bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Ezra 8
Ezra 8
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 7
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 9 →
1
Aƒekɔwo ƒe tatɔ siwo gbɔ kplim tso Babilonia le fia Artaxsasta ƒe dziɖuɣi ŋkɔwo kple dzidzimeŋutinyae nye esi:
2
Ame si tso Pinehas viŋutsuwo domee nye Gersom. Ame si tso Itamar viŋutsuwo domee nye Daniɛl. Ame si tso David viŋutsuwo domee nye Xatus,
3
si tso Sexanya viŋutsu wo dome. Ame si tso Pareas viŋutsuwo domee nye Zaxarya, eye woŋlɔ ŋutsu alafa ɖeka bla atɔ̃ ŋkɔ kpe ɖe eŋu.
4
Ame si tso Paxat-Moab viŋutsuwo domee nye Elyoenai, si nye Zeraxya vi, eye ŋutsu alafa eve kpe ɖe eŋu.
5
Ame si tso Zatu viŋutsuwo domee nye Sexanya, Yexaziel vi, eye ŋutsu alafa etɔ̃ kpe ɖe eŋu.
6
Ame si tso Adin viŋutsuwo domee nye Ebed, Yonatan vi, eye ŋutsu bla atɔ̃ kpe ɖe eŋu.
7
Ame si tso Elam viŋutsuwo domee nye Yesaya, Atalya vi, eye ŋutsu bla adrẽ kpe ɖe eŋu.
8
Ame si tso Sefatya viŋutsuwo domee nye Zebadya, Mixael vi, eye ŋutsu bla enyi kpe ɖe eŋu.
9
Ame si tso Yoab viŋutsuwo domee nye Obadya, Yexiel vi, eye ŋutsu alafa eve wui enyi kpe ɖe eŋu.
10
Ame si tso Bani viŋutsuwo domee nye Selomit, Yosifya vi, eye ŋutsu alafa ɖeka bla ade kpe ɖe eŋu.
11
Ame si tso Bebai viŋutsuwo domee nye Zaxarya, Bebai vi eye ŋutsu bla eve vɔ enyi kpe ɖe eŋu.
12
Ame si tso Azgad viŋutsuwo domee nye Yehohanan, Hakatan vi, eye ŋutsu alafa ɖeka kple ewo kpe ɖe eŋu.
13
Ame siwo tso Adonikam viŋutsuwo dome va emegbe la ŋkɔwoe nye: Elifelet, Yeiel kple Semaya, eye ŋutsu bla ade kpe ɖe wo ŋu.
14
Ame siwo tso Bigevai viŋutsuwo dome la woe nye: Utai kple Zabud, eye ŋutsu bla adrẽ kpe ɖe wo ŋu.
15
Meƒo amewo nu ƒu ɖe tɔsisi si tsa yi Axava la nu, eye míeƒu asaɖa anyi ɖe afi ma ŋkeke etɔ̃. Esi melé ŋku ɖe ameawo kple nunɔlawo siaa dome la, nyemekpɔ Levi ƒe viŋutsu aɖeke o.
16
Eya ta mena woyɔ Eliezer, Ariel, Semaya, Elnatan, Yarib, Elnatan, Natan, Zaxarya kple Mesulam vɛ. Ame siawo nye kplɔlawo. Megana woyɔ Yoarib kple Elnatan, ame siwo nye nugɔmeselawo la,
17
eye medɔ wo ɖe Ido si nye tatɔ le du si woyɔna be Kasifya me la gbɔ. Mebe woagblɔ na Ido kple nɔviawo be woaɖo gbedoxɔ me subɔlawo ɖe mí ne woawɔ dɔ le mía Mawu ƒe aƒe la me.
18
Esi mía Mawu ƒe asi nyui le mía ŋu ta la, wokplɔ ŋutsu ɖɔŋuɖo aɖe si ŋkɔe nye Serebya kple viawo kpakple eƒe ƒometɔwo vɛ na mí. Wo katã le ame wui enyi. Serebya nye Mahli, Levi vi si nye Israel viŋutsu la, ƒe dzidzimevi.
19
Woɖo Xasabya kple Yesaya, siwo nye Merari ƒe dzidzimevi kple eƒe ƒometɔwo kpakple wo viŋutsuwo hã ɖa. Wo katã wole ame bla eve.
20
Hekpe ɖe ame siawo ŋu la, wokplɔ ame alafa eve bla eve vɛ. Ame siawo nye gbedoxɔ me dɔwɔla siwo fia David kple eŋumewo tia be woatsɔ dɔ na Levi viwo la ƒe dzidzimeviwo. Woŋlɔ wo katã ƒe ŋkɔ ɖi.
