bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Zechariah 1
Zechariah 1
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 2 →
1
Le Dario ƒe ƒè evelia me, le ɣleti enyilia dzi la, Aƒetɔ de gbe asi na gbeƒãɖela Zaxarya Berexya vi, ame si nye Ido ƒe tɔgbuiyɔvi be:
2
“Aƒetɔ do dziku ɖe mia tɔgbuiwo ŋu vevie
3
Eya ta gblɔ na wo be, Aƒetɔ Aʋakɔwokplɔla la be: Mitrɔ va gbɔnye, Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla lae gblɔe, eye nye hã matrɔ ɖe mia ŋu. Aƒetɔ Aʋakɔwokplɔla lae gblɔe.
4
Miganɔ abe mia tɔgbuiwo ene o. Woawo la, blema gbeƒãɖelawo ɖe gbeƒã kple ɣli na wo be: Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla la be: Mitrɔ tso miaƒe mɔ vɔ̃ɖiwo dzi kple miaƒe nuvɔ̃ɖi wɔwɔwo me! Ke womesee loo, alo ɖo tom o.
5
Afi ka mia tɔgbuiwo le fifia? Gbeƒãɖelawo ɖe, wole agbe tegbetegbeea?
6
Ke nye nya kple ɖoɖo siwo mede asi na nye dɔla gbeƒãɖelawo la, ɖe womewɔ dɔ ɖe mia tɔgbuiwo dzi oa? Ale wotrɔ dzime gblɔ be: Ale si Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla la, ɖo be yeahe to na mí ɖe miaƒe zɔzɔme kple nuwɔna nui la, nenemae wòwɔ míi.”
7
Esime Dario, Berexya vi, ƒe dziɖuɖu ɖo ƒè evelia me, le ɣleti wui ɖekɛlia, si woyɔna be Sebat, ƒe ŋkeke bla eve vɔ enelia gbe la, Aƒetɔ ƒo nu na Zaxarya, Berexya vi, ame si nye Ido ƒe tɔgbuiyɔvi. Zaxarya be:
8
“Mekpɔ nane le ŋutega me le zã me. Kpɔ ɖa, ŋutsu aɖe ye; enɔ sɔ dzĩ aɖe dom. Etɔ ɖe gbemiti aɖewo dome le bali me, eye sɔ bubuwo nɔ eyome. Ðewo nɔ dzĩe, ɖewo nɔ hẽe, eye ɖewo hã nɔ ɣie.
9
Tete mebiae be: ‘Nye aƒetɔ, nu kawoe nye esiawo?’ Mawudɔla si ƒo nu kplim la gblɔ nam be: ‘Maɖe nu si wonye la afia wò.’
10
Ale ŋutsu si tɔ ɖe gbemitiawo dome la ɖo eŋu be: Woawoe nye ame siwo Aƒetɔ ɖo ɖa be woaɖatsa le anyigba la dzi.
11
Woɖo eŋu na Aƒetɔ ƒe dɔla si tɔ ɖe gbemitiawo dome la be: ‘Míetsa le anyigba la dzi, eye kpɔ ɖa, anyigba blibo la kpɔ gbɔdzɔe.’
12
Tete Aƒetɔ ƒe dɔla gblɔ be: ‘Ao, Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla, va se ɖe ɣe ka ɣi nàgbe nublanuikpɔkpɔ na Yerusalem kple Yuda du siwo ŋu nèdo dziku ɖo ƒe bla adrẽ sɔŋ?
13
Ale Aƒetɔ gblɔ amenuvenya kple akɔfanyawo na mawudɔla si ƒo nu kplim la.
14
Ale mawudɔla si ƒo nu kplim la gblɔ nam be: Ɖe gbeƒã sesĩe nàgblɔ be: Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla be, meʋã ŋu ɖe Yerusalem kple Zion nu vevie ŋutɔ.
15
Dzi kum vevie ɖe dukɔ siwo li bɔkɔɔ la ŋu, elabe esi medo dziku vie ko la, woawo gblẽ nu ɖe edzi.
16
Eya ta Aƒetɔ be, Metsɔ dɔmetɔtrɔ gbɔ va Yerusalem; woatso nye aƒe ɖe eme, eye woada nudzidzeka ɖe Yerusalem ŋu. Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla lae gblɔe.
17
Gaɖe gbeƒã sesĩe ake be, Aƒetɔ Aʋakɔwokplɔla be: Nu nyui agagba go ɖe nye duwo me, eye Aƒetɔ agafa akɔ na Zion, eye woagatia Yerusalem.’ ”
18
Tete mefɔ mo dzi, eye kpɔ ɖa, mekpɔ lãdzo ene.
19
Mebia mawudɔla si nɔ nu ƒom kplim la be: “Nu kawoe nye esiawo?” Eɖo eŋu nam be: “Woawoe nye dzo siwo kaka Yuda, Israel kple Yerusalem.”
20
Tete Aƒetɔ ɖe gbede ene fiam.
21
Mebia be: “Nu ka wɔ ge ame siawo va?” Eɖo eŋu be: “Esiawoe nye dzo siwo kaka Yuda ale be ame aɖeke megafɔ ta dzi o, eye esiawo va be yewoado ŋɔdzi na wo, ale be woatutu dukɔ siwo kɔ woƒe dzowo dzi ɖe Yuda-nyigba ŋu be yewoakakae la.”
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 2 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14