bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Zechariah 5
Zechariah 5
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 4
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 6 →
1
Megafɔ mo dzi, eye kpɔ ɖa, mekpɔ agbalẽ aɖe si le dzodzom le ya me.
2
Tete mawudɔla la biam be: “Nu kae nye esia?” Meɖo eŋu be: “Agbalẽ aɖee. Ele dzodzom le ya me. Edidi meta asieke eye wòkeke meta ene kple afã.”
3
Tete wògblɔ nam be: “Woŋlɔ ale si woƒo fi de anyigba bliboa la ɖe edzi, elabe fiafi ɖe sia ɖe atsrɔ̃ le anyigba la dzi le eƒe ŋɔŋlɔa nu, eye atam dzodzro kala ɖe sia ɖe atsrɔ̃ le eƒe ŋɔŋlɔa nu.
4
Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla la be: Madɔ fiƒode ɖo ɖe fiafitɔ kple atam dzodzro kala ɖe sia ɖe ƒe aƒeme le nye ŋkɔ me. Anɔ aƒea me va se ɖe esime wòafiã ati kple kpewo.”
5
Mawudɔla si ƒo nu kplim la gado va eye wògblɔ nam be: “Fɔ mo dzi nàkpɔ nu si do gbɔna.”
6
Mebiae be: “Nu kae nye esia?” Eɖo eŋu nam be: “Nudogbae do gbɔna. Esia nye woƒe nuvɔ̃ le anyigba blibo la dzi.”
7
Kpɔ ɖa, nutuvi si wowɔ kple tsumi la le kusia nu. Esi menɔ ekpɔm la, nutuvi la ʋu, eye mekpɔ nyɔnu aɖe wònɔ anyi ɖe nudogba la me.
8
Mawudɔla la gblɔ nam be: “Nyɔnu sia nye vɔɖivɔ̃ɖi ƒe dzesi.” Azɔ la, etu asii ƒu agbaa me hehe nutuvia tu enu.
9
Tete mefɔ mo dzi, eye kpɔ ɖa, mekpɔ nyɔnu eve siwo aʋala li na abe damixe ene; ya ɖo aʋala me na wo, eye wodzo gbɔna. Wova kɔ nudogba la hedzò yi ya me kplii.
10
Mebia mawudɔla la be: “Afi ka wokɔ nudogba la yinae?”
11
Eɖo eŋu be: “Wokɔe yina Sinear, afi si woaɖatu gbedoxɔ nɛ ɖo. Ne wotui vɔ la, woatsɔe adro ɖe enɔƒe le afi ma.
← Chapter 4
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 6 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14