bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
2 Corinthians 8
2 Corinthians 8
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 7
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 9 →
1
Nɔviwo, míedi be mianya nu si Mawu ve hame siwo le Makedonia la nu wote ŋu wɔ la.
2
Wote wo kpɔ le fukpekpe sesẽ me. Togbɔ be woda ahe ŋutɔ hã la, wokɔ dzime na nu geɖe kple dzidzɔ.
3
Mate ŋu aɖi ɖase be wotsɔ woawo ŋutɔ ƒe lɔlɔ̃nu na nu faa le woƒe ŋutete nu. Megblɔ be wona nu wu woƒe ŋutete gɔ̃.
4
Woɖe kuku vevie be míaɖe mɔ na yewo be yewo hã yewoakpɔ gome le subɔsubɔdɔ si wɔm míele na ame siwo ŋu wokɔ la me.
5
Míekpɔ mɔ na esia kura hafi o. Gbã la, woɖe asi le wo ɖokui ŋu na Aƒetɔ la, eye emegbe to Mawu ƒe lɔlɔ̃nu me la, woɖe asi le wo ɖokui ŋu na míawo hã.
6
Le esia ta, míebia tso Tito si vevie be esi wove enu, wòdze dɔ sia wɔwɔ gɔme le mia dome xoxo ta la, neyi edzi ne wòawɔe awu enu.
7
Fifia la, miede blibo keŋ le nu sia nu me. Miaƒe xɔse, nuƒoƒo kple nunya de blibo. Miedoa vevie nu le nu sia nu me, eye mielɔ̃ mí ŋutɔ. Esia ta mikpɔ egbɔ be yewozu blibo le amenuvedɔ sia hã me.
8
Nyemele esia gblɔm abe sedede ene o, ke matsɔ ame bubuwo ƒe vevidodo aɖo mia ŋkume ne makpɔe ɖa be miawo hã miaƒe lɔlɔ̃ de blibo mahã.
9
Mienya ale si mía Aƒetɔ Yesu Kristo ve mía nui. Kesinɔtɔ wònye hafi, ke le mia ta la, eva da ahe, ale be miawo miato eƒe ahedada me ava zu kesinɔtɔwo.
10
Mele aɖaŋu ɖom na mi le nya sia me be anyo ne miawu dɔ si gɔme miedze le ƒe si va yi me la nu. Miawoe nye hame gbãtɔ, si di be yeawɔ dɔ sia, eye miawoe dze egɔme gbã hã.
11
Fifia la, ele be miawu dɔ si gɔme miedze la nu. Ale si wònye miaƒe didi vevie le ɣe ma ɣi me be yewoawɔ dɔ sia la, mitsɔ nu siwo le mia si la wɔe wu enui.
12
Elabe ne enye ame aɖe ƒe didi vevie be yeana nu la, nu si wòna lae Mawu xɔna, ke menye nu si mele esi o la o.
13
Menye ɖe mele gbɔgblɔm be ele be miawɔ ame bubuwo ƒe agba wòazu wodzoe, ke miawo ya mia tɔ nagakpe ɖe dzi o.
14
Ke be nuwo nasɔ la, ele be woakpɔ gome le nu siwo sɔ gbɔ ɖe mia si fifia la me, elabe hiã tu wo, ale be ne hiã va tu miawo hã emegbe la, miakpɔ gome le nu siwo sɔ gbɔ ɖe woawo hã wo si la me. Ale nu sia nu asɔ pɛ le go sia go me.
15
Woŋlɔ ɖe mawunya me be, “Ame si ƒo nu geɖe nu ƒu la, nu geɖe menɔa esi o. Ame si ƒo nu ʋɛ aɖe nu ƒu la, nu mehiãnɛ o.”
16
Ke akpe ko míada na Mawu be wòna Tito hã do vevie be yeakpe ɖe mia ŋu abe míawo ke ene.
17
Esi míedi tso esi be wòava mia gbɔ la, elɔ̃; ke enye eya ŋutɔ ƒe didi vevie xoxo be yeava.
18
Míele eya kple nɔvi si hameawo katã kafuna, le ale si wòkakaa Nyanyui lae ta la, ɖom ɖe mi.
19
Hekpe ɖe esia ŋu la, hameawo tiae be wòazɔ mɔ kpli mí hena amenuvedɔ sia wɔwɔ. Dɔ sia la, ɖe míele ewɔm be woatsɔ akafu Aƒetɔ lae, eye míatsɔ aɖe ale si míedi vevie be míawɔe la afia.
20
Míelé mía ɖokui nyuie, ale be ame aɖeke nagahe nya ɖe mía ŋu le ale si míewɔ nunana sia, si wona kple dzi faa la ŋudɔe o.
21
Elabe míaƒe taɖodzinue nye be míawɔ nu si nyo le Mawu kple amegbetɔwo siaa ŋkume.
22
Ale míele mía nɔvi sia ɖom ɖa kpe ɖe wo ŋu. Míedoe kpɔ zi geɖe, eye míekpɔ be enye ame si doa vevie nu le nu geɖe me. Gawu la, exɔ mia dzi se azɔ ŋutɔ, eya ta wògadi vevie wu be yeakpe ɖe mia ŋu.
23
Le Tito gome la, enye xɔ̃nye kple hadɔwɔla le subɔsubɔdɔ si wɔm míele na mi la me. Le mía nɔvi bubuawo gome la, hameawo ƒe dɔlawo wonye, eye wodea bubu Kristo ŋu.
24
Eya ta miɖe miaƒe lɔlɔ̃ kple ale si míetsɔa mi ƒoa adegbee la fia ame siawo, ale be hameawo katã nanya.
← Chapter 7
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 9 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13