bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
2 Corinthians 9
2 Corinthians 9
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 8
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 10 →
1
Azɔ la, mekpɔ be mehiã kura be maŋlɔ agbalẽ na mi tso nunana si wòle be miana, be woatsɔ akpe ɖe ame siwo ŋu wokɔ la ŋu hafi o.
2
Menya ale si miele klalo be yewoana kpekpeɖeŋu lae. Metsɔ mi ƒo adegbee na Makedoniatɔwo be nɔvi siwo le Axaya la, le klalo le ƒe si va yi me ke be yewoana kpekpeɖeŋu. Ale miaƒe vevidodo nu sia de dzo wo dome ame akpa gãtɔ me.
3
Mele nɔvi siawo ɖom ɖe mi, ale be woakpɔ be ale si metsɔ mi le adegbe ƒomee na wo le nya sia me la, menye dzodzro o. Abe ale si megblɔnɛ na wo be miele ŋudzɔ ene la, minɔ ŋudzɔ nenema.
4
Ne menye nenema o la, ne nɔvi siwo le Makedonia la dometɔ aɖe va kplim, eye wòkpɔ be miele ŋudzɔ o la, ekema ŋu akpe mí; nyemedi be maƒo nu tso ŋu si akpe miawo ya ŋu o, elabe woabu be meka ɖe mia dzi fũu akpa.
5
Esia tae mebui be ehiã be maɖo nɔviawo ɖe mia gbɔ do ŋgɔ, ne woakpe ɖe mia ŋu be miadi nunana si ŋugbe miedo la ada ɖi. Ale be wòanye nu si miena kple lɔlɔ̃nu faa, ke menye ɖe wozi mia dzi hafi o.
6
Miɖo ŋku edzi be ame si ƒã nu ʋɛ aɖe la, nu ʋɛ aɖe ko wòaŋe, ke ame si ƒã nu geɖe la, aŋe nu geɖe.
7
Eya ta ame sia ame neʋu asi me, ne wòana nu faa, abe ale si wòɖoe la ene, ke menye kple dzi kpekpe o, elabe ame si naa nu kple dzidzɔ la, eyae Mawu lɔ̃na.
8
Mawu ate ŋu ana nu sia nu si miehiã la mi ɣe sia ɣi wòasɔ gbɔ wu ale si miehiã la gɔ̃, ale be nu si miehiã la nasu mia si, eye nu nagatsi anyi miana, be woatsɔ awɔ dɔ nyui ɖe sia ɖee.
9
Woŋlɔ ɖe mawunya me be, “Eʋua asi me maa nu na ame dahewo faa eƒe dɔmenyowɔwɔ li ɖaa.”
10
Mawu, ame si naa nuku agbledela wòƒãna, eye wònana be nukua dzina ɖe edzi, ale be agbledela kpɔa nuɖuɖu geɖe tsoa eme la, ana nu siwo le mia si la nadzi ɖe edzi zã, bene miatsɔ awɔ dɔmenyo geɖe.
11
Awɔe be nu nabɔ ɖe mia si fũu miatsɔ awɔ dɔmenyoe le nu sia nu me. Esia ana be ame bubuwo ada akpe na Mawu le nu si miena wo to mía dzi la ta.
12
Kpekpeɖeŋu si miena la, menye ɖeko wòana be ame siwo ŋuti wokɔ la nakpɔ woƒe nuhiahiãwo o, ke boŋ ana hã be ame geɖe ŋutɔ nada akpe na Mawu ale gbegbe.
13
Ne miedze agbagba na kpekpeɖeŋu sia la, amewo akafu Mawu be miexɔ Kristo ƒe Nyanyui la, eye mieɖo to eye be mienyo dɔme dzɔ nu na yewo kple ame bubuwo.
14
Esi wole mia susum vevie ta la, woado gbe ɖa ɖe mia ta, elabe Mawu ve mia nu ŋutɔ.
15
Akpe na Mawu le eƒe nunana si wu gbɔgblɔ la ta.
← Chapter 8
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 10 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13