bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
2 Corinthians 7
2 Corinthians 7
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 6
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 8 →
1
Nye lɔlɔ̃tɔwo, esi wodo nu siawo katã ŋugbe na mí ta la, mina míakɔ mía ɖokui ŋuti tso nu siwo katã ƒoa ɖi ŋutilã kple gbɔgbɔ siaa la me, ale be to mawuvɔvɔ̃ me la, míazu ame kɔkɔewo keŋkeŋ.
2
Mikɔ dzime ɖe mía ŋu. Míedze agɔ le ame aɖeke dzi o, míegblẽ ame aɖeke o; míeba ame aɖeke hã o.
3
Nyemegblɔ esia be mabu fɔ mi o. Abe ale si megblɔ ɣe aɖe ɣi va yi ene la, miaƒe nu lé dzi na mí ale gbegbe be ne edze ku dzi la, míaku kpli mi faa, eye ne egadze agbe dzi hã, míanɔ agbe kpli mi.
4
Meka ɖe mia dzi ŋutɔ. Metsɔa mi ƒoa adegbee ale gbegbe! Nye dzi dze eme. Le míaƒe fukpekpewo katã me la, dzi dzɔm kaka glo!
5
Esi míeva ɖo Makedonia kura gɔ̃ la, míekpɔ vovo le mía ɖokui me o. Míekpe fu le go sia go me. Amewo nɔ dzre wɔm kpli mí, eye míenɔ vɔvɔ̃m le mía ɖokui me.
6
Ke esime Tito va la, Mawu, ame si dea dzi ƒo na ame siwo ƒo dzi ɖe le la, de dzi ƒo na mí.
7
Menye eƒe vava ɖeɖe koe de dzi ƒo na mí o, ke boŋ dzideƒonya si wòxɔ tso mia gbɔ vɛ la hãe. Eva gblɔ ale si miedi vevie be yewoakpɔm, ale si miele nye nu xam kple ale si miele ŋudzɔ be yewoaʋli tanye la nam. Esia na be megakpɔ dzidzɔ geɖe wu tsã.
8
Elabe ne nye agbalẽa na miexa nu hã la, mevem be meŋlɔe o, elabe mede dzesii be nye agbalẽa na miese veve, togbɔ be wònye ɣeyiɣi kpui aɖe ko hã. Evɔ ne egavem hã,
9
fifia la, dzi dzɔm. Menye esi miese veve ta o, ke boŋ be miese veve hetrɔ dzime. Miese veve, abe ale si Mawu di la ene, eya ta meganye míawoe wɔ naneke si ve mi o.
10
Ne ame aɖe se veve, abe ale si Mawu di ene la, etrɔa dzime, eye woxɔnɛ ɖe agbe; mevenɛ o. Ke ne ame aɖe se veve, abe ale si xexea me di ene la, ku ko wòhena vanɛ.
11
Mikpɔ ale si vevesese sia tɔgbe, si Mawu di la, le dɔ wɔm le mia me la ɖa; enana be miedoa vevie nu wɔna; enana be miedina be yewoanɔ dzadzɛ; enana be miedoa dziku ɖe nu masɔmasɔ ŋu; enana be mievɔ̃na; enana be miekpɔa mɔ na nu vevie; enana be mietsɔa dzo ɖe nu ŋu; enana be miedina be woahe to na nu madzɔmadzɔ wɔla. Le nuwo katã me la, mieɖe mia ɖokui fia be miele dzadzɛ le nya la me.
12
Ale togbɔ be meŋlɔ agbalẽ na mi hã la, menye ame si wɔ nu madzɔmadzɔ la tae meŋlɔe ɖo o, eye menye ame si ŋu wowɔ nu madzɔmadzɔ la ɖo la hã tae o. Ke boŋ medi be maɖe ale si miedoa vevie nu ɖe mía teƒe la afia mi le Mawu ŋkume.
13
Esia koŋ tae dzi gaɖo mía ƒo ɖo. Ke hekpe ɖe dzideƒo si míekpɔ ŋu la, dzi gadzɔ mí geɖe wu le dzidzɔ si Tito kpɔ la ta, elabe mi katã miena eƒe dzi dze eme.
14
Metsɔ mi ƒo adegbee nɛ, eye miedo ŋukpem o. Ke abe ale si nya sia nya si míegblɔna na mi nye nyateƒe ene la, ale si metsɔ mi ƒo adegbee na Tito hã va nye nyateƒe.
15
Ne eɖo ŋku mi katã miaƒe toɖoɖo, bubu kple sosroɖa si mietsɔ xɔe la dzi la, miaƒe nu galéa dzi nɛ vevie ɖe edzi wu.
16
Dzi le dzɔyem ŋutɔ, elabe meɖo dzi ɖe mia ŋu le nu sia nu me.
← Chapter 6
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 8 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13