bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Zechariah 4
Zechariah 4
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 3
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 5 →
1
Tete mawudɔla si ƒo nu kplim la trɔ gbɔ va ʋuʋum abe ale si wonyɔa ame tso alɔ̃ me ene.
2
Ebiam be: “Nu kae nye esi kpɔm nèle?” Meɖo eŋu be: “Akaɖiti si wotsɔ sika ɖeɖe wɔ lae. Amigba le etame. Akaɖi adrẽ le akaɖiti la dzi, eye akaɖimekadeƒe adrẽ le akaɖiawo dometɔ ɖe sia ɖe ŋu.
3
Akaɖiti la le amiti eve dome; ɖeka le eƒe ɖusime, eye evelia le eƒe miame.”
4
Mebia mawudɔla si ƒo nu kplim la be: “Nu siawo gɔme ɖe, nye aƒetɔ?”
5
Tete mawudɔla si ƒo nu kplim la biam be: “Mèse wo gɔme oa?” Meɖo eŋu be: “Kpao, nye Aƒetɔ, nyemese wo gɔme o.”
6
Mawudɔla la gblɔ nam be mayi ɖagblɔ na Zerubabel be Aƒetɔ be: “Èle dzi ɖu ge, manye to aʋakɔ dzi alo to wò ŋutɔ wò ŋusẽ me o; ke boŋ to nye gbɔgbɔ dzi. Nye Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla lae gblɔe.
7
Azɔ wò to kɔkɔ, nu ka nènye? Àzu gbadzaƒe le Zerubabel ŋgɔ. Aɖe kpe si le tawò me ke la vɛ, eye ɣli aɖi hoo be: ‘Enyakpɔ loo! Enyakpɔ loo!’ ”
8
Aƒetɔ gagblɔ nya bubu nam be mayi ɖagblɔ.
9
Ebe: “Zerubabel ye ɖo gbedoxɔ sia gɔme anyi; eyae atui awu enu hã. Ne esia va eme la, nye dukɔ adze sii be nye Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla lae dɔ wò ɖe wo gbɔ vavã.
10
Mawudɔla la gblɔ nam be: “Akaɖi adrẽ siawo nye Aƒetɔ ƒe ŋku adrẽ siwo le afi sia afi kpɔm le xexea me katã.” Eve wo be nuwo mele abe ale si wokpɔ mɔ be woanɔ la ene o, elabe dɔ sue aɖe ko wowɔ. Ke woakpɔ Zerubabel wòanɔ gbedoxɔa tum ayi edzi, eye dzi adzɔ wo.”
11
Tete mebiae be: “Amiti eve siwo le akaɖiti la ƒe ɖusime kple miame la ya gɔme ɖe?”
12
Megabiae be: “Amiti la ƒe alɔdze eve ma siwo le sikato eveawo xa, eye ami sina toa wo me la hã gɔme ɖe?”
13
Ebiam be: “Mèse wo gɔme oa?” Meɖo eŋu be: “Nye amegã, nyemese wo gɔme o.”
14
Tete wògblɔ nam be: “Woawoe nye ame eve siwo wotia hesi ami na, eye wole tsitre ɖe anyigba blibo la ƒe Aƒetɔ ŋkume.”
← Chapter 3
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 5 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14