bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
2 Corinthians 3
2 Corinthians 3
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 2
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 4 →
1
Ɖe míegade asi mía ɖokui kafukafu me kea? Abe ale si wòle na ame aɖewo ene la, ɖe míehiã kafukafugbalẽ si míaxɔ tso mia gbɔ, alo atsɔ vɛ na mia?
2
Ao, miawo ŋutɔe nye míaƒe agbalẽ, si woŋlɔ ɖe miaƒe dziwo dzi, si ame sia ame nya, hexlẽna.
3
Edze ƒãa be Kristo ƒe agbalẽ mienye míexɔ vɛ. Menye nuŋlɔtsie wotsɔ ŋlɔe o, ke Mawu gbagbe la ƒe Gbɔgbɔe wotsɔ ŋlɔe. Gawu la, menye nuŋlɔkpe dzi woŋlɔ agbalẽ sia ɖo o, ke boŋ amegbetɔwo ƒe dziwo dzie.
4
Míate ŋu agblɔ esia, elabe le Kristo ta míeka ɖe Mawu dzi.
5
Le mía gome la, naneke mele míawo ŋutɔ si, si míatsɔ aƒo adegbee, be eya tae míete ŋu le dɔ sia wɔm o. Nu si na míete ŋu le dɔa wɔm la, Mawu gbɔe wòtso.
6
Eyae na nu sia nu si míehiã la mí, be míanye nubabla yeye la ƒe dɔlawo. Womeŋlɔ nubabla yeye sia ɖi o, Gbɔgbɔ la mee wòle. Nubabla si woŋlɔ ɖi la, wua ame, ke Gbɔgbɔ la ya naa agbe.
7
Esi Mose tsɔ se si woŋlɔ ɖe kpe dzi si nye ku ƒe dɔla vɛ la, se sia ƒe ŋutikɔkɔe sesẽ ale gbegbe be Israelviwo mete ŋu kpɔ Mose ƒe mo o. Eʋɔa ŋutikɔkɔe sia menɔ anyi ɖaa o.
8
Ne esia le eme alea ɖe, ɖe ŋutikɔkɔe si ado ne wona Gbɔgbɔa la, masesẽ wu esia boo oa?
9
Elabe ne ŋutikɔkɔe li na fɔbubu ƒe subɔsubɔdɔ la, ekema dzɔdzɔenyenye subɔsubɔdɔ la agba go geɖe wu le ŋutikɔkɔe me.
10
Le nyateƒe me la, nu si do kple ŋutikɔkɔe gbã la ƒe ŋutikɔkɔe la bu, elabe nu si va do azɔ ƒe ŋutikɔkɔe to gbãtɔ tɔ ŋu.
11
Ne ŋutikɔkɔe li na nu si klona la, ekema nu si le anyi ɖaa la ƒe ŋutikɔkɔe asesẽ wu sãa.
12
Mɔkpɔkpɔ siae le mía si ta dzi le mía ƒo.
13
Míawo ya míele abe Mose, ame si tsɔ motsyɔnu tsyɔ mo, ale be Israelviwo nagakpɔ keklẽ si le eƒe mo, si nu latsi la ene o.
14
Woƒe susu me gado viviti kokoko. Elabe va se ɖe egbe gɔ̃ hã la, ne woxlẽ mawunya tso Nubabla Xoxoa me la, motsyɔnu ma gale mo nɛ ko. Kristo me ko motsyɔnu sia ɖena ɖa le.
15
Le nyateƒe me la, nenye be woxlẽ Mose ƒe agbalẽawo na wo egbegbe gɔ̃ hã la, ɖeko wògawɔna abe ɖe wotsyɔ nu woƒe susu dzi ene.
16
Ke ne ame aɖe trɔ ɖe Aƒetɔ la ŋu la, motsyɔnu sia ɖena ɖa.
17
Azɔ la, Aƒetɔ lae nye Gbɔgbɔ la, eye afi si Aƒetɔ la ƒe Gbɔgbɔ le la, ablɔɖe hã le afi ma.
18
Ke woɖe motsyɔnu la ɖa le mo na mí katã, eye míele Aƒetɔ la ƒe ŋutikɔkɔe kpɔm abe ahũhɔ̃e me wòle ene. Wole mía trɔm ɖe eƒe nɔnɔme me, eye míaƒe ŋutikɔkɔe le dzidzim ɖe edzi. Aƒetɔ si nye Gbɔgbɔ lae le esia wɔm.
← Chapter 2
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 4 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13