bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
2 Corinthians 1
2 Corinthians 1
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 2 →
1
Agbalẽ sia tso nye Paulo, Kristo Yesu ƒe amedɔdɔ kple mía nɔvi Timoteo gbɔ. Mawu ƒe didie wònye be meva zu amedɔdɔ. Míele eŋlɔm ɖo ɖe Mawu ƒe hame si le Korinto kple Mawu ƒe ame siwo katã le Axaya-nuto blibo la me.
2
Mawu mía Tɔ́ kple mía Aƒetɔ Yesu Kristo neve mia nu, eye woana ŋutifafa mi.
3
Woakafu Mawu, mía Aƒetɔ Yesu Kristo Tɔ́ la. Tɔ́ sia nye nublanuikpɔla, eye wònye Mawu si faa akɔ na mí le nu sia nu me.
4
Efaa akɔ na mí le míaƒe fukpekpewo katã me, ale be míate ŋu atsɔ akɔfafa si míexɔ tso egbɔ la, afa akɔe na ame bubu siwo le fu kpem la.
5
Elabe esi míawo hã míele fu geɖe kpem abe ale si Kristo kpee ene la, nenema ke Mawu to Kristo dzi faa akɔ na mí ŋutɔ, abe ale si wòfae na Kristo hã ene.
6
Nenye be wowɔ fu mí la, ɖe wowɔ fu mí ale be Mawu nafa akɔ na mi, eye wòaxɔ mi ɖe agbe. Ne wofa akɔ na mí la, ɖe wofa akɔ na mí ale be Mawu nafa akɔ na mi, ne miete ŋu nɔ te sesĩe le miaƒe fukpekpewo me, abe ale si míawo hã míewɔna le fukpekpe mawo tɔgbe ke me la ene.
7
Míenya be miekpea fu abe míawo ke ene. Míaƒe mɔkpɔkpɔ si naneke mate ŋu aɖe ɖa o lae nye be woafa akɔ na mi, abe ale si woafae na míawo hã ene.
8
Nɔviwo, míedi be mianya nu le xaxa si me míeɖo le Asia la ŋu nyuie. Wowɔ fu mí ale gbegbe be ŋusẽ va vɔ le mía ŋu keŋ, eye míeganya be míatsi agbe gɔ̃ hã o.
9
Le nyateƒe me la, eva wɔ na mí abe ɖe wotso kufia na mí ene. Esia va eme bene míate ŋu aɖo dzi ɖe Mawu, ame si ko fɔa ame kukuwo ɖe tsitre ŋu, ke menye ɖe míawo ŋutɔ mía ɖokui ŋu o.
10
Eɖe mí tso ŋɔdzi gã si kú do na mí la me, eye egale mía ɖe ge godoo. Mawu sia kee míele mɔ kpɔm na be egale mía ɖe ge.
11
Miawo hã mikpe ɖe mía ŋu, miado gbe ɖa, ale be ame geɖewo nada akpe na Mawu na mí be eve mía nu heɖo míaƒe gbedodoɖa geɖewo ŋu.
12
Nenye be nane li, si míatsɔ aƒo adegbee la, eyae nye be míaƒe dzitsinya ɖia ɖase be míenɔa agbe nyuie le amewo katã ŋkume, vevietɔ le mia dome. Menye amegbetɔ ƒe nunya me esia tso o, ke boŋ Mawue vea mía nu nana be míekɔa dzime faa hetoa nyateƒe.
13
Nya si miate ŋu axlẽ ahase egɔme ɖeɖe ko míeŋlɔ ɖo ɖe mi. Ke mele mɔkpɔkpɔ me be miava se mía gɔme bliboe le nuwuwu.
14
Eme kɔ be fifia la, miese míaƒe nuwɔnawo gɔme nyuie, ale be le Aƒetɔ Yesu ƒe ŋkeke la dzi la, miate ŋu atsɔ mí aƒo adegbee, eye míawo hã míate ŋu atsɔ mi aƒo adegbee.
15
Nu sia dzie meka ɖo tae meɖoe gbã be mava kpɔ mi ɖa hafi. Ɖe medi be mave mia nu zigbɔzi eve sɔŋ hafi.
16
Gbã mava kpɔ mi ɖa, ne meyina ɖe Makedonia, emegbe ne metrɔ tso afi ma gbɔna la, magato mia gbɔ, ne miado mɔm mayi Yudea.
17
Esi meɖo be mawɔ esia ɖe, edzé abe ɖe mele ame aɖe flum enea? Ɖe mewɔa nye ɖoɖowo abe xexemetɔwo ene agblɔ be “Ẽ” agagblɔ be “O” le nukeke ɖeka ma ke mea?
18
Abe ale si Mawu wɔa eƒe nya dzi ene la, míawo hã míaƒe “Ẽ” na mi metrɔna zua “O” o.
19
Mawu Vi, Yesu Kristo, ame si nye ŋutɔ, Silvano kple Timoteo míeɖe gbeƒãe le mia dome la, menye ame si lɔ̃na be, “Ẽ” vɔ wònye “O” o. “Ẽ” ɖeɖe koe le eyama me.
20
Mawu ƒe ŋugbedodoawo katã va zu “Ẽ” le eyama me. Esia tae mielɔ̃a Amen to eyama dzi tsɔna kafua Mawui ɖo.
21
Mawue nye ame si doa ŋusẽ míawo kple miawo siaa le ha si dem míele kple Kristo la me. Eyae nye ame si tia mí,
22
de dzesi mí be ye tɔe míenye, eye wòtsɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la de míaƒe dziwo me, abe kpeɖodzinu ene na nu siwo miava xɔ la.
23
Mawu nye ɖasefo le nye kple miawo dome be nublanuie mekpɔ na mi, eya ta nyemegava Korinto o ɖo.
24
Menye ɖe míebe míate nu si míexɔ se la ɖe mia dzi o, elabe miaƒe xɔse le te sesĩe xoxo. Ke ɖeko míele dɔ wɔm kpli mi, ale be miakpɔ dzidzɔ.
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 2 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13