bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
2 Corinthians 5
2 Corinthians 5
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 4
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 6 →
1
Elabe míenya be, ne wokaka míaƒe anyigbadzigbadɔ sia, si me míele fifia, esi nye míaƒe ŋutilã hã la, xɔ sesẽ bubu le mía si le dziƒowo le Mawu gbɔ. Eya la, menye asi wotsɔ tui o, eye wònye aƒe si anɔ anyi ɖaa.
2
Le nyateƒe me la, fifi gɔ̃ hã míeɖea hũ, eye míedina vevie be woana míaʋu ayi ɖe aƒe si le mía si le dziƒo la me,
3
ale be ne wona míeʋu yi xɔ sia me la, míegale amama tsi ge o.
4
Elabe esime míegale agbadɔ sia me ko la, míele hũɖeɖe dzi hetsi dzi. Menye esi míele didim be woaɖe anyigbadziŋutilã sia le mía ŋu ta o, ke boŋ be woatsɔ dziƒotɔ ado na mí, ale be nu si le agbe la nava xɔ nu si kuna la teƒe keŋkeŋ.
5
Mawue nye ame si trɔ asi le mía ŋu na nu sia tututu da ɖi, eye wòtsɔ eƒe Gbɔgbɔ la na mí abe kpeɖodzinu ene.
6
Eya ta dzi le mía ƒo ɖaa, elabe míenya be, zi ale si ŋutilã sia ganye aƒe na mí ko la, míele adzɔge tso Aƒetɔ la gbɔ.
7
Elabe míezɔna le xɔse me, menye le nukpɔkpɔ me o.
8
Dzi le mía ƒo, eye míedi be míado go le ŋutilã sia me boŋ, ne míadzo aɖanɔ aƒe le Aƒetɔ la gbɔ.
9
Eya ta aƒee míeɖale o, nugbee míeɖale o, míaƒe taɖodzinu koe nye be míawɔ nu si adze eŋu.
10
Elabe ele na mí katã be míado ɖe Kristo ŋkume, be wòadrɔ̃ ʋɔnu mí. Ame sia ame laxɔ fetu si dze nɛ la, nyui alo vɔ̃, le agbe si ƒomevi wònɔ le ŋutilã sia me la nu.
11
Ale esi míenya ale si woavɔ̃ Aƒetɔ lae ta la, míeƒonɛ ɖe amewo hã nu be woavɔ̃e. Mawu ya nya ale si tututu míele, eye mexɔ se be miawo hã mienya mí le miaƒe dzime ke.
12
Menye ɖe míegale mía ɖokui kafum na mi ake o, ke boŋ ɖe míele mɔnukpɔkpɔ sia nam mi be miatsɔ mí aƒo adegbee. Míewɔ esia, ale be miate ŋu akpɔ nya aɖo eŋu na ame siwo tsɔa ame ƒe dzedzeme ko ƒoa adegbee, ke menye nu si le eƒe dzime la o.
13
Elabe ne míaƒe tagbɔ gblẽ la, Mawu tae wògblẽ ɖo. Ne míaƒe susu le te la, miawo tae wòle te ɖo.
14
Kristo ƒe lɔlɔ̃e ɖu mía dzi, elabe eme kɔ ƒãa na mí be ame ɖeka koe ku ɖe amewo katã ta, eye esia fia be amewo katãe ku.
15
Ame sia ku na amewo katã, ale be ame siwo le agbe la, naganɔ agbe na wo ɖokui o, ke boŋ na ame si ku, eye wofɔe ɖe tsitre le wo ta la ɖeɖe ko.
16
Ale tso azɔ heyi la, míegatsɔa amegbetɔ ƒe susu tsoa nya me le ame aɖeke ŋu o. Togbɔ be míetsɔ amegbetɔ ƒe susu tso nya me le Kristo ŋu kpɔ hã la, míegawɔnɛ azɔ o.
17
Eya ta ne ame aɖe wɔ ɖeka kple Kristo la, ezu nuwɔwɔ yeye. Nuwɔwɔ xoxotɔ la nu va yi, yeyetɔ lae va ɖo.
18
Mawue wɔ nu siawo katã. Eyae to Kristo dzi lé avu le mí kple eya ŋutɔ ɖokui dome, eye wòna subɔsubɔdɔ sia mí, be míawɔ ame bubuwo hã woava zu exɔlɔ̃wo.
19
Nya lae nye be Mawu to Kristo dzi lé avu le amegbetɔ kple eya ŋutɔ ɖokui dome. Mebu amegbetɔ ƒe vodada nɛ o, ke boŋ etsɔ dɔ sia de asi na mí be míaɖe gbeƒã be yedzra ye kple amegbetɔwo dome ɖo.
20
Ale míenye Kristo ƒe amedɔdɔwo. Mawu to mía dzi le nu xlɔ̃m mi. Eya ta míele Kristo teƒe le kuku ɖem na mi be mina woadzra mi kple Mawu dome ɖo.
21
Togbɔ be Kristo mewɔ nuvɔ̃ aɖeke kpɔ o hã la, Mawu na wòzu nuvɔ̃me ɖe mía teƒe, ale be ne míewɔ ɖeka kplii la, Mawu nabu mí be míele dzɔdzɔe.
← Chapter 4
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 6 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13