bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Zechariah 10
Zechariah 10
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 9
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 11 →
1
Mibia tsidzadza Aƒetɔ le edzaɣi le adame; tso Aƒetɔ ame si wɔa ahomlilikpowo, ame si nana be agbafie wɔna na amegbetɔwo eye gbe wɔna na ame sia ame le gbedzi la gbɔ.
2
Elabe aklama kpakpɛwo ƒoa nu susu manɔmee eye bokɔwo kpɔa alakpanu; drɔ̃ekulawo lĩa aʋatsodrɔ̃ewo eye wofaa akɔ dzodzro. Eya ta dukɔ la le tsa glãla tsam abe alẽwo ene. Wowɔa funyafunya wo elabe kplɔla mele wo si o.
3
Nye dziku lé dzo ɖe alẽkplɔlawo ŋu eye mahe to na kplɔlawo elabe Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla la tsɔ le eme na Yuda, eƒe alẽha eye woatsɔ wo awɔ eƒe sɔ sesẽ siwo dzi wòada ɖo le aʋa me.
4
Woawo domee dzogoedzikpe, agbadɔtsyoti, aʋadedati kple dziɖula ɖe sia ɖe ado tso.
5
Woaƒo ƒu anɔ abe ŋusẽtɔwo ene le aʋa me; woafanya futɔwo ɖe ba me le ablɔwo dzi. Woawɔ aʋa, elabe Aƒetɔ li kpli wo, eye sɔdolawo aɖu ŋukpe.
6
“Mado ŋusẽ Yuda ƒe aƒe la, eye maxɔ na Yosef ƒe aƒe. Makplɔ wo agbɔe, elabe nye dɔme trɔ ɖe wo ŋu, eye woanɔ abe ɖe nyemegbe wo o ene, elabe nyee nye Aƒetɔ, woƒe Mawu la, eye matɔ na wo.
7
Ekema Efrayim azu abe aʋawɔla ŋusẽtɔ ene, eye woanɔ dzidzɔ kpɔm abe wainnolawo ene. Wo viwo akpɔe, eye woatso aseye, eye woakpɔ dzidzɔ ɖe Aƒetɔ ŋu.
8
“Mala aku ayɔ wo aƒo ƒui. Elabe meɖe wo, eye woagadzi asɔ gbɔ fũu abe tsã ene.
9
Togbɔ be mekaka wo hlẽ ɖe dukɔwo dome hã, afi ka ke wole o, woaɖo ŋku dzinye. Woawo kple wo viwo woatsi agbe atrɔ gbɔ.
10
Makplɔ wo va aƒee tso Egipte-nyigba dzi, eye maƒo wo ƒu tso Asiria. Makplɔ wo va Gilead kple Lebanon-nyigba dzi, va se ɖe esime teƒe magatu wo o.
11
Woato Egipte-ƒu me eye woaŋe ƒua ƒe ƒutsotsoewo, ale be Nil-tɔsisi ƒe gogloƒewo katã amie. Woabɔbɔ Asiria ƒe dàda la ɖe anyi, eye Egipte ƒe fiatikplɔ ate ɖa.
12
Mana woakpɔ ŋusẽ le Aƒetɔ me, eye woade bubu eŋkɔ ŋu.” Aƒetɔ lae gblɔe.
← Chapter 9
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 11 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14