bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
2 Corinthians 2
2 Corinthians 2
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 1
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 3 →
1
Ale meɖoe be nyemegale mia gbɔ va ge bene miase veve o.
2
Elabe ne mena miese veve la, ame kae gale dzidzɔ do ge nam? Menye miawo koe oa?
3
Esia tae meŋlɔ agbalẽa na mi nenema ɖo, ale be ne meva mia gbɔ la, ame siwo wòdze be woado dzidzɔ nam la dometɔ aɖeke mana maxa nu o. Elabe menya mi nyuie ate ŋu agblɔ be, ne mele dzidzɔ kpɔm la, ekema miawo hã miekpɔa dzidzɔ.
4
Dzi kpekpe, nuxaxa kple aɖatsi geɖe metsɔ ŋlɔ agbalẽa na mi. Nyemeŋlɔe be mana miaxa nu o, ke boŋ be mianya ale si gbegbe melɔ̃ mii.
5
Ne ame aɖe na mese veve la, me nye nyee wòna mese veve o, ke boŋ, ne nye magblɔe akpa o la, mi katãe woka.
6
Esɔ gbɔ be mia dome akpa gãtɔ he to na ame sia xoxo.
7
Ke nu si wòle be miawo miawɔ fifia lae nye be miatsɔ nu si wòwɔ la akee, ahado ŋusẽe boŋ, ale be nuxaxa fũu akpa nagana wòayi to keŋkeŋ o.
8
Ale mele kuku ɖem na mi be miɖo kpe edzi nɛ be yewolɔ̃e vevie.
9
Nu sia ta koŋ ye meŋlɔ agbalẽa na mi ɖo, be matsɔ ado mi akpɔ be mieɖoa to le nu sia nu me mahã.
10
Ne mietsɔ ame aɖe ƒe nu si wòwɔ la kee la, nye hã metsɔe kee. Le nyateƒe me la, nenye be metsɔ ame aɖe ƒe nu si wòwɔ la kee tututu la, mia tae metsɔe kee ɖo, abe ale si mawɔe le Kristo ŋkume la ene.
11
Mewɔ esia, ale be Abosam nagaba mí o, elabe míenya eƒe ayemɔwo nyuie.
12
Esi meva ɖo Troa be maɖe gbeƒã Kristo ƒe Nyanyuia la, mekpɔ be mɔ ʋu nam siaa be mawɔ dɔ na Aƒetɔ la le afi ma.
13
Ke nye dzi medze eme o, elabe nyemekpɔ nɔvinye Tito le afi ma o. Ale meklã ameawo hetso eme yi ɖe Makedonia.
14
Akpe na Mawu si nana mièɖua dzi godoo le Kristo me eye wòɖe eƒe sidzedze ƒe ʋeʋe lilili la ɖe go fia to mía dzi le afi sia afi.
15
Le nyateƒe me la, ɖe míele abe Kristo ŋutɔ ƒe ʋeʋẽ lílilĩ ene na Mawu, eye míekaka ɖe ame siwo Mawu xɔna ɖe agbe kple ame siwo le tsɔtsrɔ̃m siaa la dome.
16
Ʋeʋẽ sia he agbe vɛ na ame siwo xɔm wole ɖe agbe la, ke ame siwo dze na ku ya la, ʋeʋẽ la zu ku na wo. Ame kae dze ate ŋu awɔ dɔ sia?
17
Míawo ya la, míele abe ame geɖe, siwo tsɔa Mawu ƒe gbedeasi la abe nu kpotoe dzadzra ko ene o. Esi wònye Mawue tia mí ta la, míewɔ ɖeka kple Kristo, eye míeƒoa nu nyateƒetɔe le Mawu ŋkume.
← Chapter 1
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 3 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13