bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Ezra 3
Ezra 3
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 2
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 4 →
1
Azɔ Israelviwo katã le wo deduawo me. Le ƒè la ƒe ɣleti adrẽlia me la, dukɔ blibo la va ƒo ƒu ɖe Yerusalem.
2
Tete Yesua, Yozadak vi kple nɔvia nunɔlawo kpakple Zerubabel, Sealtiel vi kple nɔviawo tso, eye woɖi vɔsamlekpui na Israel ƒe Mawu la bene woasa numemevɔ nɛ le edzi abe ale si woŋlɔe ɖe Mose, Mawu ƒe ame ƒe se la me la ene.
3
Woda vɔsamlekpui la ɖe eƒe gɔmeɖokpeawo dzi tututu, elabe wovɔ̃ na dukɔ siwo dome wova le la, eye wosaa numemevɔ le edzi na Aƒetɔ ŋdi kple fiẽ.
4
Woɖu Agbadɔ Me Nɔnɔ Ŋkeke Nyui la abe ale si woŋlɔe ɖi be woaɖui la ene. Wosaa numemevɔ gbe sia gbe ɖe xexlẽme si woɖo ɖi na ŋkeke la nu.
5
Emegbe la, wosaa vɔ ɖoɖeanyi vovovowo: dzinu yeye vɔsa, Aƒetɔ ƒe ŋkeke kɔkɔeawo katã ƒe vɔsawo kple amewo ƒe lɔlɔ̃nu faa ƒe numemevɔsawo na Aƒetɔ.
6
Ale, tso ɣleti adrẽlia ƒe ŋkeke gbãtɔ gbe la, wodze numemevɔsasa gɔme na Aƒetɔ. Gake womekpɔ ɖo Aƒetɔ ƒe gbedoxɔ la gɔme anyi haɖe o.
7
Wotsɔ ga na gliɖolawo kple atikpalawo, eye wona nuɖuɖu, nunono kple ami Sidontɔwo kple Tirotɔwo be woatsɔ sederti tso Lebanon ato ƒu dzi va Yafo, abe ale si Persia-fia Kores ɖe gbe na woe ene.
8
Esi wogbɔ va Mawu ƒe xɔ la gbɔ le Yerusalem le ƒè evelia ƒe ɣleti evelia me la, Zerubabel, Sealtiel viŋutsu, Yerusa, Yozadak viŋutsu kple wo nɔvi mamlɛawo dze dɔ gɔme. Wo kple nunɔlawo, Levi viwo kple ame siwo katã tso aboyoa me va le Yerusalem lae dze dɔa gɔme. Wotsɔ Levi vi siwo xɔ ƒe bla eve kple edzi vɔwo la ɖo Aƒetɔ ƒe aƒe la ƒe dɔwo nu.
9
Ale Yesua kple via ŋutsuwo kpakple nɔviawo, Kadmiel kple via ŋutsuwo, Binui kple Hodavia, hekpe ɖe Xenadad viŋutsuwo ŋu, Levi viwo, wo viŋutsuwo kple wo nɔviwoe nye ame siwo wɔ dɔ le Mawu ƒe aƒea ŋu la dzikpɔlawo.
10
Esi xɔtulawo ɖo Aƒetɔ ƒe gbedoxɔa gɔme anyi vɔ la, nunɔlawo le woƒe awuwo me lé kpẽwo ɖe asi va ɖo ɖi. Levi viwo, ame siwo nye Asaf ƒe dzidzimeviwo, hã tsɔ gakogoewo ɖe asi vɛ hena Aƒetɔ kafukafu abe ale si Israel-fia David ɖoe ɖi la ene.
11
Wodzi kafukafuha kple akpedaha doɖaxetɔe na Aƒetɔ be: “Elabe enyo, eye eƒe lɔlɔ̃ mavɔ la, le Israel dzi tegbee.” Dukɔ blibo la katã xe haa kple ɣli bobobo hekafu Aƒetɔ elabe woɖo Aƒetɔ ƒe xɔ la gɔme anyi.
12
Ke nunɔlawo kple Levi viwo kpakple aƒekɔwo ƒe tatɔ dometɔ geɖe siwo tsi kpɔ gbedoxɔ gbãtɔ, wònɔ tsitre ɖe eƒe gɔmeɖoɖo dzi kpɔ la ya, fa avi hehehe esi wokpɔ gbedoxɔ yeye sia ƒe gɔmeɖoɖo. Ale, esime ame aɖewo le dzidzɔseye tsom la, ɖewo hã le avi dzi bobobo.
13
Dzidzɔseyea tɔtɔ kple avifafa sesẽ la ale gbegbe be womeganya kae nye ka o, eye hoowɔwɔ la ɖi de didiƒe ʋĩi.
← Chapter 2
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 4 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10