bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
2 Corinthians 11
2 Corinthians 11
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 10
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 12 →
1
Taflatsɛ, mele movinu aɖe wɔ ge. Mise egɔme nam. Migabui vɔ̃e nam fũu o.
2
Mele ŋu ʋãm, abe ale si Mawu ʋãa ŋui la ene ɖe mia ta. Metsɔ mi abe ɖetugbi dzadzɛ, si mede ŋutsu gbɔ kpɔ o la ene na Kristo be wòaɖe, eye be eya ɖeka ko nanye mia srɔ̃ŋutsu.
3
Ke mele vɔvɔ̃m be abe ale si da tsɔ aye ble Eva ene la, wole susu tɔtɔ ge na miawo hã, ale be miagate ŋu ato nyateƒe na Kristo asubɔe kple dzi dzadzɛ o.
4
Ne ame aɖe va ɖe gbeƒã Yesu bubu, si to vovo tso esi míeɖe gbeƒãe na mi la gbɔ, alo miexɔ gbɔgbɔ bubu, si to vovo tso esi miexɔ tsã la gbɔ, alo miexɔ nyanyui aɖe, si to vovo tso esi miexɔ la gbɔ la, ekema miedze agbagba do dzi xɔe kaba akpa!
5
Nyemebu be amedɔdɔ deŋgɔ mawo nyo wum le go aɖeke me kura o.
6
Ne nyemete ŋu ƒoa nu nyuie o hã la, menya nu tso nu geɖe ŋu ya nyuie. Le nyateƒe me la, míena esia me kɔ na mi ƒãa le nu sia nu me le go sia go me.
7
Esi meɖe gbeƒã Mawu ƒe Nyanyui la na mi la, nyemexɔ naneke le mia si o. Mebɔbɔ ɖokuinye ɖe anyi boŋ be woado miawo ɖe dzi. Esia nye nuvɔ̃ mewɔa?
8
Mewɔ nu siwo mexɔ tso hame bubuwo gbɔ la ŋudɔ tsɔ kpe ɖe mia ŋui. Woate ŋu agblɔ be mefi wo tsɔ vɛ na mi.
9
Esi menɔ mia dome, eye hiã tum la, nyemeɖe fu na ame aɖeke o. Nɔvi siwo tso Makedonia va lae di nu siwo hiãm la nam. Ale megbe nyemeɖe fu na ame aɖeke le naneke me o, eye nyemawɔe hã o.
10
Zi ale si Kristo ƒe nyateƒe la le menye ko la, naneke mate ŋu axe mɔ nam, ale be nyematsɔ esia aƒo adegbee le Axaya-nutoawo me o.
11
Nu ka tae? Be nyemelɔ̃ mi o taa? Mawu nya be melɔ̃ mi.
12
Ke nu si wɔm mele la, mayi edzi, ale be maɖe kè le ame siwo gblɔna dàdatɔe be ale si yewowɔa dɔe la sɔ kple mía tɔ la te.
13
Amedɔdɔ alakpatɔwoe nye ame siawo, dɔwɔla ameblelawoe. Wowɔ wo ɖokui abe Kristo ƒe amedɔdɔwoe wonye ene.
14
Ẽ, mewɔ nuku o, elabe Satana ŋutɔ gɔ̃ hã trɔa eɖokui abe kekeli ƒe mawudɔla ene.
15
Ale mewɔ mo yaa kura be eƒe dɔlawo hã natrɔ wo ɖokui abe dɔla siwo wɔa nu dzɔdzɔe la ene o. Woƒe nuwuwu asɔ kple woƒe nuwɔnawo.
16
Megale egblɔm ake be ame aɖeke megabu be movitɔe menye o. Evɔ ne miegabum nenema hã la, ekema mixɔm abe movitɔ ene, ale be nye hã mate ŋu aƒo adegbe vi aɖe.
