bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Ezra 9
Ezra 9
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 8
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 10 →
1
Esi wowɔ nu siawo vɔ megbe la, amegãwo te ɖe ŋunye va gblɔ nam be: “Israelviwo, nunɔlawo kple Levi viwo meɖe wo ɖokui ɖe aga tso anyigbaa dzi dukɔwo, Kanaantɔwo, Xititɔwo, Perizitɔwo, Yebusitɔwo, Amontɔwo, Moabitɔwo, Egiptetɔwo kple Amoritɔwo ƒe ŋunyɔnuwo gbɔ o.
2
Elabe woawo ŋutɔ kple wo viŋutsuwo ɖe srɔ̃ tso dukɔ siawo ƒe nyɔnuwo dome ale be dukɔ kɔkɔe la ƒe ƒome tsaka wo ɖokui kple anyigba la dzi dukɔwo. Israelviwo ƒe amegãwo kple dukplɔlawo koŋ ye le ŋgɔ le nuteƒemawɔmawɔ sia me.”
3
Esi mese nya sia la, medze nye awu kple awu ʋlaya, nyɔ nye taɖa kple ge, bɔbɔ nɔ anyi hegbɔdzɔ kple nuxaxa.
4
Tete ame siwo katã dzidzi ƒo le nya siwo Israel ƒe Mawu la gblɔ ɖe aboyometsolaawo ƒe nuteƒemawɔmawɔ ŋu la va ƒo ƒu ɖe ŋunye. Mebɔbɔ nɔ anyi hegbɔdzɔ nenema, va se ɖe fiẽvɔsaɣi.
5
Le fiẽvɔsaɣi la, metso le nye nuxaxa la me; nye awu kple awu ʋlaya le dzedze ɖe ŋunye nenema. Tete medze klo, kè nye abɔwo me na Aƒetɔ, nye Mawu,
6
gblɔ be: “O nye Mawu, ŋu le kpeyem ale gbegbe. Esesẽ nam ŋutɔ be mawu mo dzi na wò, nye Mawu, elabe míaƒe vodadawo li kɔ́ gbɔ mía ta ŋu yi; míaƒe fɔɖiɖiwo kɔ ɖatɔ keke dziƒo ke.
7
Tso mía tɔgbuiwo ŋɔli va ɖo egbe la, míeɖi fɔ geɖe, eye le míaƒe vodadawo ta wotsɔ míawo ŋutɔ, míaƒe fiawo kple nunɔlawo de asi na anyigba dzi fiawo, na yi kple aboyoɖeɖe, na haha kple gbɔɖiɖi, abe ale si wògale egbe ene.
8
Ke le ɣeyiɣi ʋɛ siawo me la, Aƒetɔ, mía Mawu ve mía nu, eye wòsusɔ ame aɖewo ɖi na mí. Ena míekpɔ gome le eƒe nɔƒe kɔkɔe la me, bene mía Mawu nana be míaƒe ŋku dzi nakɔ, eye míakpɔ gbɔdzɔe vie le míaƒe kluvinyenye la me.
9
Elabe kluviwo míenye gake mía Mawu megblẽ mí ɖi le míaƒe kluvinyenye la me o, ke boŋ eɖe eƒe lɔlɔ̃ matrɔmatrɔ la fia mí, eye wòna Persia-fia na agbe ɖo mía me, ne míatu mía Mawu ƒe xɔ la, adzra eƒe aƒedowo ɖo, eye wòagakpɔ mía ta le Yudea kple Yerusalem.
10
“Ke fifia ɖe, mía Mawu, ale ke gblɔ ge míele le nu siawo megbe? Elabe míegblẽ wò seawo ɖi;
11
se siwo nède to wò dɔla gbeƒãɖelawo dzi be: ‘Anyigba si dzi mieva be yewoaxɔ la, anyigba makɔmakɔ wònye le edzinɔlawo ƒe nu makɔmakɔ wɔwɔ kple woƒe ŋunyɔnuwɔwɔ ta. Wotsɔ woƒe nu makɔmakɔ wɔwɔ yɔ anyigba blibo la katã dzi.
12
Eya ta migatsɔ mia vinyɔnuwo na wo viŋutsuwo woaɖe o, eye migaɖe wo vinyɔnuwo na mia viŋutsuwo o. Migadi ŋutifafa kple nyui na wo gbeɖe o, bene ŋusẽ naɖo mia ŋu, miaɖu anyigbaa dzi nu nyuitɔwo eye miagblẽ anyigba la ɖi na mia viwo, wòazu woƒe domenyinu tegbee.’
13
Le nu siwo katã dzɔ ɖe mía dzi le míaƒe nuwɔna vɔ̃ɖiwo kple míaƒe fɔɖiɖi gã la ta megbe la, míekpɔe be wò, mía Mawu, mèhe to na mí ɖe míaƒe dzidadawo nu abe ale si dze la ene o, eye nèna ame siawo susɔ na mí.
14
Ðe míagada wò seawo dzi ake, ade asi dukɔ siwo wɔa ŋunyɔnu siawo la me tɔwo ɖeɖe mea? Ðe màdo dziku ɖe mía ŋu ale gbegbe be nàtsrɔ̃ mí keŋkeŋ, ame aɖeke masusɔ alo atsi agbe oa?
15
O Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu, dzɔdzɔetɔ nènye; ke nèɖe mɔ be mí ame siawo míesusɔ fifia. Kpɔ ɖa, mí fɔɖilawo nye esi le ŋkuwò me, ame aɖeke mate ŋu anɔ te le ŋkuwò me le esia ta o.
← Chapter 8
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 10 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10