bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Zechariah 2
Zechariah 2
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 1
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 3 →
1
Tete mefɔ mo dzi, eye kpɔ ɖa, mekpɔ ŋutsu aɖe si lé nudzidzeka ɖe asi.
2
Mebiae be: “Afi ka yim nèle?” Eɖo eŋu nam be: “Meyina Yerusalem dzidze ge ne manya eƒe kekeme kple didime.”
3
Tete mekpɔ be mawudɔla si nɔ nu ƒom kplim la do, zɔ yi ŋgɔ, eye mawudɔla bubu do va ŋgɔ va kpee.
4
Egblɔ nɛ be: “Ƒu du yi ɖagblɔ na ɖekakpuivi ma be gli magaƒo xlã Yerusalem azɔ o, ke boŋ anɔ abe kɔƒe ene elabe dua me nɔlawo kple lãhawo asɔ gbɔ wu dua.
5
Elabe manye glikpɔ si anye dzo aƒo xlãe, Aƒetɔ lae gblɔe, eye manye atsyɔ̃ anɔ eme.”
6
Hee! Hee! Misí tso dzigbemenyigba dzi, Aƒetɔ lae gblɔe, elabe mekaka mi ɖe gbeta abe dziƒo ƒe ya eneawo ene.
7
Hee! Misí yi Zion, mi ame siwo le Babilon vinyɔnu gbɔ.
8
Elabe Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla la be bubu tae wodɔm ɖe dukɔ si ha mi la gbɔ, elabe ame si ka asi mia ŋu la ka asi eƒe ŋkuvi ŋu.
9
Kpɔ ɖa, maʋuʋu asi ɖe wo, eye woatrɔ zu nuhaha na ame siwo subɔ wo la. Ekema mianyae be Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla lae dɔm ɖa.
10
Aƒetɔ be: “Wò Zion vinyɔnu, dzi ha, eye tso aseye elabe megbɔna be manɔ dowòme!”
11
Ɣe ma ɣi la, dukɔ geɖewo ava ku ɖe Aƒetɔ ŋu azu nye dukɔ. Manɔ dowòme, eye nànya be Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla lae dɔm ɖe gbɔwò.
12
Aƒetɔ anyi Yuda ƒe dome le anyigba kɔkɔe la dzi, eye wòagatia Yerusalem.
13
Ŋutilãwo katã nezi ɖoɖoe toŋ le Aƒetɔ ŋkume, elabe edo tso eƒe nɔƒe kɔkɔe la gbɔna.
← Chapter 1
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 3 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14