17
Le nyateƒe me la, nya si gblɔm mele la, menye Aƒetɔ lae na ŋusẽm be magblɔe o, ke mele egblɔm abe ale si dzi ɖoa movitɔ ƒo, wòƒoa adegbee la ene.
18
Esi wònye xexemenuwoe ame geɖewo tsɔna ƒoa adegbee ta la, nye hã matsɔ wo aƒoe.
19
Esi wònye nunyalawo mienye ta la, miegbɔa dzi blewuu hesea nya me na movitɔwo.
20
Ne ame aɖe tsɔ mi wɔ kluvii, alo wɔ nu vevi mi, alo ba mi, alo amea mekpɔ mi ɖe naneke me o la, ɖeko miegbɔa dzi ɖi nɛ.
21
Enye ŋukpe nam be malɔ̃ ɖe edzi be míegbɔdzɔ nenema gbegbe. Ke nu sia nu si ame aɖe do dzi be yeatsɔ aƒo adegbee la, (mele esia gblɔm abe movitɔ ene) nye hã mado dzi atsɔe aƒoe.
22
Ame siawo ɖe, Hebritɔwo wonye loo? Nye hã Hebritɔ menye. Israelviwo wonye loo? Nye hã Israelvi menye. Abraham tɔgbuiyɔviwo wonye loo? Nye hã Abraham tɔgbuiyɔvi menye.
23
Kristo ƒe dɔlawo wonye loo? Menye Kristo ƒe dɔla nyui wu wo. (Mele nu ƒom abe ame si ƒe tagbɔ da la ene.) Mewɔ dɔ sesĩe wu wo. Wodem gaxɔ me zi geɖe wu wo. Zi ale si woƒom la, mele xexlẽ me o, eye enuenu la, meɖoa kudo nu gɔ̃.
24
Zigbɔzi atɔ̃ sɔŋ Yudatɔwo ƒom, ati bla etɔ̃ vɔ asieke.
25
Romatɔwo ƒom kple woƒe ameƒoti zigbɔzi etɔ̃. Woƒu kpem zi ɖeka. Meɖo tɔdziʋu zigbɔzi etɔ̃ wògbã; zã blibo kple ŋkeke blibo metsi ƒu dzi.
26
Enuenu ne mele mɔ zɔm la, tɔ dea lénye ge; meɖoa ŋɔdzi me le adzodalawo, mía de Yudatɔwo kple ame siwo menye Yudatɔwo o la hã si me. Meɖoa ŋɔdzi me le du me, gbedadaƒo kple ƒu dzi siaa. Nenema ke meɖoa ŋɔdzi me le nɔvi alakpatɔwo hã si me.
27
Meku kutri wɔ dɔ sesĩe; metsi zãdomadɔlɔ̃e zi geɖe. Enuenu nuɖuɖu menɔa asinye o; dɔ kple tsikɔ wuam. Vuvɔ wɔam, eye nyemekpɔa teƒe aɖeke nɔna, alo kpɔa naneke dona o.
28
Nyemedi be maƒo nu le nu bubuwo ya ŋu o. Ke metsia dzodzodzoe gbe sia gbe elabe hameawo ƒe nyawo te ɖe dzinye.
29
Ne ame aɖe gbɔdzɔ la, nyee gbɔdzɔ wu. Ne wokplɔ ame aɖe de nuvɔ̃ me la, dziku wònyena nam.
30
Ne mebe maƒo adegbe la, nu siwo me megbɔdzɔ le la woe matsɔ aƒo adegbee.
31
Mawu si nye Aƒetɔ Yesu Tɔ́, ame si wokafuna tso mavɔ me yi mavɔ me la, nya be nyemele aʋatso kam o.
32
Le Damasko la, mɔ́mefia si le dua me ɖe Fia Areta teƒe la, na dzɔlawo nɔ dua ŋu dzɔm be woalém.
33
Ke amewo tsɔm de kusi me, ɖiɖim ɖe anyi to fesre nu le dua ƒe gli ŋu, eye mesí dzo le egbɔ.
← Chapter 10
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 12 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13