bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Zechariah 13
Zechariah 13
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 12
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 14 →
1
Aƒetɔ be: “Gbe ma gbe la, tsidzidzi nu aʋu na David ƒe aƒe kple Yerusalemnɔlawo be wòaklɔ woƒe nuvɔ̃ kple makɔmakɔnyenye ɖa le wo ŋu.
2
“Gbe ma gbe la, matsrɔ̃ legbawo le anyigba dzi eye ɖeke ƒe ŋkɔ magava tame na ame azɔ o. Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla lae le gblɔm. Maɖe gbeƒãɖelawo kple gbɔgbɔ makɔmakɔwo ɖa le anyigba la dzi.
3
Ne ame aɖe gado be gbeƒãɖela yenye la, tɔ́a kple nɔa, siwo dzii la, agblɔ nɛ be, ‘Mànɔ agbe o elabe èle alakpanya gblɔm le Aƒetɔ ŋkɔ me.’ Ne eɖe gbeƒã la, edzilawo ŋutɔ aƒo nu ɖee wòaku.
4
Gbe ma gbe la, gbeƒãɖela ɖe sia ɖe si aɖe gbeƒã le eƒe ŋutega ŋu la, ŋu akpee. Ðeke magado lãfuwu atsɔ flu amee azɔ o,
5
ke boŋ agblɔ be, ‘Nyemenye gbeƒãɖela o; agbledelae menye. Agble koe medena tso ɖevime ke.’
6
Azɔ ne ame aɖe biae be, ‘Nu ka ƒe abie le medome na wò?’ la, aɖo eŋu be, ‘Xɔ̃nyewo ƒe aƒemee mexɔ abia le.’ ”
7
“Yí, nyɔ ne nàtso ɖe nye lãkplɔla ŋu, ɖe ŋutsu si tsi tre ɖe gbɔnye la ŋu,” Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla lae gblɔe. “Dza lãkplɔvi la, ne alẽawo naka ahlẽ; matrɔ asi le suetɔwo ŋu.
8
Aƒetɔ be: Woatsrɔ̃ etɔ̃liawo ƒe eve le anyigba blibo la dzi, eye woagblẽ etɔ̃liawo ƒe ɖeka ɖi wòatsi agbe.
9
Matsɔ etɔ̃liawo ƒe ɖeka sia ade dzo me, alólo wo abe ale si wolóloa klosaloe ene; mado wo akpɔ abe ale si wodoa sika kpɔ ene. Woayɔ nye ŋkɔ, eye matɔ na wo. Magblɔ be: ‘Woawoe nye nye dukɔ.’ eye woawo agblɔ be: ‘Aƒetɔ ye nye nye Mawu.’ ‘Aƒetɔ ye nye nye Mawu.’ ”
← Chapter 12
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 14 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14