21
Tete meɖe gbeƒã le Ahava-tɔsisia to afi ma be míatsi nu adɔ, agbe nu le mía ɖokui gbɔ le mía Mawu ŋkume, aɖe kuku nɛ be wòakpɔ míawo ŋutɔ, mía viwo kple míaƒe nunɔamesiwo katã ta be mɔ me nakɔ na mí.
22
Elabe ekpe ŋu nam be mabia fiaa be nena asrafo kple sɔdzisrafo aɖewo mí ne woadzɔ mía ŋu le mɔzɔzɔa me tso futɔwo si me. Míegblɔ na fia la do ŋgɔ be: “Míaƒe Mawu nyoa dɔme na ame siwo katã dinɛ la, ke eƒe ŋusẽ kple dɔmedzoe vaa ame siwo katã gblẽnɛ ɖi la dzi.”
23
Ale míetsi nu dɔ, ƒo koko, di mía Mawu le esia ta, eye wòse míaƒe kukuɖeɖe.
24
Azɔ meɖe kpɔ nunɔla vevi wui eve, Serebya kple Xasabya kpakple wo nɔvi bubu ewo,
25
eye meda klosalo, sika kple gbedoxɔ me ŋudɔwɔnuawo, nu siwo fia kple eƒe adaŋumegãwo kpakple Israelvi siwo katã le Babilonia la dzɔ hena míaƒe Mawu ƒe aƒea la le wo ŋkume hetsɔ de asi na wo.
26
Nu siwo meda hetsɔ de wo si la woe nye: klosalo ton bla eve vɔ eve, klosalo ŋudɔwɔnu alafa ɖeka si kpe kilo bla adrẽ, sika si kpe kilo akpe etɔ̃ alafa ene,
27
sikagba bla eve siwo kpe abe kilo enyi kple afã ene, akɔbligba xɔasi eve siwo daa dzo abe sika ene eye woƒe home de sikatɔ nu.
28
Megblɔ na wo be: “Miele kɔkɔe na Aƒetɔ, eye gbedoxɔ me nuawo hã le kɔkɔe. Klosaloawo kple sikaawo nye lɔlɔ̃nununana faa na Aƒetɔ, mía tɔgbuiwo ƒe Mawu la.
29
Milé be na wo ne woanɔ dedie va se ɖe esime miagada wo le nunɔlagãwo kple Levi viwo kpakple aƒekɔwo ƒe tatɔwo ŋkume le Aƒetɔ ƒe aƒe la ƒe xɔwo me le Yerusalem.”
30
Tete nunɔlawo kple Levi viawo xɔ klosalo, sika kple ŋudɔwɔnu siwo woda la be woatsɔ wo ayi mía Mawu ƒe aƒe la me le Yerusalem.
31
Azɔ míedze mɔ tso Ahava-tɔsisi la to le ɣleti gbãtɔ ƒe ŋkeke wui evelia dzi ɖo ta Yerusalem. Mía Mawu kpɔ mía ta, eye wòɖe mí tso futɔwo kple ame siwo dea xa ɖe mɔ dzi la si me.
32
Míeva ɖo Yerusalem, eye míenɔ afi ma ŋkeke etɔ̃.
33
Le ŋkeke enea gbe la, woda klosalo, sika kple gbedoxɔ me nuawo le mía Mawu ƒe aƒe la me. Eyome wotsɔ wo de asi na nunɔla Meremot, Uriya vi, nunɔla Eleazar, Pinehas vi nɔ eteƒe, eye Levi vi siwo nye Yozabad, Yesua vi kple Noadya, Binui vi hã kpe ɖe wo ŋu.
34
Woxlẽ nuawo katã, da wo, eye woŋlɔ nu sia nu ƒe kpekpeme ɖi.
35
Tete aboyometsola siwo gbɔ la sa numemevɔ na Israel ƒe Mawu la. Wona nyitsu wui eve ɖe Israel blibo la nu. Wona agbo bla asieke vɔ ade kple alẽvi bla adrẽ vɔ adrẽ hã. Azɔ wona gbɔ̃tsu wui eve hena nuvɔ̃vɔsa. Nu siawo katã nye numemevɔsa na Aƒetɔ.
36
Wotsɔ fia la ƒe gbedeasia na fia ƒe dziɖula gã kple mɔ́mefia siwo le Tɔgodo Nutoa me, eye wodo alɔ dukɔ la kple Mawu ƒe aƒe la.
← Chapter 7
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 9 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10