bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
2 Corinthians 13
2 Corinthians 13
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 12
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
1
Zi etɔ̃liae nye esi megbɔna ɖe mia gbɔ. Mawunya gblɔ be, “Ne wotsɔ nya ɖe ame aɖe ŋu la, ele be ɖaseɖila eve, alo etɔ̃ nagblɔ be nya la le eme hafi woabu fɔ ame la.”
2
Esi meva mia gbɔ zi evelia la, megbe nya na ame siwo wɔ nuvɔ̃ tsã kple ame bubu ɖe sia ɖe. Fifia la, nyemegale mia gbɔ o, eye megale nya gbem na wo ake, elabe ne megava la, nyemagbe tohehe na wo o.
3
Esia nye kpeɖodzi si dim miele be yewoanya be Kristoe le nu ƒom to dzinye. Eya megbɔdzɔ le nu siwo wòwɔna kple mi la me o. Eƒe ŋusẽ le te le mia dome.
4
Esi woklãe ɖe ati ŋu la, egbɔdzɔ, ke Mawu ƒe ŋusẽ gbɔ agbee. Esi míewɔ ɖeka kpakplii la, míawo hã míegbɔdzɔ, ke Mawu ƒe ŋusẽ agbɔ agbe mí, ale be míawo hã míate ŋu awɔ nu si wòle be míawɔ kpakpli mi la.
5
Midzro mia ɖokui me kpɔ be miaƒe xɔse gale te mahã. Mido mia ɖokui kpɔ nyuie. Miekpɔe dze sii be Yesu Kristo le yewo me oa? Alo ɖe miedo mia ɖokui kpɔ, hekpɔ be yewomedze oa?
6
Mele mɔkpɔkpɔ me be miava nya be míawo ya míele te.
7
Ke míele kuku ɖem na Mawu be miagawɔ vɔ̃ aɖeke o. Menye bene míadzé, abe ame siwo wodo kpɔ hekpɔ be wole te la ene ta o. Míele gbe sia dom ɖa bene miawɔ nu si dze, togbɔ be edzé abe míaƒe dɔwɔna ɖe medze edzi o ene hã.
8
Elabe míate ŋu awɔ naneke atsi tre ɖe nyateƒe la ŋuti o, ke nu si míawɔ adoe ɖe ŋgɔ ko míawɔ.
9
Ne míawo míegbɔdzɔ, eye ŋusẽ ɖo miawo mia ŋu la, edzɔa dzi na mí. Ale míedoa gbe ɖa be miayi ŋgɔ ahade blibo.
10
Esia tae mele nu sia ŋlɔm na mi esime nyemele mia gbɔ o, ale be ne meva ɖo la, nye asi nagasẽ ɖe mia dzi akpa le ŋusẽ si Aƒetɔ la nam la ŋudɔwɔwɔ me o. Wona ŋusẽ siam be matsɔe akpe ɖe mia ŋui miatsi, ke menye be matsɔe agblẽ nui o.
11
Mlɔeba la, nɔvinyewo, minɔ anyi nyuie. Miɖɔ miaƒe agbenɔnɔ ɖo; miwɔ ɖe nye nuxlɔ̃amenya dzi; miaƒe tamesusu nesɔ; minɔ anyi le ŋutifafa me. Mawu si lɔ̃ amegbetɔ, eye wònaa ŋutifafa la, nenɔ kpli mi.
12
Mido gbe na mia nɔewo, eye ame sia ame nana asi nɔvia lɔlɔ̃tɔe. Ame siwo katã ŋu wokɔ la do gbe na mi.
13
Aƒetɔ Yesu Kristo neve mia nu, Mawu nelɔ̃ mi, eye Gbɔgbɔ Kɔkɔe nenɔ mi katã mia dome!
← Chapter 12
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13