe tatɔ aɖewo na nu kple lɔlɔ̃nu faa ɖe Mawu ƒe aƒe la ŋu, bene woagbugbɔe atu ɖe eteƒe.
69
Ame sia ame na nu ɖe eƒe ŋutete nu, wotsɔ de dɔwɔga la me. Nunanaawo le sika kilo alafa atɔ̃, klosalo kilo akpe eve alafa enyi kple nunɔlawo ƒe awu alafa ɖeka.
70
Nunɔlawo, Levi viwo kple ameawo dometɔ aɖewo nɔ Yerusalem kple eŋu duwo me, eye hadzilawo, agbonudzɔlawo kple gbedoxɔ me dɔwɔlawo yi ɖanɔ wo deduwo me. Ale Israel blibo la nɔ woƒe duwo me.
← Chapter 1
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 3 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10