bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Ezra 7
Ezra 7
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 6
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 8 →
1
Azɔ le nya siawo megbe, esime Persia-fia Artaxsasta le fia ɖum la, Ezra ho va. Enye Seraya viŋutsu, ame si nye Azarya viŋutsu, ame si nye Xilkiya viŋutsu,
2
ame si nye Salum viŋutsu, ame si nye Zadok viŋutsu, ame si nye Axitub viŋutsu,
3
ame si nye Amarya viŋutsu, ame si nye Azarya viŋutsu, ame si nye Merayot viŋutsu,
4
ame si nye Zeraxya viŋutsu, ame si nye Uzi viŋutsu, ame si nye Buki viŋutsu,
5
ame si nye Abisua viŋutsu, ame si nye Pinehas viŋutsu, ame si nye Eleazar viŋutsu, ame si nye nunɔlagã Aron viŋutsu la.
6
Ezra siae ho tso Babilonia va. Enye agbalẽfiala, eye wòbi ɖe Mose ƒe se si Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la de la me. Fia la na nu siwo katã wòbia lae, elabe Aƒetɔ, eƒe Mawu ƒe asi le dzi.
7
Israelviwo ƒe ha aɖe, siwo dome nunɔlawo, Levi viwo, hadzilawo, agbonudzɔlawo kple gbedoxɔ me dɔwɔlawo nɔ la hã gbɔ kplii va Yerusalem
8
le Babilonia-fia Artaxsasta ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒè adrẽlia me. Eva ɖo Yerusalem le ɣleti atɔ̃lia me le fia la ƒe fiaɖuɣi ƒe ƒè adrẽlia me.
9
Ezra dze mɔ tso Babilonia le ɣleti gbãtɔ ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi, eye le ɣleti atɔ̃lia ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi la, eva ɖo Yerusalem elabe eƒe Mawu ƒe amenuveve nɔ edzi.
10
Ezra ɖoe kplikpaa be yeadzro Aƒetɔ ƒe se la me, azɔ ɖe enu, eye yeafia eƒe ɖoɖowo kple kɔnuwo le Israel.
11
Agbalẽ si fia Artaxsasta ŋlɔ de asi na nunɔla Ezra ame si nye agbalẽfiala, eye wònya Aƒetɔ ƒe se kple ɖoɖowo na Israel tsitotsito lae nye esi:
12
“Nye Artaxsasta, fiawo dzi fiae le esia ŋlɔm na nunɔla Ezra si nye dziƒo Mawu la ƒe sefiala. Ŋutifafa na wò!
13
Nyee de se sia be Israel-dukɔmetɔ siwo katã le nye fiaɖuƒe me, nunɔlawo, Levi viwo, wo katã dome ame sia ame si lɔ̃ be yeayi Yerusalem la ko la neyi kpli wò faa.
14
Elabe nye, fia la ŋutɔ kple nye adaŋudela adrẽawoe dɔ wò ɖa be nàtsɔ wò Mawu ƒe se si le asiwò la adzro Yuda kple Yerusalem ƒe nyawo me akpɔ.
15
Nàtsɔ klosalo kple sika siwo nye kple nye adaŋudelawo míena faa la ɖana Israel ƒe Mawu si ƒe nɔƒe le Yerusalem la.
16
Nenema ke nàtsɔ klosalo kple sika siwo katã nàkpɔ le Babilonia ƒe nutowo katã me kple nu siwo Israelviwo ŋutɔ kple nunɔlawo ana faa ɖe woƒe Mawu ƒe aƒe si le Yerusalem ŋu la hã yii.
17
Nàtsɔ ga sia ƒle nyitsuwo, agbowo, alẽviwo kple wo ŋu nuɖuɖuvɔsanuwo kple nunonovɔsanuwo kple beléle tɔxɛ, eye nàtsɔ wo sa vɔe le miaƒe Mawu ƒe aƒe si le Yerusalem la ƒe vɔsamlekpui dzi.
18
Nu sia nu si dze mia kple nɔviwòwo ŋu miebe yewoatsɔ klosalo kple sika awɔe la, miwɔe le mia Mawu ƒe lɔlɔ̃nu nu.
19
Nàtsɔ kplu kple gbedoxɔ me nu bubu siwo wotsɔ na wò be woawɔ wo ŋudɔ le subɔsubɔ me le wò Mawu ƒe aƒe la me la na le Yerusalem Mawu la ŋkume.
20
Ne nane gahiã le Mawu ƒe aƒe la ŋu si wòle be nàwɔ la, nàxɔ ga tso fia ƒe gaɖaka me wɔe faa.
21
“Azɔ nye, fia Artaxsasta meɖe gbe na fia ƒe gadzikpɔla siwo le Tɔgodo Nutome la be nu sia nu si nunɔla Ezra, dziƒo Mawu la ƒe sefiala abia tso mia si la, minae wòade tututu;
22
minae va se ɖe klosalo kilo akpe atɔ̃, lu kilo akpe bla etɔ̃, wain lita akpe ene, ami lita akpe ene kple dze ale sinu wodi ko la dzi.
23
Nu sia nu si dziƒo Mawu la di be woawɔ le yeƒe xɔa ŋu ko la, miwɔe wòade pɛpɛpɛ. Nu ka ta eƒe dɔmedzoe ava nye fia kple vinyewo ƒe fiaɖuƒe dzi?
24
Mele nyanya nam mi hã be ame aɖeke mekpɔ mɔ axɔ nudzɔdzɔ, adzɔ alo mɔtaho le nunɔlawo, Levi viwo, gbedoxɔ me hadzilawo, agbonudzɔlawo, gbedoxɔ me dɔwɔlawo kple Mawu ƒe aƒe sia me subɔla bubu aɖeke si o.
25
“Azɔ wò Ezra, nàɖo kodzoɖilawo kple ʋɔnudrɔ̃lawo ɖe Mawu ƒe nunya si wòna wò la nu, ne woakplɔ ame siwo katã nya wò Mawu la ƒe seawo le Tɔgodo Nutoa me, eye nàfia sea ame siwo menya wo o la hã.
26
Ne ame aɖe gbe be yemawɔ wò Mawu ƒe se kple fia la ƒe se dzi o la, wonehe to si dzee la nɛ. Nenye ɖe woawui, alo anyae dzoe le dukɔa me, alo axɔ eƒe nunɔamesiwo le esi, alo adee gaxɔ me la, woawɔe ɖe eteƒe tututu.”
27
Ezra gblɔ be: “Mekafu Aƒetɔ, mía tɔgbuiwo ƒe Mawu, ame si de susu fia ƒe tame be woade bubu Aƒetɔ ƒe aƒe si le Yerusalem ŋu,
28
eye wòɖe eƒe lɔlɔ̃ gã sinu metsina o la fiam le fia kple eƒe adaŋudelawo kpakple amegã ŋusẽtɔ siwo katã le eŋu la ŋkume. Azɔ dzi ɖo ƒonye elabe Aƒetɔ, nye Mawu ƒe amekplɔsi li kplim. Ale meƒo Israelviwo ƒe kplɔlawo nu ƒu, be woayi kplim.
← Chapter 6
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 8 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10