bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Zechariah 9
Zechariah 9
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 8
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 10 →
1
Aƒetɔ ƒe nya tsi tre ɖe Xadra-nyigba ŋu, eye wòava dzudzɔ ɖe Damasko dzi. Elabe Aram-duwo nye Aƒetɔ tɔ abe Israel-toawo katã gɔ̃ hã ene.
2
Xamat hã do liƒo kplii; Tiro kple Sidon, siwo nya nu ŋutɔ hã.
3
Tiro tu mɔ́ sesẽ na eɖokui, eli kɔ klosalo ɖi gleglegle abe ʋuʋudedi ene, sika abe ba le ablɔwo me ene.
4
Ke kpɔ ɖa, aƒetɔ la axɔ eƒe nunɔamesiwo le esi, atsɔ eƒe nukpɔkpɔwo aƒu gbe ɖe atsiaƒu me, eye dzo afiãe.
5
Askalon akpɔe, eye vɔvɔ̃ aɖoe; Gaza hã akpɔe, eye wòatro, aɖu aɖukli. Ekron hã, eƒe mɔkpɔkpɔ bu, gbɔgblɔ bu ɖee. Fia atsrɔ̃ le Gaza; ame maganɔ Askalon o.
6
Ame tsakatsakawo anɔ Asdod, eye matsi Filistitɔwo ƒe dàda nu.
7
Maɖe eƒe ʋu ɖa tso eƒe nu me, kple eƒe ŋunyɔnu ɖa tso eƒe aɖutame; eya hã anye nu si asusɔ na mía Mawu la anɔ abe Yuda ƒe hlɔ̃ ɖeka ene eye Ekron anɔ abe Yebusitɔwo ene.
8
Ekema maƒu asaɖa anyi abe dzɔla ene, ɖe nye aƒe ŋu, ale be ame aɖeke manɔ yiyim anɔ gbɔgbɔm o; ameteɖeanyila aɖeke magazɔ wo dzi azɔ o.
9
Zion vinyɔnu, tso aseye vevie! Yerusalem vinyɔnu, do ɣli sesĩe! Kpɔ ɖa, wò fia gbɔna gbɔwò. Dziɖula si ƒe alɔ de dzi kple ɖokuibɔbɔla si do tedzi la wònye. Ele tedzinɔ ƒe vi dzi.
10
“Maɖe tasiaɖam ɖa le Efrayim; maɖe sɔwo ɖa le Yerusalem eye aʋadedatiwo atsrɔ̃. Aɖe gbe be ŋutifafa nenɔ dukɔwo dome; eƒe dziɖuɖu atso atsiaƒu nu ayi atsiaƒu nu. Atso tɔsisi la nu yi ɖase anyigba ƒe mlɔenu ke.”
11
“Ke wò hã, le nu, si mebla kpli wò, tsɔ ʋu ɖo kpe edzii ta la, maɖe ga wò gamenɔlawo tso tsivudo ƒuƒlu la me.
12
Mitrɔ va azɔ, mi gamenɔla mɔkpɔlawo. Mitrɔ gbɔ va miaƒe mɔ́ sesẽwo me. Mele gbeƒã ɖem egbea be: Maɖo miaƒe fukpekpewo teƒe na mi, zigbɔzi eve.
13
Elabe mehe Yuda abe dati ene, eye mewɔ Efrayim wònye eƒe aŋutrɔ. Zion, manyè viwò ŋutsuwo abe yi ene eye made adã tame na viwòwo ɖe Helaviwo ŋu, eye nada wò abe kalẽtɔ ƒe yi ene.
14
Aƒetɔ ado ɖe wo tame eye wòada eƒe aŋutrɔwo woazɔ abe dzikedzo ene. Aƒetɔ Mawu aku kpẽ eye wòanɔ anyigbemeyali me ava yi.
15
Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla la akpɔ wo ta, eye wòavuvu akafodalawo, anya avuzi le wo dzi. Woano woƒe ʋu abe wain ene, woaɖi ƒo abe tre ene eye woaƒo ʋu abe vɔsamlekpui ƒe dzogoewo ene.
16
Gbe ma gbe la, Aƒetɔ, woƒe Mawu la axɔ na wo elabe wonye eƒe dukɔ la ƒe alẽha. Elabe woaklẽ le eƒe anyigba dzi abe kpe xɔasiwo le fiakuku ŋu ene.
17
Anyigba la anyo anyakpɔ loo! Bli ana ɖekakpuiwo akpɔ lã me, eye aha yeye ana ɖetugbiwo nanyakpɔ.
← Chapter 8
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 10 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14