bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
2 Corinthians 10
2 Corinthians 10
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 9
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 11 →
1
Nye Paulo ŋutɔ, metsɔ Kristo ƒe ɖokuibɔbɔ kple tufafa le nu xlɔ̃m mi. Nye ame si bɔbɔa ɖokuinye ne mele mia ŋkume, ke mewɔa nu dzideƒotɔe ne nyemele mia gbɔ o lae.
2
Taflatsɛ, ne meva la, nyemedi be maɖee afia be dzideƒo le asinye be meka ɖe ɖokuinye dzi o. Ke mia dome ame aɖewo bu be xexe sia me susu ko nu míewɔa nu ɖo. Ame siawo ya la, meɖoe be manyra ɖe wo vevie.
3
Le nyateƒe me la, togbɔ be xexea mee míele hã la, menye aʋa si tɔgbe wowɔna le xexe sia me lae míele wɔwɔm o.
4
Elabe aʋawɔnu siwo ŋudɔ wɔm míele la metso xexea me o; wotso Mawu gbɔ, eye wote ŋu gbãa mɔ́ sesẽwo gɔ̃ hã gudugudu.
5
Míegbãa alakpanya siwo amewo ʋlina kple nuwɔna ɖe sia ɖe si fia dada, eye wòxea mɔ be womadze si Mawu o la. Míeléa susu ɖe sia ɖe, abe ale si woléa ame siwo dzi woɖu le aʋa me la ene.
6
Azɔ ne mieɖe asi le mia ɖokui ŋu bliboe heɖo to la, ekema míele ŋudzɔ be míahe to na ame siwo katã sẽa to la.
7
Milé ŋku ɖe nu siwo le dzedzem le mia ŋkume la ŋu. Ne ame aɖe ka ɖe edzi be Kristo tɔe yenye la, neɖo ŋku edzi be, abe ale si ye hã yenye Kristo tɔ ene la, nenema ke míawo hã míenye Kristo tɔwoe.
8
Elabe ne maƒo adegbe vie wu ale si dze, le ŋusẽ si Aƒetɔ la na mí be míatsɔ anyi mi ne miatsi, ke menye be míatsɔ agblẽ nu le mia ŋu o ŋuti gɔ̃ hã la, ŋu makpem o.
9
Nyemedi be wòadzé na mi abe ŋɔdzi dom mele na mi kple nye agbalẽwo ene o.
10
Elabe wogblɔ be, “Paulo ƒe agbalẽwo ɖea kpe ŋutɔ, eye ŋusẽ le wo ŋu. Evɔ ne ele ame gbɔ la, ŋusẽ aɖeke mele eya ŋutɔ ŋu o, eye eƒe nyawo hã mele ɖeke me o.”
11
Eme nekɔ na ame siawo tɔgbe be nu siwo míeŋlɔna ɖe agbalẽ me ɖona ɖe ame le afi aɖe la, woawo dzie míewɔna le amea gbɔ.
12
Medzro mí be míabu mía ɖokui ade ameha aɖeke me loo, alo atsɔ mía ɖokui asɔ kple ame siwo kafua wo ɖokui la dometɔ aɖeke o. Ke nenye be wole ta sɔm kple wo nɔewo le nuwɔna me, eye wole wo ɖokui sɔm kpɔ kple wo nɔewo la, esia fia be womese nu gɔme o.
13
Ke míawo la, míaƒo adegbe wòagbɔ liƒo dzi o, ke boŋ míase ɖe afi si Mawu ɖo na mí la, eye dɔ si míewɔ le mia dome hã le eme.
14
Míawoe nye ame gbãtɔ siwo zɔ ʋuu tsɔ Kristo ƒe Nyanyui la vɛ na mi. Eya ta ne míele nu ƒom le mia ŋuti la, míegbɔ liƒo dzi o, elabe míewɔ dɔ va ɖo mia gbɔ.
15
Ale míeƒoa adegbe wògbɔa liƒo dzi, gena ɖe ame bubuwo ƒe dɔwɔwɔ me o. Le esia teƒe la, míaƒe mɔkpɔkpɔe nye be miaƒe xɔse nadzi ɖe edzi, eye dɔ si wɔm míele le mia dome la nakeke ta.
16
Ale be míate ŋu agblɔ Nyanyui la agbɔ mia ŋu ayi ɖe dukɔ bubuwo hã me, eye magahiã be míaƒo adegbe le dɔ si ame aɖewo wɔ xoxo le teƒe mawo la ŋu o.
17
Mawunya gblɔ be, “Ne ame aɖe di be yeaƒo adegbe la, neƒo adegbe tso Aƒetɔ la ŋu.”
18
Elabe menye ame si kafua eɖokui lae nye ame ɖɔʋu o, ke ame si Mawu kafuna la boŋ ye.
← Chapter 9
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 11 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13