bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
2 Corinthians 12
2 Corinthians 12
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 11
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 13 →
1
Togbɔ be viɖe aɖeke mele adegbeƒoƒo me o hã la, ele nam be maƒo adegbe. Azɔ maƒo nu le ŋutega siwo Aƒetɔ la na mekpɔ kple nu siwo wòɖe fiam la ŋu.
2
Menya ŋutsu aɖe si nye Kristotɔ. Ƒe wui ene nye esi va yi la, wokɔe kpata yi dziƒo etɔ̃lia ke. Nenye ŋutilã mee wònɔ de alo menye ŋutilã mee o hã la, nyemenya o. Mawue nya.
3
Mebe menya be wokɔ ŋutsu sia yi ɖe Paradiso mee, ke nenye ŋutilã mee wònɔ de alo menye ŋutilã mee o hã la, nyemenya o. Mawue nya.
4
Ŋutsu sia se nya siwo ame mate ŋu agblɔ afia o, eye womate ŋu ake nu agblɔ o.
5
Ale maƒo adegbe le ame sia ŋu, ke manye le nye ŋutɔ ɖokuinye ya ŋu o. Ne maƒo adegbe le ɖokuinye ŋu hã la, nu siwo fia be ŋusẽ aɖeke mele ŋunye o la ŋu ko maƒoe le.
6
Evɔ ne mebe maƒo adegbe le ɖokuinye ŋu la, nyemaƒoe abe movitɔ ene o, elabe nu si magblɔ la, anye nyateƒe ɖeɖe sɔŋ. Ke nyemaƒo adegbe o, elabe ame aɖe ava bu be menye amegã wu ale si mele, eye eƒe susu le ŋunye masɔ kple nu si wòkpɔ le ŋunye, alo wòse le ŋunye la o.
7
Eya ta, be nyemagado ɖokuinye ɖe dzi tso nu geɖe, siwo Mawu ɖe fiam ŋuti o la, wode dɔ si le abe ŋu ene la, lã me nam. Dɔ sia zu Satana ƒe dɔla le lã me nam, eye wòɖea fu nam vevie, bene nyemagado ɖokuinye ɖe dzi akpa o.
8
Zigbɔzi etɔ̃ sɔŋ meɖe kuku na Mawu be wòana mavo tso dɔléle sia si me.
9
Ke ɖeko wògblɔ nam be, “Amenuvenu si nèkpɔ tso gbɔnye la sɔ gbɔ na wò, elabe nye ŋusẽ dzena ƒãa, ne ŋusẽ aɖeke mele ame ŋutɔ ŋu o.” Eya ta matsɔ nu siwo na be ŋusẽ mele ŋunye o la ko aƒo adegbee dzidzɔtɔe geɖe wu, bene Kristo ƒe ŋusẽ naxɔ aƒe ɖe menye.
10
Esia ta ne ŋusẽ vɔ le ŋunye, eye wole dzuyem, alo mele fu kpem, alo woti yonyeme, alo nuwo mele edzi dzem nam nyuie o la, meɖea dzi ɖi le Kristo ta. Elabe ne ŋusẽ vɔ le ŋunye la, ekema megakpɔa ŋusẽ yeye.
11
Mewɔ movinu pɛ! Ke miawoe dɔm mewɔe, elabe miawoe wòle be miakafum hafi. Togbɔ be nyemeɖi naneke o hã la, amedɔdɔ deŋgɔ mawo menyo wum le go aɖeke me kura o.
12
Nukunu, dzesi kple ŋusẽdɔ geɖe, siwo mewɔ le mia dome dzigbɔɖeanyitɔe la, ɖo kpe edzi be amedɔdɔ akuakua menye vavã.
13
Nu nyui aɖe li, si mewɔ na hame bubuawo, hete miawo yaa? Menye eya koe nye be nyemezu agba na mi oa? Mitsɔ vodada sia kem.
14
Kpɔ ɖa, zi etɔ̃liae nye esi medzra ɖo be mava mia gbɔ. Nyemava nye agba na mi o, elabe nyemele miaƒe naneke dim o, negbe miawo ŋutɔ ko. Medze be viwo naƒo nu ƒu ada ɖi na wo dzilawo o, ke boŋ dzilawoe ƒoa nu ƒu dana ɖi na wo viwo.
15
Makpɔ dzidzɔ ŋutɔ be magblẽ nye ŋusẽ katã kple nye nuwo ɖe mia ta. Ne megalɔ̃ mi ɖe edzi geɖe wu la, nu ka ta miawo miaɖe miaƒe lɔlɔ̃ nam dzi akpɔtɔ?
16
Mina míatsɔe be nye ŋutɔ nyemenye agba na mi o. Ke ɖewohĩ miagblɔ be ayetɔe menye, eye meflu mi.
17
Meto ame siwo medɔ ɖo ɖe mi la dometɔ aɖe dzi ba mia?
18
Meɖe kuku na Tito be wòayi, eye medɔ nɔvi Kristotɔ la hã kpe ɖe eŋu ɖo ɖa. Tito va ba mia? Menye susu ɖeka koe le nye kple eya si, míetsɔ wɔ nu si míewɔ la oa? Menye mɔ ɖeka ko míeto oa?
19
Ke ɖe miele bubum le ɣeyiɣi siawo katã me be mía ɖokui ta ko ʋlim míele le mia gbɔa? Mele eme nenema o! Míele nu ƒom na mi, abe ale si Kristo adi be míaƒo nu na mi le Mawu ŋkume la ene. Lɔlɔ̃tɔwo, nu si ko míedi be míawɔ lae nye be míakpe ɖe mia ŋu, ne miatsi ɖe edzi.
20
Mevɔ̃ be ɖewohĩ ne meva mia gbɔ la, nyemava tu mi, mianɔ abe ale si medi be mianɔ la ene o. Nenema ke miawo hã miele kpɔ ye ge, abe ale si miedi be manɔ la ene o. Ɖewohĩ dzrewɔwɔ, ŋuʋaʋã, dɔmedzoedodo, ɖokuitɔdidi, ameŋugbegblẽ, ameŋunyagbɔgblɔ, dàda kple masɔmasɔ anɔ mia dome.
21
Megavɔ̃ hã be ne meva la, nye Mawu la abɔbɔm ɖe anyi le mia ŋkume, eye mafa konyi ɖe ame geɖe, siwo wɔ nuvɔ̃ abe nu makɔmakɔ wɔwɔ, ahasiwɔwɔ kple hadzedze ene, ke wometrɔ dzime o la nu.
← Chapter 11
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 13 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13